PETRO ƑE AGBALẼ GBÃTƆ
1 Petro, Yesu Kristo ƒe apostolo,+ le esia ŋlɔm ɖo ɖe amedzro siwo kaka ɖe Ponto, Galatia, Kapadokia,+ Asia kple Bitinia nutowo me. Ame siwo nye ame tiatiawo 2 le Mawu, Fofo la, ƒe nunyanya do ŋgɔ la nu,+ eya, ame si tsɔ gbɔgbɔ la kɔ wo ŋu+ be woanye toɖolawo, ame siwo ŋu wohlẽ Yesu Kristo ƒe ʋu ɖo la:+
Amenuveve kple ŋutifafa nasɔ gbɔ ɖe edzi na mi.
3 Woakafu mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu, si nye Fofoa, elabena le eƒe nublanuikpɔkpɔ geɖe me la, edzi mi yeyee+ to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome+ dzi hena mɔkpɔkpɔ gbagbe,+ 4 be míaxɔ domenyinu magblemagblẽ, maƒoɖi, si nu meyina o.+ Wodzrae ɖo ɖe dziƒo na mi,+ 5 ame siwo ŋu dzɔm Mawu le kple eƒe ŋusẽ la le miaƒe xɔse ta, ale be miakpɔ xɔxɔ si woava ɖe ɖe go kpuie le ɣeyiɣi mamlɛa me. 6 Miele aseye tsom le esia ta, togbɔ be tetekpɔ vovovowo doa nuxaxa na mi fifia hena ɣeyiɣi vi aɖe hã,+ 7 ale be miaƒe xɔse si wodo kpɔ,+ si xɔ asi sãsãsã wu sika si gblẽna togbɔ be wodonɛ kpɔ kple dzo* hã la, nahe kafukafu kple ŋutikɔkɔe kpakple bubu avɛ le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la me.+ 8 Togbɔ be miekpɔe kpɔ o hã la, mielɔ̃e. Togbɔ be miele ekpɔm fifia o hã la, miexɔa edzi sena, eye miekpɔa dzidzɔ gã manyagblɔ hetsoa aseye, 9 esi mieɖo miaƒe xɔse ƒe taɖodzinu si nye miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ* la gbɔ ta.+
10 Xɔxɔ sia tututu ŋue nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi le amenuveve si miava kpɔ ŋuti la, dzro nu me vevie hewɔ numekuku tsitotsito le.+ 11 Wodzro nu me vevie tso ɣeyiɣi si tututu alo azãgbe si gbɔgbɔ si le wo me la le asi fiamee tso Kristo ŋuti,+ esime wòle ɖase ɖim do ŋgɔ le fu siwo Kristo akpe+ kple ŋutikɔkɔe si adze eyome la ŋuti. 12 Woɖee fia wo be menye woawo ŋutɔ ɖokuiwoe wonɔ subɔsubɔdɔ wɔm na o, ke boŋ miawoe wonɔ ewɔm na; nu siawoe ame siwo ɖe gbeƒã nya nyui la na mi to gbɔgbɔ kɔkɔe, si woɖo ɖa tso dziƒo, dzi la gblɔ na mi azɔ.+ Nu siawo tututu me kpɔkpɔ tsitotsito dzroa mawudɔlawo.
13 Eya ta midzra miaƒe susuwo ɖo hena dɔwɔwɔ;+ minɔ mo xexi bliboe;+ mitsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo amenuveve si miakpɔ le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia me la dzi. 14 Abe vi ɖotowo ene la, migana nudzodzro siwo ɖu mia dzi tsã le numanyamanya me la nayi edzi anɔ miaƒe nɔnɔme trɔm o, 15 ke boŋ miawo hã minɔ kɔkɔe le miaƒe agbenɔnɔ katã me abe Kɔkɔetɔ si yɔ mi la ke ene,+ 16 elabena woŋlɔ ɖi be: “Minɔ kɔkɔe, elabena nye la, mele kɔkɔe.”+
17 Eye ne mieyɔa Fofo la, ame si drɔ̃a ʋɔnu ame sia ame ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe+ ɖe eƒe dɔwɔwɔ nu la, ekema minɔ agbe le vɔvɔ̃ me+ le ɣeyiɣi si mienye amedzrowo la me. 18 Elabena mienyae be menye nu siwo gblẽna, klosalo alo sika, ye wotsɔ ɖe mi*+ tso agbenɔnɔ maɖevi si mia tɔgbuiwo gblẽ ɖi na mi la me o. 19 Ke boŋ ʋu xɔasi ye wotsɔ ɖe mi,+ abe alẽvi si nu mewɔ afi aɖeke na o,+ si ŋu kpɔtsɔtsɔ mele o la tɔ ene, si nye Kristo ƒe ʋu.+ 20 Nyateƒee, wonyae ɖi do ŋgɔ na xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi,*+ ke ɣeyiɣiawo ƒe nuwuwue woɖee fia le mia ta.+ 21 Eya dzie mieto xɔ Mawu,+ ame si fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome+ hetsɔ ŋutikɔkɔe+ nɛ la, dzi se, ale be miaƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ nanɔ Mawu dzi.
22 Azɔ esi miekɔ mia ɖokuiwo* ŋu to toɖoɖo nyateƒea me, ale be nɔvilɔlɔ̃ si me alakpa mele o+ va le mia dome la, milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me ke.+ 23 Elabena wodzi mi yeyee,+ menye to dzidzi si gblẽna me o, ke to esi megblẽna o boŋ me,+ to Mawu gbagbe si nɔa anyi ɖaa ƒe nya la dzi.+ 24 Elabena “ŋutilãwo* katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃ la katã le abe gbe ƒe seƒoƒo ene; gbe yrɔna, eye seƒoƒo duduna, 25 ke Yehowa* ƒe nya ya nɔa anyi tegbee.”+ Eye “nya” siae nye nya nyui si wogblɔ na mi la.+
2 Eya ta miɖe vɔ̃ɖinyenye+ katã, beble, alakpanuwɔwɔ, ŋubiabiã kple ameŋugbegblẽ ɖe sia ɖe ƒomevi ɖa. 2 Abe vidzĩwo ene la,+ mina nya la ƒe notsi tsimatɔ nadzro mi vevie, ale be miato edzi atsi ahakpɔ ɖeɖe,+ 3 esi mieɖɔe kpɔ hekpɔ be Aƒetɔ la ƒe dɔme nyo.
4 Azɔ esi mieva eya, si nye kpe gbagbe si amewo gbe+ gake wòhenye kpe tiatia xɔasi na Mawu ya gbɔ la,+ 5 miawo ŋutɔwo hã miezu kpe gbagbe siwo wotsɔ le gbɔgbɔmexɔ+ tum hena nunɔlanyenye kɔkɔe, ale be miato Yesu Kristo dzi asa gbɔgbɔmevɔ+ siwo dzea Mawu ŋu.+ 6 Elabena Ŋɔŋlɔ la gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Mele kpe tiatia aɖe ɖom anyi le Zion, si nye gɔmeɖoanyi ƒe dzogoedzikpe xɔasi, eye ame sia ame si xɔa edzi sena la maɖu ŋukpe akpɔ o.”+
7 Eya ta miawoe wòxɔ asi na, elabena miexɔe se; ke ame siwo mexɔna sena o la, “kpe si xɔtulawo gbe+ la, eyae va zu dzogoedzikpe vevitɔ,”+ 8 eye wònye “nukikli ƒe kpe kple nuɖiaɖia ƒe agakpe.”+ Wokpɔa nuɖiaɖia elabena womeɖoa to nya la o. Alea tututue woƒe nuwuwu anɔ. 9 Ke miawo la, mienye “ame tiatiawo, nunɔla siwo nye fiawo, dukɔ kɔkɔe,+ dukɔ si nye Mawu ƒe nunɔamesi tɔxɛ,+ be miaɖe gbeƒã” Ame si yɔ mi tso viviti me va eƒe kekeli wɔnukua+ me la “ƒe nɔnɔme nyuiwo.”*+ 10 Elabena mienye dukɔ tsã o, ke azɔ mienye Mawu ƒe dukɔ;+ tsã la, womekpɔ nublanui na mi o, ke azɔ la, wokpɔ nublanui na mi.+
11 Lɔlɔ̃tɔwo, mele nu xlɔ̃m mi amedzrowo,+ ame siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe, be miatsri ŋutilã ƒe nudzodzro+ siwo le avu wɔm kpli mi* la.+ 12 Mina miaƒe agbenɔnɔ nanyo le dukɔwo dome,+ ale be ne wotso mia nu be mienye vɔ̃wɔlawo hã la, woawo ŋutɔwo woava de dzesi miaƒe nu nyui wɔwɔwo,+ eye woakafu Mawu le eƒe kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.
13 Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe amegbetɔwo ƒe nuɖoanyiwo katã te+ le Aƒetɔ la ta, eɖanye fia+ si le ɖoƒe kɔkɔ, 14 alo nutodziɖula siwo wòdɔna be woahe to na nu vɔ̃ wɔlawo gake woakafu nu nyui wɔlawo, la o.+ 15 Elabena Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be miawɔ nu nyui atsɔ atsi ame mabutamewo ƒe nuƒoƒo numanyamanyatɔe la nu.+ 16 Minɔ abe ablɔɖemewo ene,+ ke migazã miaƒe ablɔɖe la abe taflatsɛdonu ene anɔ nu vɔ̃ɖi wɔm o,+ ke boŋ mizãe abe Mawu ƒe kluviwo ene.+ 17 Mibu ame ƒomeviwo katã,+ milɔ̃ nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã,+ mivɔ̃ Mawu,+ mibu fia la.+
18 Subɔviwo nabɔbɔ wo ɖokuiwo na woƒe aƒetɔwo ahatsɔ bubu si wodze na la na wo,+ menye wo dometɔ siwo nye ame nyuiwo kple nugɔmeselawo ko o, ke esiwo ŋu nu medzena o hã. 19 Elabena enye nu nyui ne ame aɖe doa dzi le xaxawo me, eye wòkpea fu madzemadzee le esi wòdi be dzitsinya nyui nanɔ ye si le Mawu gbɔ ta.+ 20 Elabena ne woƒo mi le nu vɔ̃ wɔwɔ ta eye miedo dzi tsɔe la, viɖe kae wònye?+ Gake ne miekpea fu le nu nyui wɔwɔ ta, eye miedo dzi tsɔe la, esia dzea Mawu ŋu.+
21 Le nyateƒe me la, agbenɔnɔmɔ sia tae woyɔ mi ɖo, elabena Kristo ŋutɔ gɔ̃ hã kpe fu le mia ta,+ eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze yeƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.+ 22 Mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o,+ eye womekpɔ beble le eƒe nu me hã o.+ 23 Esi wodzui+ la, medzu ame ɖe eteƒe o.+ Esi wòle fu kpem+ la, medo ŋɔdzi na ame o, ke boŋ etsɔ eɖokui de asi na Ame si drɔ̃a ʋɔnu+ dzɔdzɔe la. 24 Eya ŋutɔ tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo+ ɖo eƒe ŋutilã dzi le ati la ŋu,+ ale be míaku na nu vɔ̃ wɔwɔ ahanɔ agbe na nu dzɔdzɔe wɔwɔ.* Eye “woto eƒe abiwo dzi yɔ dɔ mi.”+ 25 Elabena mienɔ abe alẽ siwo tra mɔ ene,+ ke azɔ mietrɔ va miaƒe luʋɔ* ƒe kplɔla+ kple dzikpɔla la gbɔ.
3 Nenema kee mi srɔ̃nyɔnuwo hã, mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo,+ ale be ne srɔ̃ŋutsu aɖewo meɖoa to nya la o la, wo srɔ̃wo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔmagblɔe naɖe wo,+ 2 esi woawo ŋutɔ kpɔ miaƒe agbenɔnɔ dzadzɛ+ kple bubu deto la ta. 3 Migana miaƒe atsyɔ̃ɖoɖo nanye gota gome tɔ, to ɖaƒoƒo kple sikanuwo dodo+ alo awu xɔasiwo dodo me o, 4 ke boŋ mina wòanye dzi me ƒe ame ɣaɣla si nye gbɔgbɔ fatu si nɔa anyi kpoo+ la ƒe atsyɔ̃ɖoɖo si megblẽna o, si xɔ asi ŋutɔ le Mawu ŋkume. 5 Elabena alea nyɔnu kɔkɔe siwo nɔ anyi le blema siwo nɔ mɔ kpɔm na Mawu la hã ɖoa atsyɔ̃e, eye wobɔbɔa wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo, 6 abe ale si Sara ɖoa to Abraham heyɔnɛ be aƒetɔ ene.+ Eye ne mieyia edzi wɔa nu nyui, eye mievɔ̃a ŋɔdzidodo aɖeke o la, ekema miezu viawo.+
7 Nenema kee mi srɔ̃ŋutsuwo hã, miyi edzi mianɔ anyi kple mia srɔ̃wo le nunya me.* Nyɔnuwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo* wu mi, eya ta mide bubu wo ŋu,+ elabena mia kpli wo siaae nye agbe ƒe amenuveve la domenyilawo,+ ale be miagaxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o.
8 Mlɔeba la, mi katã miaƒe susu nawɔ ɖeka,+ mise veve ɖe ame nu, milɔ̃ mia nɔewo abe dadaviwo ene, miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu,+ mibɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi.+ 9 Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe+ alo dzudzu dzudzu teƒe o.+ Ke miyra amewo boŋ,+ elabena agbenɔnɔmɔ sia tae woyɔ mi ɖo, be mianyi yayra dome.
10 Elabena “ame si lɔ̃a agbe, eye wòdi be yeakpɔ ŋkeke nyuiwo la, nekpɔ eƒe aɖe dzi le vɔ̃ ŋu,+ kple eƒe nuyiwo dzi le amebeble ŋu. 11 Netrɔ ɖa le vɔ̃ ŋu,+ eye wòawɔ nu nyui;+ nedi ŋutifafa, eye wòati eyome.+ 12 Elabena Yehowa* ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kokoƒoƒo ŋu,+ ke Yehowa* tɔa ŋku nu vɔ̃ɖi wɔlawo.”+
13 Le nyateƒe me la, ame kae awɔ nu vevi mi, ne miedoa vevie nu le nu nyui wɔwɔ me?+ 14 Ke ne ehiã be miakpe fu le dzɔdzɔenyenye ta hã la, dzi dzɔa mi.+ Ke migavɔ̃ nu si vɔ̃m wole la o, eye dzika negatso mia ƒo hã o.+ 15 Ke boŋ mikɔ Kristo la si nye Aƒetɔ ŋu le miaƒe dziwo me, eye minɔ dzadzraɖoɖi ɣesiaɣi be miaʋli mɔkpɔkpɔ si le mia si la ta le ame sia ame si abia nya mi tso eŋu la ŋkume, gake miwɔe le tufafa+ kple bubu deto me.+
16 Milé dzitsinya nyui me ɖe asi,+ ale be le nu sia nu si me wogblɔa nya vlo ɖe mia ŋu le me la, ŋu nakpe ame siwo gblɔa nya vlowo ɖe mia ŋu la+ le esi mienɔa agbe nyui abe Kristo yomedzelawo ene ta.+ 17 Elabena enyo be miakpe fu le nu nyui wɔwɔ ta,+ ne emae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, wu be miakpe fu le vɔ̃wɔwɔ ta.+ 18 Elabena Kristo ku zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu ɖe nu vɔ̃wo ta,+ ame dzɔdzɔe ɖe ame madzɔmadzɔwo teƒe,+ ne wòakplɔ mi ayi Mawu gbɔ.+ Wowui le ŋutilã me,+ ke wogbɔ agbee le gbɔgbɔ me.+ 19 Esi wòle nɔnɔme sia me la, eyi ɖaɖe gbeƒã na gbɔgbɔ siwo le gaxɔ me la hã,+ 20 gbɔgbɔ siwo sẽ to ɣemaɣi, esime Mawu gbɔ dzi ɖi blewu nɔ lalam le Noa ƒe ŋkekea+ me esi wonɔ aɖakaʋu,+ si me ame ʋɛ siwo nye luʋɔ* enyi nɔ hetsi agbe le tsiɖɔɖɔa me, la kpam.+
21 Nyɔnyrɔxɔxɔ si sɔ kple esia lae na miawo hã miele ɖeɖe kpɔm fifia (menye ŋutilã ƒe ɖiƒoƒo ɖeɖe ɖa o, ke boŋ kukuɖeɖe na Mawu be wòana dzitsinya nyui nanɔ ame si),+ to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi la dzi. 22 Eyi dziƒo, eye wòle Mawu ƒe ɖusime,+ eye wotsɔ mawudɔlawo kple dziɖulawo kpakple ŋusẽtɔwo de ete.+
4 Esi Kristo kpe fu le ŋutilã me ta la,+ miawo hã mitsɔ tamesusu ƒe nɔnɔme* ma ke bla akpae; elabena ame si kpe fu le ŋutilã me la dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ,+ 2 ale be wòagazã ɣeyiɣi si susɔ be wòanɔ agbe le ŋutilã me la na amewo ƒe nudzodzrowo dzi wɔwɔ o,+ ke boŋ na Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ.+ 3 Elabena ɣeyiɣi si va yi la sɔ gbɔ be miewɔ dukɔwo ƒe lɔlɔ̃nu,+ esi mieƒo mia ɖokui ɖe ŋukpenanuwɔwɔ,* dzodzro vɔ̃wo dzi maɖumaɖu, aha tsu nonowo, aglotutu siwo gbɔ eme, hoʋiʋli le ahanono me kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ me.+ 4 Ewɔa nuku na wo be miegale du ƒum kpli yewo yina agbe baɖa nɔnɔ ƒe ba ma ke me o, eya ta wole nya manyomanyowo gblɔm ɖe mia ŋu.+ 5 Ke ame siawo abu akɔnta na ame si le klalo be yeadrɔ̃ ʋɔnu ame gbagbewo kple ame kukuwo.+ 6 Le nyateƒe me la, esia tae woɖe gbeƒã nya nyui la na ame siwo nye ame kukuwo+ hã ɖo, ale be, togbɔ be wodrɔ̃ ʋɔnu wo le ŋutilã me le amegbetɔwo ƒe nukpɔkpɔ nu hã la, woanɔ agbe le gbɔgbɔ me le Mawu ƒe nukpɔkpɔ nu.
7 Ke nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eya ta miɖɔ ŋu ɖo,+ eye minɔ ŋudzɔ hena gbedodoɖa.+ 8 Vevietɔ la, milɔ̃ mia nɔewo vevie,+ elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ geɖe dzi.+ 9 Miwɔ amedzro na mia nɔewo liʋiliʋĩlilĩ manɔmee.+ 10 Nunana ale si nu ame sia ame xɔ le Mawu ƒe amenuveve si wòɖe fia le mɔ vovovowo nui la, mitsɔe subɔ mia nɔewo abe aƒedzikpɔla nyuiwo ene.+ 11 Ne ame aɖe le nya gblɔm la, negblɔe abe Mawu ƒe nya kɔkɔe ene; ne ame aɖe le subɔsubɔm la, netsɔ ŋusẽ si Mawu nana la subɔ;+ ale be le nuwo katã me la, woakafu+ Mawu to Yesu Kristo dzi. Eya tɔe nye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.
12 Lɔlɔ̃tɔwo, migana tetekpɔ sesẽ siwo me tom miele la,+ nawɔ moyaa na mi, abe nu madzɔkpɔ aɖee le dzɔdzɔm ɖe mia dzi ene o. 13 Ke boŋ miyi edzi mianɔ dzidzɔ kpɔm,+ be miele edzi le gome kpɔm le fu siwo Kristo kpe la me,+ ale be miakpɔ dzidzɔ, eye miatso aseye hã le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖefiaɣi la.+ 14 Ne wodo vlo mi le Kristo ƒe ŋkɔ ta la, miekpɔa dzidzɔ,+ elabena ŋutikɔkɔe ƒe gbɔgbɔ, ɛ̃, Mawu ƒe gbɔgbɔ la, nɔa mia dzi.
15 Gake mia dometɔ aɖeke megakpe fu abe amewula alo fiafitɔ alo nu gbegblẽ wɔla alo ame si dea nu nya si metsɔ egbɔ o me la ene o.+ 16 Ke ne ame aɖe kpea fu le esi wònye Kristotɔ ta la, megakpe ŋu nɛ o,+ ke boŋ neyi edzi wòanɔ Mawu kafum be ŋkɔ sia le ye ŋu. 17 Elabena ɣeyiɣi la de be ʋɔnudɔdrɔ̃ la nadze egɔme, eye adze egɔme tso Mawu ƒe aƒe la dzi.+ Ke ne edze egɔme tso mía dzi gbã ɖe,+ ekema aleke wòava wu enu na ame siwo meɖoa to Mawu ƒe nya nyui la o?+ 18 “Eye ne bebli hafi woaxɔ ame dzɔdzɔe ɖe agbe ɖe, ekema afi kae ame mavɔ̃mawu kple nu vɔ̃ wɔla ya ava do ɖo?”+ 19 Eya ta ame siwo le fu kpem le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ta la nayi edzi atsɔ wo ɖokuiwo* ade Wɔla nuteƒewɔla la si, esi wole nu nyui wɔwɔ dzi.+
5 Eya ta nye, ame si ŋutɔ hã nye hamemetsitsi, si nye Kristo la ƒe fukpekpewo ŋuti ɖasefo kple ŋutikɔkɔe si woava ɖe ɖe go+ la ƒe gomekpɔla, mele nu xlɔ̃m hamemetsitsi siwo le mia dome be: 2 Mikplɔ Mawu ƒe alẽha+ si le miaƒe dzikpɔkpɔ te la, misubɔ abe dzikpɔlawo ene,* menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa le Mawu ŋkume;+ menye le viɖe ƒoɖi didi ta hã o,+ ke boŋ kple dzi faa; 3 menye be miaɖu aƒetɔ ɖe ame siwo nye Mawu tɔ la dzi o,+ ke boŋ be miazu kpɔɖeŋu na alẽha la.+ 4 Eye ne wova ɖe alẽkplɔla gã+ la fia la, ekema miaxɔ ŋutikɔkɔe ƒe dziɖuɖukuku magblemagblẽ la.+
5 Nenema kee mi ɖekakpuiwo hã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe ame tsitsiwo te.*+ Ke mi katã mido ɖokuibɔbɔ le nuwɔwɔ kple mia nɔewo me, elabena Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.+
6 Eya ta mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, ne wòado mi ɖe dzi le ɣeyiɣi si sɔ la dzi,+ 7 esime miedro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe edzi,+ elabena eléa be na mi.+ 8 Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ!+ Miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata si le gbe ɖem eye wòle ame dim be yeavuvu ami ene.+ 9 Ke mitsi tsitre ɖe eŋu,+ minɔ te sesĩe le xɔse me, esi mienyae be mia nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo si le xexea me la hã le fukpekpe mawo ke me tom ta.+ 10 Ke ne miekpe fu ɣeyiɣi vi aɖe vɔ la, amenuvevewo katã ƒe Mawu, ame si yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe+ mavɔ la gbɔ le Kristo me la, ŋutɔ ana miawu miaƒe hehexɔxɔa nu. Ana miali ke,+ ana miasẽ ŋu,+ ana mianɔ te sesĩe. 11 Eya tɔ nanye ŋusẽ yi mavɔmavɔ me. Amen.
12 Meŋlɔ nya ʋɛ siawo ɖo ɖe mi to Silvano,*+ ame si mekpɔ be enye nɔviŋutsu nuteƒewɔla la dzi, be made dzi ƒo na mi ahaɖi ɖase na mi vevie be, esiae nye Mawu ƒe amenuveve vavãtɔ la. Milé eme ɖe asi sesĩe. 13 Nyɔnu* si le Babilon, si nye ame tiatia abe miawo ke ene la, do gbe na mi, vinye Marko+ hã do gbe na mi. 14 Mitsɔ nugbugbɔ si me lɔlɔ̃ le do gbe na mia nɔewo.
Mawu ƒe ŋutifafa nanɔ kpli mi ame siwo katã wɔ ɖeka kple Kristo.
Alo, “wodzaa eŋu.”
Alo, “miaƒe luʋɔwo xɔxɔ ɖe agbe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ye wotsɔ xe mia tafe.”
Efia, esime Adam kple Xawa te vidzidzi.
Alo, “miaƒe luʋɔwo.”
Alo, “amegbetɔwo.”
Kpɔ Megbenyawo A5.
Efia, dɔwɔna nyuiwo.
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “be míadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ahanɔ agbe le dzɔdzɔenyenye me.”
Alo, “agbe.”
Alo, “mianɔ wo ŋu bum; mianɔ nu gɔme sem na wo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Wonye nugoe siwo ate ŋu agbã bɔbɔe.”
Kpɔ Megbenyawo A5.
Kpɔ Megbenyawo A5.
Alo, “ame.”
Alo, “tameɖoɖo kplikpaa.”
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “woƒe luʋɔwo.”
Alo, “mikpɔ alẽha la dzi nyuie.”
Alo, “ɖe hamemetsitsiwo te.”
Wogayɔnɛ be Sila.
Helagbe me ŋkɔteƒenɔnya si wozã le afi sia fia nyɔnu, eye anɔ eme be ele tsitre ɖi na hame si le Babilon.