INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • nwt 2 Timoteo 1:1-4:22
  • 2 Timoteo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 2 Timoteo
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
2 Timoteo

AGBALẼ EVELIA NA TIMOTEO

1 Paulo, Kristo Yesu ƒe apostolo to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, le agbe si ŋugbe wodo to Kristo Yesu dzi la nu,+ 2 le esia ŋlɔm na vinye lɔlɔ̃a Timoteo:+

Amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa si tso Mawu, Fofo la, kple Kristo Yesu mía Aƒetɔ gbɔ la, nanɔ kpli wò.

3 Medaa akpe na Mawu, ame si metsɔ dzitsinya dzadzɛ le subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔm na, abe ale si tɔgbuinyewo wɔe ene, be nyemedzudzɔ ŋkuɖoɖo dziwò le nye kokoƒoƒowo me zã kple keli o. 4 Ne meɖo ŋku wò aɖatsiwo dzi la, edzroam vevie be makpɔ wò, ale be dzidzɔ nayɔm fũu. 5 Elabena meɖoa ŋku wò xɔse si me alakpa mele o,+ si nɔ mamawò Lois kple dawò Eunike me gbã, eye meka ɖe edzi be ele wò hã mewò, la dzi.

6 Susu sia tae mele ŋku ɖom edzi na wò be, nàde dzo Mawu ƒe nunana si le mewò si nèxɔ esi meda nye asi ɖe dziwò la me.+ 7 Elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mí o,+ ke ŋusẽ+ kple lɔlɔ̃ kpakple ŋuɖɔɖo ƒe gbɔgbɔ boŋ. 8 Eya ta ŋu megakpe wò le ɖaseɖiɖi le mía Aƒetɔ la ŋu o,+ alo le nye, ame si nye gamenɔla le eta la ŋuti o, ke boŋ kpe fu le xaxa me faa+ le nya nyui la ta eye nàɖo ŋu ɖe Mawu ƒe ŋusẽ la ŋu.+ 9 Eɖe mí, eye wòkpe mí hena ame yɔyɔ kɔkɔe la,+ menye le míaƒe dɔwɔwɔwo ta o, ke boŋ le eya ŋutɔ ƒe tameɖoɖo kple amenuveve ta.+ Wona esia mí le Kristo Yesu me tso gbe aɖe gbe ke, 10 ke azɔ la, wona wòdze ƒãa to mía Ðela, Kristo Yesu, ƒe ɖeɖefia la me,+ ame si ɖe ku ɖa+ gake wòna kekeli klẽ ɖe agbe+ kple magblemagblẽ+ dzi to nya nyui la dzi,+ 11 nya nyui si ƒe gbeƒãɖela kple apostolo kpakple nufiala woɖom.+

12 Esia tae nye hã mele nu siawo ƒe fu kpem ɖo,+ gake ŋu mekpeam o.+ Elabena menya Ame si dzi mexɔ se, eye meka ɖe edzi be ate ŋu adzɔ nu si megblẽ ɖe eƒe asi me la ŋu va se ɖe ŋkeke ma dzi.+ 13 Yi edzi nàlé nya siwo le blibo,+ siwo nèse le gbɔnye kple xɔse kpakple lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu me la ƒe kpɔɖeŋu me ɖe asi. 14 Dzra nu nyui sia si míetsɔ de asi na wò to gbɔgbɔ kɔkɔe si le mía me dzi la ɖo nyuie.+

15 Ènya esia, be ame siwo katã le Asia nutoa+ me la trɔ ɖa le ŋunye, ame siwo dome Figelo kple Hermogene hã le. 16 Aƒetɔ la nekpɔ nublanui na Onesiforo+ ƒe aƒe la, elabena efa dzi nam enuenu, eye nye kɔsɔkɔsɔwo mekpe ŋu nɛ o. 17 Ke boŋ esi wòva Roma la, eku kutri dim vevie hekpɔm. 18 Aƒetɔ la nena Yehowa* nakpɔ nublanui nɛ le ŋkeke ma dzi. Subɔsubɔdɔ siwo katã wòwɔ le Efeso la, ènya wo nyuie.

2 Eya ta vinye,+ yi edzi nànɔ ŋu sẽm le amenuveve si le Kristo Yesu me la me; 2 eye nu siwo nèse le gbɔnye, siwo dzi ɖasefo geɖewo hã ɖo kpee la,+ tsɔ nu siawo de asi na nuteƒewɔlawo, ekema woawo hã woadze nyuie afia nu ame bubuwo. 3 Esi nènye Kristo Yesu ƒe asrafo+ nyui ta la, lɔ̃ faa nàkpe fu le xaxa me.+ 4 Ame si le asrafodɔ wɔm la megaƒoa eɖokui ɖe asitsadɔ siwo amewo wɔna le agbe me la me o, ale be wòadze ame si xɔe ɖe asrafodɔa me la ŋu. 5 Eye ne ame aɖe le ho ʋlim la, mexɔa dziɖuɖukuku la o, negbe ɖe wòʋli ho la le seawo nu hafi.+ 6 Agbledela si doa vevie nu lae atre kutsetseawo ɖuɖu. 7 De ŋugble le nya si gblɔm mele la ŋu ɣeawokatãɣi; Aƒetɔ la ana gɔmesese wò le nuwo katã me.

8 Ðo ŋku edzi be wofɔ Yesu Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome,+ eye wònye David ƒe dzidzimevi,+ le nya nyui si meɖea gbeƒãe la nu,+ 9 nya nyui si ta mele fu kpem eye woblam de gae abe nu vɔ̃ wɔla ene ɖo.+ Gake womebla Mawu ƒe nya la ya o.+ 10 Esia tae meyi edzi le dzi dom le nu sia nu me le ame tiatiawo ta,+ be woawo hã woakpɔ ɖeɖe to Kristo Yesu dzi hekpe ɖe ŋutikɔkɔe mavɔ ŋuti. 11 Nyateƒenyae nya sia nye: Ne míeku kpakplii la, ekema míanɔ agbe hã kpakplii;+ 12 ne míeyi edzi do dzi la, míaɖu fia hã kpakplii;+ ne míegbe nu le egbɔ la, eya hã agbe nu le mía gbɔ;+ 13 ne míenye nuteƒewɔlawo o hã la, eya kpɔtɔ nye nuteƒewɔla, elabena mate ŋu agbe nu le eɖokui gbɔ o.

14 Yi edzi nànɔ ŋku ɖom nu siawo dzi na wo, eye nàfia wo* le Mawu ŋkume be woaganɔ nyaʋa wɔm o, elabena meɖea vi aɖeke o, ke boŋ egblẽa nu le ame siwo senɛ la ŋu. 15 Wɔ wò ŋutete ɖe sia ɖe nàɖe ɖokuiwò afia Mawu abe ame si dze eŋu, dɔwɔla si ƒe dɔ mekpea ŋu nɛ le mɔ aɖeke nu o, ame si wɔa nyateƒenya la ŋu dɔ pɛpɛpɛ ene.+ 16 Ke gbe dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo,+ elabena ɖeko woana mawumavɔmavɔ̃ naxɔ aƒe ɖi geɖe wu, 17 eye woƒe nya la akeke ta abe abi vɔ̃ ene. Himenayo kple Fileto le ame siawo dome.+ 18 Ame siawo tra mɔ tso nyateƒe la gbɔ hele gbɔgblɔm be tsitretsitsia va yi xoxo,+ eye wotrɔa ame aɖewo ƒe xɔse bua anyi. 19 Ke hã, Mawu ƒe gɔmeɖoanyi sesẽ la li ke, eye woɖe nuŋɔŋlɔ sia ɖe eŋu be: “Yehowa* nya ame siwo nye etɔwo,”+ eye: “Ame sia ame si yɔa Yehowa* ƒe ŋkɔ la,+ nete ɖa le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ gbɔ.”

20 Ke le aƒe gã me la, menye sikanuwo kple klosalonuwo ɖeɖe koe li o, ke boŋ atinuwo kple anyinuwo hã li, ɖewo li na nu si ŋu bubu le, ke ɖewo hã li na nu si ŋu bubu mele o. 21 Eya ta ne ame aɖe te ɖa tso esiwo ŋu bubu mele o gbɔ la, anye ŋudɔwɔnu* si li na nu si ŋu bubu le, si ŋu wokɔ, si ŋu viɖe le na eƒe aƒetɔ, si wodzra ɖo ɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ. 22 Eya ta si le sɔhɛmenɔɣi ƒe nudzodzrowo nu, ke boŋ ti dzɔdzɔenyenye, xɔse, lɔlɔ̃ kple ŋutifafa yome hekpe ɖe ame siwo yɔa Aƒetɔ la tso dzi dzadzɛ me la ŋu.

23 Eye gbe bometsinyahehe siwo me susu aɖeke mele o,+ elabena ènyae be dzre ko wohena vanɛ. 24 Elabena mele be Aƒetɔ la ƒe kluvi nawɔ dzre o, ke boŋ wòafa tu na amewo katã,+ wòanya nufiafia, wòaɖu eɖokui dzi ne wowɔ vɔ̃ ɖe eŋu,+ 25 wòafia nu tsitretsiɖeŋulawo le tufafa me;+ elabena ɖewohĩ Mawu ana woatrɔ dzi me* ava nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ gbɔ,+ 26 eye woanyɔ le wo ɖokuiwo me ado le Abosam ƒe mɔ̃tetre me, esi wokpɔe be ɖe wòlé yewo agbagbee hena eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ta.+

3 Ke nya esia be le ŋkeke mamlɛawo me la,+ ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ la ava. 2 Elabena amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, 3 ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o, ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o, ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o, 4 yomemɔfialawo, totrilawo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo, ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ le esi teƒe be woalɔ̃ Mawu, 5 ame siwo ŋu ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nɔnɔme dzena le, gake womenana wòkpɔa ŋusẽ ɖe woƒe agbe dzi o;+ te ɖokuiwò ɖa tso ame siawo gbɔ. 6 Elabena ame siawo dometɔ aɖewo bena dzaa gena ɖe aƒewo me heɖea aboyo nyɔnu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ siwo nu vɔ̃ do agba na eye nudzodzro vovovowo hea wo la, 7 eye ame siawo nɔa nusɔsrɔ̃ dzi ɣesiaɣi, evɔ wometea ŋu kena ɖe nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la ŋu hã gbeɖe o.

8 Ke ale si Yane kple Yambre tsi tsitre ɖe Mose ŋui la, nenema kee ame siawo hã le tsitre tsim ɖe nyateƒe la ŋu. Ame siawo ƒe susu gblẽ keŋkeŋ, eye woƒe nu medze Mawu ŋu le xɔse la me o. 9 Ke womagate ŋu ayi ŋgɔ o, elabena woƒe movidzɔdzɔ la adze gaglã na amewo katã, abe ale si ko ame eve mawo tɔ dzee ene.+ 10 Ke wò la, èdze nye nufiafia, nye agbenɔnɔ,+ nye tameɖoɖo, nye xɔse, nye dzigbɔgbɔ blewu, nye lɔlɔ̃ kple nye dzidodo yome pɛpɛpɛ, 11 eye nènya nu tso yometiti kple fu siwo tɔgbi mekpe le Antiokia,+ Ikonio+ kple Listra+ la ŋu. Medo dzi le yometiti siawo me, eye Aƒetɔ la ɖem tso wo katã me.+ 12 Le nyateƒe me la, ame siwo katã dina be yewoanɔ agbe ɖe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.+ 13 Ke ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo anɔ vɔɖivɔ̃ɖim ɖe edzi, woanɔ amewo flum, eye amewo hã anɔ wo flum.+

14 Ke wò la, nɔ nu siwo nèsrɔ̃, eye nèkpɔ kakaɖedzi le wo ŋu hexɔ wo dzi se la me,+ elabena ènya ame siwo gbɔ nèsrɔ̃ wo le, 15 eye be tso ɖevime kee+ nènya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo,+ siwo ate ŋu ana nàdze nunya hena ɖeɖekpɔkpɔ to Kristo Yesu dzixɔse me.+ 16 Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me,+ eye wònyo na nufiafia,+ na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe le dzɔdzɔenyenye me,+ 17 ale be Mawu ƒe ame la nadze bliboe, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.

4 Mele eɖom dziwò le Mawu kple Kristo Yesu, ame si woɖo be wòadrɔ̃ ʋɔnu+ agbagbeawo kple kukuawo+ la ŋkume, to eƒe ɖeɖefia+ kple Fiaɖuƒe la dzi be,+ 2 ɖe gbeƒã nya la,+ nɔ edzi vevie, le ɣeyiɣi deamedziwo kple ɣeyiɣi madeamedziwo me, ka mo,+ gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔgbɔ blewu kple nufiafiaɖaŋu me.+ 3 Elabena ɣeyiɣi le vava ge esime womalɔ̃ ɖe nufiafia nyuitɔ la dzi o,+ ke boŋ le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokuiwo, be woalũ to me na wo.*+ 4 Woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋu, eye woatrɔ ɖe gliwo ŋu. 5 Ke wò la, nɔ mo xexi le nuwo katã me, do dzi le nɔnɔme sesẽwo me,+ wɔ nya nyui gbɔgblɔ dɔ, wɔ wò subɔsubɔdɔ la bliboe.+

6 Elabena wotrɔm le kɔkɔm ɖi abe nunovɔsa ene xoxo,+ eye asiɖeɖe le ŋunye ƒe ɣeyiɣi+ la gogo. 7 Ʋiʋli nyui lae meʋli,+ mewu duɖimekeke la nu,+ melé xɔse la me ɖe asi. 8 Tso esia dzi la, wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe dziɖuɖukuku la ɖo ɖi nam,+ si Aƒetɔ la si nye ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la,+ atsɔ aɖo eteƒe nam le ŋkeke ma dzi,+ ke menye na nye ɖeɖe ko o, ke boŋ na ame siwo katã lɔ̃ eƒe ɖeɖefia la hã.

9 Dze agbagba ɖe sia ɖe nàva gbɔnye kaba. 10 Elabena Dema+ gblẽm ɖi le esi wòlɔ̃ fifi nuɖoanyi sia ta, eye wòdzo yi Tesalonika; Kreske yi Galatia, Tito yi Dalmatia. 11 Luka ɖeɖe koe le gbɔnye. Kplɔ Marko ɖe asi vɛ, elabena enye kpeɖeŋutɔ nyui aɖe nam le subɔsubɔdɔ la me. 12 Ke medɔ Tikiko+ ɖe Efeso. 13 Ne ègbɔna la, tsɔ awu ʋlaya si megblẽ ɖe Troa ɖe Karpo gbɔ kple agbalẽawo, vevietɔ esiwo wowɔ kple lãgbalẽ, ɖe asi vɛ.

14 Aleksandro, akɔblinutula la, wɔ nu vevi geɖem. Yehowa aɖo eteƒe nɛ ɖe eƒe nuwɔnawo nu.+ 15 Wò hã kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie le eŋu, elabena etsi tsitre ɖe míaƒe gbedeasia ŋu vevie ŋutɔ.

16 Le ɖokuinye ta ʋiʋli gbãtɔ me la, ame aɖeke mede dzinye o, ke boŋ wo katã wogblẽm ɖi—Mawu megabu esia na wo vevie o. 17 Ke Aƒetɔ la tsi tsitre ɖe gbɔnye, eye wòdo ŋusẽm, ale be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔ la ade goe to dzinye, ne dukɔwo katã nasee;+ eye woɖem tso dzata ƒe nu me.+ 18 Aƒetɔ la aɖem tso vɔ̃wo katã me, eye wòaxɔm ɖe eƒe Fiaɖuƒe+ si le dziƒo la me. Eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.

19 Do gbe na Priskila* kple Akwila+ kpakple Onesiforo ƒe aƒe la nam.+

20 Erasto+ tsi Korinto, ke megblẽ Trofimo+ ɖe Mileto, elabena ele dɔ lém. 21 Dze agbagba ɖe sia ɖe nàva ɖo hafi vuvɔŋɔli naɖo.

Eubulo do gbe na wò, eye Pude, Lino, Klaudia kple nɔviawo katã hã do gbe na wò.

22 Aƒetɔ la nenɔ anyi kple gbɔgbɔ si nèɖena fiana la. Eƒe amenuveve nanɔ kpli mi.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “nàɖi ɖase na wo tsitotsito.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “ze; agba.”

Alo, “ana woatrɔ susu.”

Alo, “be woagblɔ nu si dim wole be yewoase la na wo.”

Wogayɔnɛ be Priska.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe