INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • nwt Yakobo 1:1-5:20
  • Yakobo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yakobo
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Yakobo

YAKOBO ƑE AGBALẼ

1 Yakobo,+ Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe kluvi, le esia ŋlɔm ɖo ɖe to wuieve siwo ka hlẽ la:

Medo gbe na mi!

2 Nɔvinyewo, ne miele xaxa vovovowo me tom la, mibui dzidzɔ sɔŋ,+ 3 esi mienyae be miaƒe xɔse ƒe nyonyome sia si wodo kpɔ la hea dzidodo vanɛ ta.+ 4 Ke mina dzidodo nawu eƒe dɔwɔwɔ nu bliboe, ale be mianɔ blibo, eye miade keŋkeŋ le goawo katã me, eye naneke nagahiã mi o.+

5 Eya ta ne mia dometɔ aɖe hiã nunya la, nenɔ Mawu biam,+ elabena enaa nu amewo katã faa, medoa ŋukpe ame o,*+ eye anɛ.+ 6 Gake nenɔ ebiam le xɔse me,+ eye megake ɖi kura o,+ elabena ame si kea ɖi la le abe ƒutsotsoe si ya ƒona yina gbɔna la ene. 7 Le nyateƒe me la, ame ma megasusui kura be yeaxɔ nane tso Yehowa* gbɔ o; 8 dzimevesusula wònye,+ melia ke le eƒe mɔwo katã dzi o.

9 Ke nɔvi si nye ame dahe la natso aseye* le esi wodoe ɖe dzi ta,+ 10 eye kesinɔtɔ hã, le esi wobɔbɔe ɖe anyi ta,+ elabena enu ava yi abe gbe ƒe seƒoƒo ene. 11 Elabena ale si ɣe dzena kple eƒe dzoxɔxɔ gã henaa gbe yrɔna, eƒe seƒoƒo duduna, eye eƒe atsyɔ̃ nu yina la, nenemae kesinɔtɔ hã ayrɔ le eƒe agbemenuwo yome titi me.+

12 Dzidzɔtɔe nye ame si doa dzi le xaxa me,+ elabena ne wokpɔ ŋudzedze ɖe eŋu la, axɔ agbefiakuku+ si ŋugbe Yehowa* do na ame siwo lɔ̃nɛ la.+ 13 Ne ame aɖe le xaxa* me tom la, megagblɔ be Mawue le ye tem kpɔ o. Elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖiwo ate Mawu akpɔ o, eye eya ŋutɔ hã metea ame aɖeke kpɔna o. 14 Ke nu si tea ame sia ame kpɔnae nye eya ŋutɔ ƒe nudzodzro si henɛ eye wòblenɛ.*+ 15 Azɔ ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nu vɔ̃; eye ne wowɔ nu vɔ̃ la, ehea ku vanɛ.+

16 Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, migana woaflu mi o. 17 Nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã tso dziƒo,+ tso kekeliwo Fofo la gbɔ,+ eye eya metrɔna abe ale si vɔvɔli nɔa tɔtrɔm ene o.+ 18 Enye eƒe lɔlɔ̃nu be yeatsɔ nyateƒenya la adzi mí,+ ale be míanye eƒe nuwɔwɔwo dome kutsetse gbãtɔwo.+

19 Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minya esia: Ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me,+ nanɔ blewu le dziku me,+ 20 elabena ame ƒe dziku mewɔa nu si le dzɔdzɔe le Mawu ŋkume o.+ 21 Eya ta miɖe ɖiƒoƒowo katã kple vɔ̃ɖinyenye ɖe sia ɖe ƒomevi ɖa,*+ eye mixɔ nya si ƒãm wole ɖe mia me, si ate ŋu axɔ mi* ɖe agbe la, kple dzi faa.

22 Mizu nyadziwɔlawo,+ ke menye nyaselawo ko o, ale be miagatsɔ nuŋububu masɔmasɔwo anɔ mia ɖokuiwo blem o. 23 Elabena ne ame aɖe nye nyasela, eye menye nyadziwɔla o la,+ ame ma le abe ame si le eya ŋutɔ ƒe mo* kpɔm le ahuhɔ̃e me la ene. 24 Elabena ekpɔa eɖokui, eye wòdzona yina, eye enumake eŋlɔa ame si ƒomevi wònye la be. 25 Ke ame si léa ŋku ɖe se deblibo si naa ablɔɖe la ŋu,+ eye wònɔa edzi ɖaa la, ame sia menye nyasela si ŋlɔa nu be o, ke nyadziwɔla boŋ; eye akpɔ dzidzɔ le nu si wòwɔna la me.+

26 Ne ame aɖe bua eɖokui mawusubɔlae,* evɔ meléa eƒe aɖe o* la,+ eya ŋutɔ ƒe dzi blem wòle, eye eƒe subɔsubɔ nye dzodzro. 27 Subɔsubɔ si le dzadzɛ, si ŋu ɖiƒoƒo mele o, le mía Mawu si nye mía Fofo ŋkume lae nye esi: be woakpɔ tsyɔ̃eviwo+ kple ahosiwo+ dzi le woƒe xaxa me,+ eye woadzra ame ɖokui ɖo ɖimaƒomaƒoe tso xexea me.+

2 Nɔvinyewo, ɖe mielé míaƒe ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi xɔxɔ se me ɖe asi hafi gaɖe mɔ ɖe ameŋkumekpɔkpɔ ŋua?+ 2 Elabena ne ame aɖe do sikasigɛwo eye wòle awu xɔasiwo me va miaƒe ƒuƒoƒe, eye ame dahe aɖe hã le awu ƒoɖi me va la, 3 ɖe ame si do awu xɔasi la ƒe nu nyoa mia ŋu, ale be miegblɔna be, “Va nɔ anyi ɖe teƒe nyui sia,” eye miegblɔna na ame dahea ya be, “Wò la, nɔ tsitrenu,” alo, “Nɔ anyi ɖe afi ma le nye afɔɖodzinu te” mahã?+ 4 Ne nenemae la, ɖe miele vovototo dem mia nɔewo dome,+ eye miezu ʋɔnudrɔ̃lawo hele afia gbegblẽwo tsom oa?+

5 Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, mise nya sia. Ðe Mawu metia ame siwo nye ame dahewo le xexea ƒe nukpɔkpɔ nu, be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me+ kple domenyilawo le Fiaɖuƒe si ŋugbe wòdo na ame siwo lɔ̃nɛ la me oa?+ 6 Ke miawo miedo vlo ame dahe la. Menye kesinɔtɔwoe tea mi ɖe anyi,+ eye wohea mi yia ʋɔnui oa? 7 Ðe menye woawoe gblɔa busunya ɖe ŋkɔ nyui si woyɔ na mi la ŋuti oa? 8 Ke azɔ, ne miewɔa fiasedede la dzi abe ale si ŋɔŋlɔ la gblɔe ene be, “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene”+ la, ekema miewɔe nyuie. 9 Ke ne miekpɔa ame ŋkume la,+ ekema miele nu vɔ̃ wɔm, eye se la bu fɔ mi be mienye sedzidalawo.+

10 Elabena ame si wɔa Se la katã dzi, gake wòdana le eƒe nudidi ɖeka dzi la, eda wo katã dzi.+ 11 Elabena ame si gblɔ be: “Mègawɔ ahasi o”+ la kee gblɔ be: “Mègawu ame o.”+ Ke ne mèwɔa ahasi o, gake nèwua ame la, ekema èzu sedzidala. 12 Miyi edzi mianɔ nu ƒom eye mianɔ nu wɔm abe ame siwo woatsɔ ablɔɖedukɔ ƒe se* adrɔ̃ ʋɔnui ene.+ 13 Elabena ame si mekpɔa nublanui na ame o la, womakpɔ nublanui nɛ le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o.+ Nublanuikpɔkpɔ ɖua ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi.

14 Nɔvinyewo, viɖe kae wònye ne ame aɖe gblɔna be xɔse le ye si, evɔ dɔwɔwɔ ya mele esi o?+ Ðe xɔse ma ate ŋu axɔe ɖe agbea?+ 15 Ne nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖewo li, awu mele wo si o* eye nuɖuɖu si asu na wo le ŋkekea me hã mele wo si o, 16 evɔ mia dometɔ aɖe gblɔ na wo be, “Miheyi le ŋutifafa me; dzo naɖo lãme na mi, eye miɖu nu miaɖi ƒo,” ke miena nu siwo hiã woƒe ŋutilã la wo o ɖe, viɖe kae wònye?+ 17 Nenema kee xɔse hã, ne dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o la, enye nu kuku.+

18 Ke ame aɖe agblɔ be: “Xɔse le asiwò, eye dɔwɔwɔwo le nye hã asinye. Fia wò xɔse si ŋu dɔwɔwɔ mekpe ɖo o lam, eye nye hã mafia nye xɔse la wò to nye dɔwɔwɔwo me.” 19 Èxɔe se be Mawu ɖeka koe li ɖe? Èwɔe nyuie. Gbɔgbɔ vɔ̃wo hã xɔe se, eye wodzona nyanyanya.+ 20 Ke wò, ame gbɔlo, ɖe nèdi be yeanya be xɔse dɔwɔwɔ manɔŋui meɖea vi aɖeke oa? 21 Ðe womebu mía fofo Abraham ame dzɔdzɔe to dɔwɔwɔ me, esi wòtsɔ via Isak na le vɔsamlekpui la dzi oa?+ 22 Èkpɔe be eƒe xɔse zɔ aduadu kple eƒe dɔwɔwɔwo, eye eƒe dɔwɔwɔwo na eƒe xɔse la de blibo;+ 23 ale ŋɔŋlɔ la va eme, si gblɔ be: “Abraham xɔ Yehowa* dzi se, eye wobui dzɔdzɔenyenye nɛ,”+ eye woyɔe be Yehowa* xɔlɔ̃.+

24 Miekpɔe be wobua ame be ele dzɔdzɔe to dɔwɔwɔwo me, ke menye to xɔse ɖeɖe ko me o. 25 Ðe menye nenema kee wobu Rahab, gbolo la, hã ame dzɔdzɔe to dɔwɔwɔwo me, esi wòxɔ ame dɔdɔawo nyuie hena woto mɔ bubu dzo oa?+ 26 Ɛ̃, ale si ŋutilã gbɔgbɔ manɔmee nye nu kuku la,+ nenema kee xɔse dɔwɔwɔ manɔŋui hã nye nu kuku.+

3 Nɔvinyewo, mele be mia dometɔ geɖewo nazu nufialawo o, esi mienyae be míakpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ si sesẽ wu ta.+ 2 Elabena mí katã míedaa vo zi geɖe.+ Ne ame aɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, enye ame deblibo si ate ŋu ade ga eƒe ŋutilã bliboa hã. 3 Ne míedea ga nu na sɔwo be woaɖo to mí la, ekema míekpɔa ŋusẽ ɖe woƒe ŋutilã bliboa hã dzi. 4 Kpɔ tɔdziʋuwo hã ɖa: Togbɔ be wololo ŋutɔ, eye ya sesẽ hea wo hã la, kuɖɔ sue aɖe koe kuɖɔɖola la tsɔna kua wo yia afi sia afi si wòdi.

5 Nenema kee aɖe la hã nye ŋutinu sue aɖe ko, gake wòhekana ɖe nu gãwo ŋu. Mikpɔ ale si dzo sue aɖe ko tea ŋu tɔa dzo ave gã aɖee ɖa! 6 Aɖe la hã, dzoe wònye.+ Aɖe la le tsitre ɖi na xexe aɖe si me madzɔmadzɔnyenye xɔ aƒe ɖo le míaƒe ŋutinuwo dome, elabena eƒoa ɖi ŋutilã blibo la,+ eye wòtɔa dzo ame ƒe agbenɔnɔmɔ blibo la, eye Gehena* ye tɔa dzo aɖe la. 7 Elabena womlaa gbemelãwo, xewo, lã siwo tana, kple ƒumelã ƒomeviwo katã, eye amegbetɔwo tea ŋu mlaa wo. 8 Ke aɖe la ya, amegbetɔ aɖeke mate ŋu amlae o. Enye nane si dzi womate ŋu aɖu bɔbɔe o, ewɔa nu vevi ame eye wòyɔ fũu kple aɖi wuame.+ 9 Eyae míetsɔna kafua Yehowa,* mía Fofo la, gake eya kee míetsɔna ƒoa fi dea ame siwo wowɔ “ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu” la hã.+ 10 Nu ɖeka ma ke mee yayra kple fiƒode dona tso.

Nɔvinyewo, mesɔ be nuwo nanɔ edzi yim alea o.+ 11 Ðe vudo dzia tsi nyui* kple tsi veve tso do ɖeka ma ke mea? 12 Nɔvinyewo, ɖe gboti ate ŋu atse amititsetsewo, alo wainka natse gbotsetsewoa?+ Nenema kee vudo si dzia dzetsi la magate ŋu adzi tsi vivi hã o.

13 Ame kae nye nunyala kple nugɔmesela le mia dome? Netsɔ agbenɔnɔ nyui ɖe eƒe dɔwɔwɔwo fia, newɔe kple tufafa si tso nunya me. 14 Ke ne ŋuʋaʋã+ vɔ̃ɖi kple dzrehehe*+ le miaƒe dziwo me la, miganɔ adegbe ƒom+ ahanɔ aʋatso kam ɖe nyateƒe la si o. 15 Menye nunya si tso dziƒo lae nye esia o; anyigbadzitɔe,+ lã tɔe, gbɔgbɔ vɔ̃wo tɔe. 16 Elabena afi sia afi si ŋuʋaʋã kple dzrehehe* le la, tɔtɔ kple nu gbegblẽ ɖe sia ɖe hã nɔnɛ.+

17 Ke nunya si tso dziƒo la, gbã la, ele dzadzɛ,+ azɔ hã, ewɔa ŋutifafa,+ esea nu gɔme,+ elɔ̃na faa ɖoa to, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũu,+ medea vovototo amewo me o,+ alakpanuwɔwɔ mele eme o.+ 18 Gawu la, woƒãa dzɔdzɔenyenyekutsetse ƒe ku le ŋutifafa me+ ɖe ame siwo wɔa ŋutifafa dome.+

4 Afi kae aʋawɔwɔ kple dzrewɔwɔ siwo le mia dome la tso? Ðe menye miaƒe ŋutilãmenudzodzro siwo wɔa avu le miaƒe ŋutinuwo me la mee wotso oa?+ 2 Nu dzroa mi, ke miekpɔnɛ o. Miewua ame eye miebiãa ŋu, ke miaƒe asi mesua edzi o. Miewɔa dzre, eye miewɔa aʋa.+ Ke miekpɔa nu si dim miele o, elabena miebiaa Mawu o. 3 Ne miebia la, miexɔnɛ o, elabena susu vɔ̃e mietsɔ le ebiam, ale be miatsɔe aɖi kɔ na miaƒe ŋutilãmenudzodzrowo.

4 Ahasiwɔlawo,* ɖe mienyae be xɔlɔ̃dzedze xexea nye futɔnyenye na Mawu oa? Eya ta ame sia ame si dina be yeanye xexea xɔlɔ̃ la, ewɔa eɖokui Mawu ƒe futɔ.+ 5 Alo ɖe miebu be dzodzroe ŋɔŋlɔ la gblɔ be: “Gbɔgbɔ si xɔ aƒe ɖe mía me la dzroa nu le ŋubiabiã me” mahã?+ 6 Ke amenuveve si Wònana la lolo wu. Eya ta ŋɔŋlɔ la gblɔ be: “Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu,+ ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.”+

7 Eya ŋuti mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te;+ ke mitsi tsitre ɖe Abosam+ ŋu, eye asi le mia gbɔ.+ 8 Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.+ Miklɔ miaƒe asiwo, mi nu vɔ̃ wɔlawo,+ eye mikɔ miaƒe dziwo ŋu,+ mi dzimevesusulawo. 9 Mixa nu, mifa konyi, eye mifa avi.+ Mina miaƒe nukoko natrɔ azu nuxaxa, eye miaƒe aseyetsotso natrɔ azu mɔkpɔkpɔbuɖeame. 10 Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le Yehowa* ŋkume,+ ekema ado mi ɖe dzi.+

11 Nɔviwo, midzudzɔ nya si medze o la gbɔgblɔ ɖe mia nɔewo ŋu.+ Ame si ƒoa nu le nɔvi aɖe ŋu, alo drɔ̃a ʋɔnu nɔvia la, eƒoa nu tsia tre ɖe se la ŋu, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu se la. Ke ne èdrɔ̃a ʋɔnu sea la, ekema mènye sedziwɔla o, ke ʋɔnudrɔ̃la boŋ. 12 Senala kple Ʋɔnudrɔ̃la+ ɖeka koe li, ame si tea ŋu xɔa ame ɖe agbe, eye wòtea ŋu tsrɔ̃a ame.+ Ke wò la, ame kae nènye be nèle ʋɔnu drɔ̃m hawòvi?+

13 Azɔ misee, mi ame siwo gblɔna be: “Egbe alo etsɔ la, míayi du si me, eye míanɔ afi ma ƒe ɖeka, eye míatsa asi akpɔ viɖe,”+ 14 evɔ mienya ale si miaƒe agbe anɔ etsɔ o.+ Elabena afu si dona ɣeyiɣi vi aɖe eye emegbe wòbuna ko mienye.+ 15 Ele be miagblɔ boŋ be: “Ne Yehowa* lɔ̃ la,+ míanɔ agbe awɔ esi alo ekemɛ.” 16 Ke azɔ miele dadam hele adegbe ƒuƒlu ƒom. Adegbeƒoƒo sia katã nye vɔ̃. 17 Eya ta ame si nya nu nyui gake mewɔe o la, enye nu vɔ̃ nɛ.+

5 Azɔ misee, mi kesinɔtɔwo, mifa avi eye miƒu asi nu le xaxa siwo gbɔna mia dzi la ta.+ 2 Miaƒe kesinɔnuwo nyunyɔ, eye agbagblaʋuiwo ɖu miaƒe awuwo.+ 3 Miaƒe sika kple klosalo lé ɣebia, eye woƒe ɣebialéle aɖi ɖase le mia ŋu ahaɖu miaƒe ŋutilã. Nu si miedzra ɖo ɖi le ŋkeke mamlɛawo me anɔ abe dzo ene.+ 4 Kpɔ ɖa! Dɔwɔla siwo ŋe miaƒe agblemenuwo na mi la ƒe fetu siwo dzi miezi la le ɣlidodo dzi, eye nuŋelawo ƒe ɣlidodo be woaxɔ na yewo la va ɖo aʋakɔwo ƒe Yehowa* ƒe towo me.+ 5 Mieɖu agbe eye miedo dzidzɔ na mia ɖokuiwo le anyigba dzi. Miena miaƒe dziwo da ami le wuwugbe la kura gɔ̃ hã.+ 6 Miebu fɔ ame, eye miewu ame dzɔdzɔe la. Ðe metsi tsitre ɖe mia ŋu oa?

7 Eya ta nɔviwo, migbɔ dzi ɖi va se ɖe Aƒetɔ la ƒe anyinɔɣi la.+ Kpɔ ɖa! Agbledela nɔa anyigba ƒe nuku xɔasi la lalam eye wògbɔa dzi ɖi va se ɖe esime adatsi kple keletsi dza.+ 8 Miawo hã migbɔ dzi ɖi;+ mido ŋusẽ miaƒe dziwo, elabena Aƒetɔ la ƒe anyinɔɣi gogo.+

9 Nɔviwo, miganɔ tse ɖum* ɖe mia nɔewo ŋu o, ale be woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o.+ Kpɔ ɖa! Ʋɔnudrɔ̃la la le tsitre ɖe ʋɔtrua nu. 10 Nɔviwo, mina nyagblɔɖila siwo ƒo nu le Yehowa* ƒe ŋkɔ me la ƒe fukpekpewo,+ kple woƒe dzigbɔgbɔ blewu la,+ nanye kpɔɖeŋu na mi.+ 11 Kpɔ ɖa! Míeyɔa ame siwo doa dzi la be dzidzɔtɔwo.+ Miese Hiob ƒe dzidodo ŋu nya,+ eye miekpɔ ale si Yehowa* na nuwo va wu enu nɛ,+ be Yehowa* ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu geɖe, eye wòkpɔa nublanui na ame.+

12 Gawu la, nɔvinyewo, midzudzɔ nutàta, eɖanye dziƒo alo anyigba alo nu bubu aɖe o, migatà wo dometɔ aɖeke o. Ke boŋ mina miaƒe “Ɛ̃” nanye ɛ̃, eye miaƒe “Ao” nanye ao,+ ale be miagadze ʋɔnudɔdrɔ̃ me o.

13 Ðe mia dometɔ aɖe le xaxa me toma? Neyi edzi wòanɔ gbe dom ɖa.+ Ðe dzi le ame aɖe dzɔma? Nedzi kafukafuha.+ 14 Ðe mia dometɔ aɖe le dɔ léma? Neyɔ hamemetsitsiwo+ woava egbɔ, eye woado gbe ɖa ɖe eta ahasi ami nɛ+ le Yehowa* ƒe ŋkɔ me. 15 Eye xɔse ƒe gbedodoɖa ana dɔnɔ* la ƒe lãme nasẽ, eye Yehowa* afɔe ɖe te. Eye ne ewɔ nu vɔ̃ la, woatsɔe akee.

16 Eya ta miʋu miaƒe nu vɔ̃wo me+ na mia nɔewo, eye mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta, be miahaya. Ŋusẽ le ame dzɔdzɔe ƒe kokoƒoƒo ŋu, eye wòwɔa dɔ.+ 17 Eliya nye amegbetɔ si ƒe seselelãmewo sɔ kple mía tɔwo, gake edo gbe ɖa vevie be tsi nagadza o, eye tsi medza ɖe anyigba la dzi o ƒe etɔ̃ kple ɣleti ade.+ 18 Eye wògado gbe ɖa, eye tsi dza tso dziƒo, eye anyigba gawɔ nu.+

19 Nɔvinyewo, ne mia dometɔ aɖe tra mɔ tso nyateƒe la gbɔ, eye ame bubu gatrɔe gbɔe la, 20 minyae be ame si trɔ nu vɔ̃ wɔla la tso eƒe mɔtatra dzi la,+ axɔe* tso ku me, eye wòatsyɔ nu nu vɔ̃ geɖe dzi.+

Alo, “media vodada le ame ŋu o.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “neƒo adegbe.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “tetekpɔ.”

Alo, “eye wòtrea mɔ̃ nɛ.”

Agate ŋu afia, “vɔ̃ɖinyenye si bɔ ŋutɔ la ɖa.”

Alo, “miaƒe luʋɔwo.”

Alo, “eƒe dzɔdzɔmemo.”

Alo, “mawuvɔ̃lae.”

Alo, “medea ga eƒe aɖe o.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ablɔɖese.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ele amama.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “tsi vivi.”

Agate ŋu afia, “ɖokuitɔdidi.”

Agate ŋu afia, “ɖokuitɔdidi.”

Alo, “Mi ame mawɔnuteƒewo.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “miganɔ ŋeŋem.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “miganɔ hũ ɖem.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Agate ŋu afia, “ame si ŋu nu te.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “axɔ eƒe luʋɔ.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe