INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • nwt 1 Timoteo 1:1-6:21
  • 1 Timoteo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 1 Timoteo
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
1 Timoteo

AGBALẼ GBÃTƆ NA TIMOTEO

1 Paulo, Kristo Yesu ƒe apostolo, le Mawu mía Xɔla kple Kristo Yesu míaƒe mɔkpɔkpɔ la ƒe sedede nu,+ 2 le esia ŋlɔm na Timoteo,*+ vinye vavã+ le xɔse la me:

Amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa si tso Mawu Fofo la kple Kristo Yesu, mía Aƒetɔ gbɔ la, nanɔ kpli wò.

3 Ale si ko mede dzi ƒo na wò be nànɔ Efeso esime menɔ Makedonia mɔ dzem la, nenema kee mele dzi dem ƒo na wò fifia hã be nàde se na ame aɖewo be, woaganɔ nu bubu fiam o, 4 eye be woagalé to ɖe gliwo+ kple dzidzimewo xexlẽ fia ŋuti o. Nu mawo meɖea vi aɖeke o,+ ɖeko wonana amewo susua nyawo gblɔna le esi teƒe be woana amewo nanya nane si ado ŋusẽ wo le Mawu dzi xɔxɔ se me. 5 Le nyateƒe me la, taɖodzinu si le mɔfiame sia ŋue nye be, lɔlɔ̃+ si tso dzi dzadzɛ kple dzitsinya nyui kpakple xɔse+ si me alakpa mele o la me nasu mía si. 6 Esi ame aɖewo tra tso nu siawo gbɔ ta la, wotrɔ ɖe nu kpoloe ƒoƒo si meɖea vi aɖeke o ŋu.+ 7 Wodi be yewoanye sefialawo,+ evɔ womesea nya siwo gblɔm wole alo nu siwo dzi wotea tɔ ɖo vevie la gɔme o.

8 Ke míenyae be Se la nyo, nenye be ame wɔa eŋu dɔ ale si dze, 9 eye wònyae be menye ame dzɔdzɔe tae wodea se ɖo o, ke ame siwo tae wodenɛ ɖoe nye sedzidalawo+ kple aglãdzelawo, ame mavɔ̃mawuwo kple nu vɔ̃ wɔlawo, ame mawɔnuteƒewo* kple ame siwo medea bubu nu kɔkɔewo ŋu o, tɔwulawo kple nɔwulawo, amewulawo, 10 ame siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu* me, ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo, amefilawo, aʋatsokalawo, atam dzodzro kalawo, kpakple nu bubu ɖe sia ɖe si tsi tsitre ɖe nufiafia si le blibo* la ŋu,+ 11 nufiafia si sɔ ɖe Mawu dzidzɔtɔ la ƒe ŋutikɔkɔe nya nyui, si wotsɔ de asi nam la nu.+

12 Medaa akpe na mía Aƒetɔ Kristo Yesu, ame si do ŋusẽm la, elabena ebum nuteƒewɔlae be wòtsɔ subɔsubɔdɔ de asi nam,+ 13 togbɔ be tsã la, menye busunyagblɔla kple yometila kpakple ame mabuame hã.+ Gake wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le manyamanya me kple dzimaxɔse me. 14 Ke mía Aƒetɔ la ve nunye geɖe ŋutɔ ale be xɔse su asinye to lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu me la me. 15 Nya sia nye nyateƒe, eye wòdze be woalɔ̃ ɖe edzi bliboe be: Kristo Yesu va xexea me be yeaɖe nu vɔ̃ wɔlawo.+ Nyee nye ame siawo dometɔ gãtɔ.+ 16 Gake wokpɔ nublanui nam ale be Kristo Yesu nato nye, ame si nye nu vɔ̃ wɔla gãtɔ dzi aɖe eƒe dzigbɔgbɔ blewu la katã afia, be wòanye kpɔɖeŋu na ame siwo aziɔ woƒe xɔse ɖe eŋu hena agbe mavɔ la.+

17 Ke Fia mavɔmavɔtɔ,+ magblemagblẽ,+ makpɔmakpɔ,+ Mawu ɖeka kolia+ la, tɔ nanye bubu kple ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.

18 Vinye Timoteo, metsɔ mɔfiame sia le asi dem na wò le nyagblɔɖi siwo ku ɖe ŋuwò la nu, ale be woakpe ɖe ŋuwò nàyi aʋa nyui la wɔwɔ dzi,+ 19 eye nàlé xɔse kple dzitsinya nyui+ me ɖe asi, nu siwo ame aɖewo tu asii ɖa, si na woƒe xɔse dome gblẽ abe tɔdziʋu si gbã ene. 20 Himenayo+ kple Aleksandro le ame siawo dome, eye meɖe asi le wo ŋu na Satana,+ ne woahe to na wo atsɔ afia wo be woaganɔ busunya gblɔm o.

2 Eya ta gbã la, mele nu xlɔ̃m mi be mianɔ kokoƒoƒowo, gbedodoɖawo, kukuɖeɖewo kple akpedadawo dzi ɖe ame ƒomeviwo katã ta, 2 ɖe fiawo kple ame siwo katã le ŋusẽnɔƒewo la ta,+ ale be míayi edzi anɔ anyi kpoo le tomefafa me le ɖokuitsɔtsɔ na Mawu blibo kple moveviɖoɖo katã me.+ 3 Nu sia nyo, eye wòsɔ le Mawu, mía Xɔla ŋkume,+ 4 ame si ƒe lɔlɔ̃nue nye be woaɖe ame ƒomeviwo katã,+ eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si. 5 Elabena Mawu ɖeka+ kple domenɔla*+ ɖeka si le Mawu kple amegbetɔwo dome,+ ame si nye Kristo Yesu ye li,+ 6 ame si tsɔ eɖokui na wònye tafe si sɔ ɖe enu ɖe amewo katã ta*+—nu sia ŋue wòle be woaɖi ɖase le le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi. 7 Ðaseɖiɖi+ sia tae woɖom gbeƒãɖela kple apostolo+ kple dukɔwo ƒe nufiala+ le xɔse kpakple nyateƒe ƒe nya la me ɖo—nyateƒe tom mele, nyemele aʋatso kam o.

8 Eya ta medi be le afi sia afi la, ŋutsuwo nanɔ gbe dom ɖa, eye woawu asiwo dzi le kɔkɔenyenye me,+ dzikudodo+ kple glãkahehe+ manɔmee. 9 Nenema kee nyɔnuwo hã nado awu ɖe nɔnɔme nyui me,* le ŋukpekpe kple ŋuɖɔɖo me, menye le ɖaƒoƒo ƒe atsyãwo kple sika alo dzonuwo alo awu xɔasiwo dodo me o,+ 10 ke boŋ woaɖo atsyɔ̃ abe ale si wòdze nyɔnu siwo vɔ̃a Mawu+ la ene, le dɔ nyuiwo wɔwɔ me.

11 Nyɔnu nasrɔ̃ nu le ɖoɖoezizi me le ɖokuibɔbɔ blibo me.+ 12 Nyemeɖe mɔ na nyɔnu be wòafia nu alo akpɔ ŋusẽ ɖe ŋutsu dzi o, ke boŋ be wòazi ɖoɖoe.+ 13 Elabena Adam ye wowɔ gbã, emegbe la, Xawa.+ 14 Eye menye Adam ye woble o, ke boŋ nyɔnu lae woble vevie,+ eye wòdze vodada me. 15 Gake woakpɔ nyɔnu ta dedie to vidzidzi me,+ ne eyi edzi* zɔ le xɔse kple lɔlɔ̃ kple kɔkɔenyenye kpakple ŋuɖɔɖo me ko.+

3 Nyateƒenyae nya sia nye: Ne ŋutsu aɖe le dzikpɔladɔ+ minyam la, ele dɔ nyui minyam. 2 Eya ta ele be dzikpɔla nanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka srɔ̃, wòada asɔ le nuwɔna me, wòanye ame ɖɔŋuɖo,*+ ame si wɔa nu le ɖoɖo nu, amedzrowɔla,+ ame si nya nufiafia,+ 3 menye ahamula o,+ menye ŋutasẽla* o, ke boŋ nugɔmesela,+ menye dzrehela o,+ menye galɔ̃la o,+ 4 ke ame si kpɔa eya ŋutɔ ƒe aƒe dzi nyuie, eye viawo bɔbɔa wo ɖokui anukwaretɔe+ 5 (elabena ne ame aɖe menya ale si wòakpɔ eya ŋutɔ ƒe aƒe dzi o ɖe, aleke wòawɔ akpɔ Mawu ƒe hame la dzi?), 6 menye ame si ƒe dzimetɔtrɔ teƒe medidi o,+ ne wòagado eɖokui ɖe dzi glodzoo, eye wòadze ʋɔnu si wodrɔ̃ Abosam la me o. 7 Azɔ hã, ele be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui* tso ame siwo le egodo la hã gbɔ,+ ale be wòagadze vlodoame kple Abosam ƒe mɔ̃ me o.

8 Nenema kee subɔsubɔdɔwɔlawo hã nanye ame siwo léa fɔ ɖe nu ŋu, woaganye aɖeveetɔwo o, woaganye aha geɖe nolawo o, woaganye ame siwo klẽa ŋu ɖe viɖe ƒoɖi kpɔkpɔ ŋu o,+ 9 woanye ame siwo léa xɔse ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe la me ɖe asi le dzitsinya dzadzɛ me.+

10 Azɔ hã, woado ame siawo kpɔ gbã be wodze hã; eye ne nutsotso aɖeke mele wo ŋu o la, ekema mina woasubɔ.+

11 Nenema kee nyɔnuwo hã nawɔ nu kple moveviɖoɖo, woaganye ameŋugblẽlawo o,+ woada asɔ le nuwɔna me, woanye nuteƒewɔlawo le nu sia nu me.+

12 Subɔsubɔdɔwɔla nanye nyɔnu ɖeka srɔ̃, ame si kpɔa viawo kple eya ŋutɔ ƒe aƒe dzi nyuie. 13 Elabena tenɔnɔ nyui sua ŋutsu siwo subɔna nyuie la si, eye dzi nɔa wo ƒo wotea ŋu ƒoa nu faa tso ale si woxɔ Kristo Yesu dzi se la ŋu.

14 Togbɔ be mele nya siawo ŋlɔm na wò hã la, mele mɔ kpɔm be mava gbɔwò kpuie. 15 Ke ne metsi megbe la, ne nànya ale si nàzɔ le Mawu ƒe aƒe,+ si nye Mawu gbagbe la ƒe hame, si nye nyateƒe la ƒe sɔti kple nu si lée ɖe te la me. 16 Vavãe, edze ƒãa be ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe sia lolo: ‘Woɖee fia le ŋutilã me,+ wobui ame dzɔdzɔe le gbɔgbɔ me,+ eɖe eɖokui fia mawudɔlawo,+ woɖe gbeƒãe le dukɔwo dome,+ woxɔ edzi se le xexea me,+ woxɔe yi dziƒo le ŋutikɔkɔe me.’

4 Gake nya si tso gbɔgbɔ me la* gblɔe kɔtɛ be, le ɣeyiɣi siwo ava va me la, ame aɖewo ade megbe tso xɔse la gbɔ, eye woalé to ɖe beblegbɔgbɔwo+ ƒe nyawo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafiawo ŋu, 2 to aʋatsokalawo ƒe alakpanuwɔwɔ me,+ ame siwo ƒe dzitsinya ku atri. 3 Ame siwo dea se ɖe srɔ̃ɖeɖe nu,+ eye wogblɔna na amewo be woatsri nuɖuɖu+ siwo Mawu wɔ be ame siwo si xɔse+ le, eye wonya nyateƒea nyuie la, naɖu+ kple akpedada la. 4 Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔ ɖe sia ɖe nyo,+ eye mele be woatsri naneke o,+ ne wonya xɔe kple akpedada ko, 5 elabena wokɔ eŋu to Mawu ƒe nya kple gbedodoɖa ɖe eta me.

6 Ne ètsɔ nuxlɔ̃ame siawo ɖo nɔviawo ŋkume la, ànye Kristo Yesu ƒe subɔla nyui, ame si wotsɔ xɔse ƒe nyawo kple nufiafia nyui si yome nèdze pɛpɛpɛ la nyii.+ 7 Ke gbe alakpagli siwo medea bubu Mawu ŋu o,+ siwo ƒomevi nyagãwo tona la. Ke boŋ wò taɖodzinu nanye be nàtsɔ mawusosroɖa anɔ ɖokuiwò mlamee. 8 Elabena ŋutilãmamla* nyo na nu vi aɖe ko, ke mawusosroɖa ya nyo na nuwo katã, elabena elé agbe si li fifi kple esi le vava ge la ƒe ŋugbedodo la ɖe asi.+ 9 Nya ma nye nyateƒe, eye wòdze be woalɔ̃ ɖe edzi bliboe. 10 Esia tae míele dɔ wɔm sesĩe hele ʋiʋlim ɖo,+ elabena Mawu gbagbe dzie míeda míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo, ame si nye ame ƒomeviwo+ katã Xɔla,+ vevietɔ ame siwo nye nuteƒewɔlawo.

11 Yi edzi nànɔ se siawo dem, eye nànɔ wo fiam. 12 Mègana ame aɖeke nado vlo wò ɖekakpuinyenye o. Ke boŋ nànye kpɔɖeŋu na nuteƒewɔlawo le nuƒoƒo me, le agbenɔnɔ me, le lɔlɔ̃ me, le xɔse me, le agbe dzadzɛ nɔnɔ me. 13 Yi edzi nàdo vevie dutoƒo nuxexlẽ,+ nuxɔxlɔ̃ kple nufiafia, va se ɖe esime mava. 14 Mègawɔ nunana si le mewò, si wona wò to nyagblɔɖi me esime hamemetsitsiwo ƒe ha la da asi ɖe dziwò la ŋu dɔ ɖewoɖewoe o.+ 15 De ŋugble le nu siawo ŋu; lé fɔ ɖe wo ŋu, ale be wò ŋgɔgbedede nadze ƒãa na amewo katã. 16 Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia dzi nyuie ɣeawokatãɣi.+ Do vevie nu le nu siawo me, elabena ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple ame siwo ɖoa to wò la siaa ɖe agbe.+

5 Mègahe nya ɖe ame tsitsi ŋu o.+ Ke boŋ xlɔ̃ nui abe fofo ene, ɖekakpuiwo abe nɔviŋutsuwo ene, 2 nyɔnu tsitsiwo abe dadawo ene, ɖetugbuiwo abe nɔvinyɔnuwo ene le dzadzɛnyenye blibo me.

3 Bu ahosi siwo nye ahosi ŋutɔŋutɔwo* la ŋu.+ 4 Ke ne viwo alo mamayɔviwo le ahosi aɖe si la, na ame siawo nasrɔ̃ ale si woawɔ nu si dzea Mawu ŋu le woawo ŋutɔwo ƒe aƒe me gbã,+ eye woaɖo eteƒe na wo dzilawo, wo tɔgbuiwo kple wo mamawo ale si dze,+ elabena esia sɔ le Mawu ŋkume.+ 5 Ke nyɔnu si nye ahosi ŋutɔŋutɔ, eye naneke mele esi o la, tsɔa eƒe mɔkpɔkpɔ ɖoa Mawu dzi,+ eye wònɔa kokoƒoƒowo kple gbedodoɖawo dzi zã kple keli.+ 6 Ke ahosi si tsɔa eɖokui dea asi na ŋutilã ƒe dzodzro la, togbɔ be ele agbe hã enye ame kuku. 7 Eya ta yi edzi nànɔ mɔfiame siawo nam, ale be woanye mokakamanɔŋutɔwo. 8 Le nyateƒe me la, ne ame aɖe mekpɔa eya ŋutɔ tɔwo ƒe nu hiahiãwo gbɔ o, vevietɔ eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo ƒe nu hiahiãwo gbɔ o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.+

9 Ahosi si woatia la naxɔ tso ƒe blaade heyi, ame si nye ŋutsu ɖeka srɔ̃, 10 ame si ŋu woɖi ɖase le le eƒe dɔwɔwɔ nyuiwo ta,+ ne ehe viawo nyuie,+ ne ewɔa amedzro,+ ne eklɔa afɔ na ame kɔkɔewo,+ ne ena kpekpeɖeŋu ame siwo ɖo xaxa me,+ ne ekpɔa gome le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me.

11 Ke mègatia ahosi siwo metsi o, elabena ne woƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo va zu mɔxeɖenu na woƒe subɔsubɔdɔ wɔwɔ na Kristo la, wodina be yewoaɖe srɔ̃. 12 Woava drɔ̃ ʋɔnu wo le esi wogbe nu le woƒe xɔse gbãtɔ gbɔ* ta. 13 Eye wogbea dɔwɔwɔ hã, nɔa tsatsam tso aƒe me yi aƒe me; ɛ̃, menye ɖeko wogbea dɔwɔwɔ o, ke wonɔa ame ŋu nya hã gblɔm, eye wonɔa nu dem amewo ƒe nyawo me+ henɔa nya siwo mele be woagblɔ o la gblɔm. 14 Eya ta medi be ahosi siwo metsi o la naɖe srɔ̃,+ adzi vi,+ akpɔ aƒe dzi, ale be woagana mɔ tsitretsiɖeŋula la wòakpɔ nya vlo aɖeke agblɔ tso mía ŋu o. 15 Le nyateƒe me la, wo dometɔ aɖewo trɔ dze Satana yome hã xoxo. 16 Ne nyɔnu xɔsetɔ aɖe ƒe ƒometɔ aɖe nye ahosi la, nena kpekpeɖeŋui, ne wòaganye agba na hame la o. Ekema hamea ate ŋu akpe ɖe ame siwo nye ahosi ŋutɔŋutɔwo* ŋu.+

17 Hamemetsitsi siwo wɔa woƒe dzikpɔkpɔdɔa nyuie la+ dze na bubu teƒe eve,+ vevietɔ wo dometɔ siwo doa vevie nu le nuƒoƒo kple nufiafia me.+ 18 Elabena ŋɔŋlɔ la gblɔ be, “Mègabla nu na nyitsu ne ele nuku tugum o,”+ eye be, “Dɔwɔla dze na eƒe fetu.”+ 19 Ne wotso ame tsitsi* aɖe nu la, mègaxɔe o, negbe le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ ƒe nya nu ko.+ 20 Ka mo+ na ame siwo tsɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ɖo dɔe+ la le amewo katã ŋkume, ne ame mamlɛawo nakpɔe ne woavɔ̃. 21 Mele eɖom dziwò le Mawu kple Kristo Yesu kpakple mawudɔla tiatiawo ŋkume be, nàlé mɔfiame siawo me ɖe asi nazãbubu kple ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke manɔmee.+

22 Mègatsɔ dzitsitsi ada asi ɖe ame aɖeke dzi gbeɖe o;+ eye mègakpɔ gome le ame bubuwo ƒe nu vɔ̃wo me o; lé ɖokuiwò dzadzɛ.

23 Mèganɔ tsi ɖeɖe ko nom o,* ke boŋ no wain vi aɖe le wò dɔgbo kple wò lãmegbegblẽ enuenu la ta.

24 Ame aɖewo ƒe nu vɔ̃wo dzena gaglã, si nana wodrɔ̃a ʋɔnu wo enumake, ke ame aɖewo hã tɔ va dzena emegbe.+ 25 Nenema kee dɔwɔwɔ nyuiwo hã dzena gaglã,+ ke esiwo medze o la, mate ŋu anɔ ɣaɣla ɖaa o.+

6 Ame siwo le kluvinyenye ƒe kɔkuti te la nayi edzi ade bubu blibo woƒe aƒetɔwo ŋu,+ be woagagblɔ nya vɔ̃ tso Mawu ƒe ŋkɔ kple nufiafia la ŋu gbeɖe o.+ 2 Azɔ hã, ame siwo ƒe aƒetɔwo nye xɔsetɔwo la nagatsɔ wo aba hae le esi wonye nɔviwo ta o. Ke boŋ woalɔ̃ faa asubɔ wo, elabena woƒe dɔ nyui wɔwɔ ɖea vi na ame siwo nye xɔsetɔwo kple lɔlɔ̃tɔwo.

Yi edzi nànɔ nu siawo fiam eye nànɔ nu xlɔ̃m amewo alea. 3 Ne ame aɖe fiaa nu bubu, eye melɔ̃na ɖe nya siwo le blibo,+ siwo tso mía Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ dzi o, alo melɔ̃na ɖe nufiafia si sɔ ɖe mawusosroɖa nu dzi o la,+ 4 ekema enye ame si doa eɖokui ɖe dzi glodzoo, eye wònye ame masenugɔme.+ Enye ame si nyaʋiʋliwo kple glãkahehewo flu tagbɔ na.+ Nu siawo hea ŋubiabiã, dzrewɔwɔ, amegɔmezɔzɔ,* susu vɔ̃wo bubu ɖe ame ŋu, 5 kple nyahehe ɣesiaɣi le nya maɖinyawo ŋu, siwo ame siwo ƒe susu gblẽ+ eye nyateƒea to wo ŋu yi la dona ɖe ŋgɔ, ame siwo susuna be ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nye viɖedidi ƒe mɔnu.+ 6 Nyateƒee, ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nye viɖenu gã,+ nenye be nu si le mía si la dzea mía ŋu. 7 Elabena míetsɔ naneke va xexea me o, eye míate ŋu atsɔ naneke adzoe hã o.+ 8 Eya ta ne nuɖuɖu kple nudodo le mía si la, míana nu siawo nadze mía ŋu.+

9 Ke ame siwo ɖoe kplikpaa be yewoazu kesinɔtɔwo la gena ɖe tetekpɔ kple mɔ̃tetre+ kpakple movidzɔdzɔ ƒe nudzodzro geɖe, siwo wɔa nu vevi ame eye wonyrɔa ame ɖe tsɔtsrɔ̃ kple gbegblẽ me la me.+ 10 Elabena nu vɔ̃ɖi ƒomeviwo katã ƒe ke ɖekae nye galɔlɔ̃, eye esi ame aɖewo ti lɔlɔ̃ sia yome la, wotra mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ vevesese geɖe ŋɔ wo ɖokuiwo flofloflo.+

11 Ke wò la, Oo, Mawu ƒe ame, sí le nu siawo nu. Ke boŋ ti dzɔdzɔenyenye, mawusosroɖa, xɔse, lɔlɔ̃, dzidodo kple tufafa yome.+ 12 Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la; na wò asi nasu agbe mavɔ si ta woyɔ wò ɖo eye nèʋu eme nyuie le dutoƒo le ɖasefo geɖewo ŋkume la dzi.

13 Mawu, ame si léa nuwo katã ƒe agbe ɖe te, kple Kristo Yesu, ame si ɖi ɖase heʋu eme nyuie le dutoƒo le Pontio Pilato+ ŋkume la, ŋkumee mele nu xlɔ̃m wò le 14 be nàwɔ sedede sia dzi kpɔtsɔtsɔ kple mokaka manɔŋui va se ɖe mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ɖeɖefiaɣi la,+ 15 si Ŋusẽtɔ Gã kple dzidzɔtɔ ɖeka kolia la ana amewo nakpɔ adze sii le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi, eya, ame si nye fiawo katã ƒe Fia kple aƒetɔwo katã ƒe Aƒetɔ la,+ 16 ame si ko si makumakunyenye le,+ ame si le kekeli si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me,+ ame si amegbetɔ aɖeke mekpɔ kpɔ alo ate ŋu akpɔ o.+ Eya tɔ nanye bubu kple ŋusẽ mavɔ. Amen.

17 Xlɔ̃ nu ame siwo nye kesinɔtɔwo le fifi nuɖoanyi* sia me be, woagado wo ɖokuiwo ɖe dzi o, eye woagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aziɔ ɖe kesinɔnu siwo dzi womate ŋu aka ɖo o la ŋu o,+ ke boŋ ɖe Mawu, ame si naa nuwo katã mí fũu be wòado dzidzɔ na mí la ŋu.+ 18 Gblɔ na wo be woawɔ nyui, woanye kesinɔtɔwo le dɔ nyuiwo wɔwɔ me, woaʋu asi me, woalɔ̃ faa ana nu ame,+ 19 ale be woadzra kesinɔnu ɖo ɖi dedie na wo ɖokuiwo, wòanye gɔmeɖoanyi nyui na etsɔ si gbɔna,+ be woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.+

20 Timoteo, kpɔ nu si wotsɔ de asiwò la dzi,+ eye nàgbe dzeɖoɖo ƒuƒlu siwo medea asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu o, kple nu si woyɔna alakpatɔe be “sidzedze” la ƒe glãkahehewo.+ 21 Adegbeƒoƒo le sidzedze sia ƒomevi ŋu na ame aɖewo tra mɔ tso xɔse la gbɔ.

Mawu ƒe amenuveve nanɔ kpli mi.

Egɔmee nye, “Ame Si Dea Bubu Mawu Ŋu.”

Alo, “ame siwo mevea ame nu o.”

Helagbe, pornia. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Alo, “nufiafia nyuitɔ.”

Alo, “avuléla.”

Alo, “ame ƒomeviwo katã ta.”

Alo, “nado awu bubu nanɔ eŋu.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ne woyi edzi.”

Alo, “ame si da sɔ le nuwɔna me; wɔa nu le nunya me.”

Alo, “ameƒola.”

Alo, “ŋkɔ nyui nanɔ eŋu.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Gake gbɔgbɔ la.”

Alo, “kamedede.”

Alo, “ahosi siwo ɖo hiã me evɔ ame aɖeke meli akpɔ wo dzi o.”

Alo, “woda woƒe ŋugbedodo gbãtɔ dzi.”

Alo, “ahosi siwo ɖo hiã me evɔ ame aɖeke meli akpɔ wo dzi o.”

Alo, “hamemetsitsi.”

Alo, “Mèganɔ tsi nom azɔ o.”

Alo, “dzugbewo.”

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe