YOHANES ƑE AGBALẼ GBÃTƆ
1 Nu si li tso gɔmedzedzea me, nu si míese, nu si míekpɔ kple míaƒe ŋku, nu si ŋu míelé ŋku ɖo, eye míeka asi eŋu, le agbenya la ŋuti,+ 2 (ɛ̃, woɖe agbe la ɖe go fia mí, eye míekpɔe, eye míele ɖase ɖim+ hele nu ƒom tso eŋu na mi. Agbe mavɔ+ sia tso Fofo la gbɔ, eye woɖee ɖe go fia mí), 3 nu si míekpɔ eye míese la, eya ŋue míele nu ƒom le na miawo hã,+ ale be miawo hã miade ha kpli mí.* Eye míele hadede sia me kple Fofo la kpakple Via Yesu Kristo.+ 4 Esia ŋutie míele nu siawo ŋlɔm na mi, be míaƒe dzidzɔ nade blibo.
5 Gbedeasi si míese tso egbɔ, eye míele gbeƒã ɖemee na mi lae nye be: Mawu nye kekeli,+ eye viviti aɖeke mele eya amea me o. 6 Ne míegblɔna be, “Míele ha dem kplii,” evɔ míegale viviti me zɔm la, ekema míele aʋatso kam, eye míele nyateƒe la dzi wɔm o.+ 7 Ke ne míele zɔzɔm le kekeli la me abe ale si eya ŋutɔ hã le kekeli la me ene la, ekema míele ha dem kple mía nɔewo, eye Via Yesu ƒe ʋu klɔa nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋu.+
8 Ne míegblɔna be, “Nu vɔ̃ mele mía ŋu o” la, ekema míele mía ɖokuiwo flum,+ eye nyateƒe la mele mía me o. 9 Ne míeʋua míaƒe nu vɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔe wònye, be wòatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ nu madzɔmadzɔwo katã ɖa le mía ŋu.+ 10 Ne míegblɔna be, “Míewɔa nu vɔ̃ o” la, ekema míele edom aʋatsokalae, eye eƒe nya la mele mía me o.
2 Vinye lɔlɔ̃awo, mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi, ale be miagawɔ nu vɔ̃ o. Gake ne edzɔ be ame aɖe wɔ nu vɔ̃ la, kpeɖeŋutɔ* le mía si le Fofo la gbɔ, si nye Yesu Kristo,+ dzɔdzɔetɔ la.+ 2 Eye eyae nye avulévɔsa+ ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta,+ gake menye ɖe mía tɔ ɖeɖe ko ta o, ke ɖe xexe blibo la hã tɔ ta.+ 3 Eye ne míeyi edzi wɔa eƒe sewo dzi la, ekema kakaɖedzi le mía si be míenyae vavã. 4 Ame si gblɔna be, “Medze sii,” evɔ meléa eƒe seawo me ɖe asi o la, aʋatsokala wònye, eye nyateƒe la mele eme o. 5 Ke ame sia ame si léa eƒe nya la me ɖe asi la, Mawu ƒe lɔlɔ̃ de blibo le eya amea me vavã.+ Esia me míenyana le be míewɔ ɖeka kplii.+ 6 Ame si gblɔna be yewɔ ɖeka kplii la, ele nɛ be wòayi edzi azɔ abe ale si eya amea zɔe ene.+
7 Lɔlɔ̃tɔwo, menye se yeye ŋlɔm mele ɖo ɖe mi o, ke boŋ se xoxo si le mia si tso gɔmedzedzea me ke lae.+ Se xoxo siae nye nya si miese la. 8 Ke hã, megale se yeye ŋlɔm na mi, si dzi eya kple miawo miezɔna ɖo hã nyateƒe, elabena viviti la nu le yiyim, eye kekeli vavãtɔ la le keklẽm xoxo.+
9 Ame si gblɔna be yele kekeli la me, evɔ wòléa fu nɔvia la,+ egakpɔtɔ le viviti la me.+ 10 Ame si lɔ̃a nɔvia la yia edzi nɔa kekeli la me,+ eye naneke manye nuɖianu nɛ o. 11 Ke ame si léa fu nɔvia la le viviti me, eye wòle viviti me zɔm,+ eye menya afi si yim wòle o,+ elabena viviti la gbã ŋku nɛ.
12 Mi vinye lɔlɔ̃awo, mele eŋlɔm na mi, elabena wotsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mi le eƒe ŋkɔ la ta.+ 13 Mi fofowo, mele eŋlɔm na mi, elabena mieva nya ame si li tso gɔmedzedzea me ke la. Mi ɖekakpuiwo, mele eŋlɔm na mi, elabena mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.+ Mi vinye suewo, mele eŋlɔm na mi, elabena mieva nya Fofo la.+ 14 Mi fofowo, mele eŋlɔm na mi, elabena mieva nya ame si li tso gɔmedzedzea me ke la. Mi ɖekakpuiwo, mele eŋlɔm na mi, elabena ŋusẽ le mia ŋu,+ Mawu ƒe nya la le mia me,+ eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.+
15 Migalɔ̃ xexea alo nu siwo le xexea me la o.+ Ne ame aɖe lɔ̃a xexea la, Fofo la ƒe lɔlɔ̃ mele eme o;+ 16 elabena nu sia nu si le xexea me—ŋutilã ƒe nudzodzro+ kple ŋkuwo ƒe nudzodzro+ kple ame ƒe nunɔamesiwo fiafia adegbeƒoƒotɔe—la metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexea me wotso. 17 Azɔ hã, xexea kple eƒe nudzodzrowo nu va yina,+ ke ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.+
18 Vinye suewo, gaƒoƒo mamlɛtɔ lae nye esia, eye abe ale si miesee be Kristo ƒe futɔ la gbɔna ene la,+ Kristo ƒe futɔ geɖewo do fifia gɔ̃ hã xoxo,+ eye esia mee míenyae le be gaƒoƒo mamlɛtɔ lae nye esia. 19 Mía domee wodo go tso, gake womele abe míawo ene o;*+ elabena ne ɖe wole abe míawo ene la, anye ne woanɔ mía gbɔ ɖaa. Ke boŋ wodo, ale be wòadze nyuie be menye wo katãe le abe míawo ene o.+ 20 Kɔkɔetɔ la si ami na mi,+ eye sidzedze su mi katã si. 21 Menye esi mienya nyateƒe la o tae mele nya siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi o,+ ke boŋ esi mienyae, eye esi alakpa aɖeke metso nyateƒe la me o tae.+
22 Ame si gbe be menye Yesue nye Kristo la o la, menye eyae nye aʋatsokala oa?+ Ame si gbe nu le Fofo la kple Vi la gbɔ la, ame siae nye Kristo ƒe futɔ la.+ 23 Ame sia ame si gbea nu le Vi la gbɔ la, Fofo la hã mele esi o.+ Gake ame si ʋua Vi la me la,+ Fofo la hã le esi.+ 24 Ke miawo la, mina nu si miese tso gɔmedzedzea me la nakpɔtɔ anɔ mia me.+ Ne nu si miese tso gɔmedzedzea me la kpɔtɔ le mia me la, ekema miawɔ ɖeka kple Vi la kpakple Fofo la. 25 Eye nu si ŋugbe eya ŋutɔ do na mí lae nye agbe mavɔ.+
26 Mele nya siawo ŋlɔm na mi ku ɖe ame siwo le didim be yewoaflu mi la ŋu. 27 Ke le miawo ya gome la, ami si wosi+ na mi la kpɔtɔ le mia me, eye mehiã be ame aɖeke naganɔ nu fiam mi o; ke boŋ amisisiname si tso egbɔ la le nuwo katã fiam mi,+ eye wònye nyateƒe ke menye aʋatso o. Ale si tututu wòfia mii la, miyi edzi miawɔ ɖeka kplii.+ 28 Eya ta vinye lɔlɔ̃awo, miyi edzi miawɔ ɖeka kplii, ale be ne wova ɖee fia la, dzi naɖo mía ƒo míaƒo nu,+ eye míagatrɔ ɖa le egbɔ kple ŋukpe le eƒe anyinɔɣi la o. 29 Ne mienya be dzɔdzɔetɔe wònye la, ekema mienyae hã be ame sia ame si wɔa nu dzɔdzɔe la, eya mee wodzii tso.+
3 Mikpɔ lɔlɔ̃ si ƒomevi Fofo la tsɔ lɔ̃ míi ɖa,+ be woayɔ mí be Mawu ƒe viwo;+ eye míenye viawo hã nyateƒe. Esia tae xexea medze si mí o ɖo,+ elabena medze si Mawu o.+ 2 Lɔlɔ̃tɔwo, azɔ la míenye Mawu ƒe viwo,+ gake womeɖe nu si míava nye la fia mí haɖe o.+ Míenyae be ne wova ɖee ɖe go la, míanɔ abe eya amea ene, elabena míakpɔe abe ale si wòle ene. 3 Eye ame sia ame si si mɔkpɔkpɔ sia le la, kɔa eɖokui ŋu+ abe ale si eya ŋutɔ hã le kɔkɔe ene.
4 Ame sia ame si tsɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ɖo dɔe la tsɔ sedzimawɔmawɔ hã ɖo dɔe, eya ta nu vɔ̃e nye sedzimawɔmawɔ. 5 Mienyae hã be woɖee ɖe go be wòaɖe míaƒe nu vɔ̃wo ɖa,+ eye nu vɔ̃ aɖeke mele eya ŋutɔ ŋu o. 6 Ame sia ame si wɔ ɖeka kplii la metsɔa nu vɔ̃ wɔwɔ ɖoa dɔe o;+ ame si tsɔa nu vɔ̃ wɔwɔ ɖoa dɔe la mekpɔe alo dze sii o. 7 Vinye lɔlɔ̃awo, migana ame aɖeke naflu mi o; ame si yia edzi wɔa nu dzɔdzɔe la nye ame dzɔdzɔe, abe ale si ko eya hã le dzɔdzɔe ene. 8 Ame si tsɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ɖo dɔe la tso Abosam me, elabena tso gɔmedzedzea me kee Abosam le nu vɔ̃ wɔwɔ dzi.+ Esia tae woɖe Mawu ƒe Vi la ɖe go ɖo, be wòagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me.+
9 Ame sia ame si wodzi tso Mawu me la metsɔa nu vɔ̃ wɔwɔ ɖoa dɔe o,+ elabena nuku* si tso Mawu gbɔ la kpɔtɔ le eya amea me, eye mate ŋu anɔ nu vɔ̃ wɔm o, elabena Mawu me wodzii tso.+ 10 Esia mee Mawu ƒe viwo kple Abosam ƒe viwo dze ƒãa le: Ame sia ame si mewɔa nu dzɔdzɔe o la metso Mawu me o, nenema kee nye ame si melɔ̃a nɔvia o hã.+ 11 Elabena esiae nye gbedeasi si miese tso gɔmedzedzea me, be míalɔ̃ mía nɔewo;+ 12 menye abe Kain, ame si dzɔ tso vɔ̃ɖitɔ la me, eye wòwu nɔvia ene o.+ Eye nu ka tae wòwui ɖo? Elabena eya ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi,+ ke nɔvia tɔwo ya le dzɔdzɔe.+
13 Nɔviwo, megawɔ moyaa na mi be xexea léa fu mi o.+ 14 Míenyae be míeto ku me yi agbe me,+ elabena míelɔ̃a mía nɔviwo.+ Ame si melɔ̃a ame o la tsia ku me.+ 15 Ame sia ame si léa fu nɔvia la, amewulae wònye,+ eye mienyae be amewula aɖeke makpɔ agbe mavɔ o.+ 16 Esia me míeva dze si lɔlɔ̃ la le, elabena etsɔ eƒe agbe* ɖo anyi ɖe mía ta;+ eye ele na mí be míatsɔ míaƒe agbe* aɖo anyi ɖe mía nɔviwo ta.+ 17 Ke ame si si xexe sia me nunɔamesiwo le, eye wòkpɔ nɔvia hiã tui, gake eƒe dɔme metrɔ ɖe eŋu o la, aleke Mawu ƒe lɔlɔ̃ nɔa emee?+ 18 Vinye lɔlɔ̃awo, migana míatsɔ nya kple aɖe ko alɔ̃ ame o,+ ke boŋ míatsɔ nuwɔna+ kple nyateƒe alɔ̃ ame.+
19 Esia mee míanyae le be míedzɔ tso nyateƒe la me, eye míana kakaɖedzi míaƒe dziwo le eŋkume 20 le nu sia nu si me míaƒe dzi abu fɔ mí le la me, elabena Mawu nye gã wu míaƒe dziwo, eye wònya nuwo katã.+ 21 Lɔlɔ̃tɔwo, ne míaƒe dzi mebua fɔ mí o la, ekema dzi aɖo mía ƒo míaƒo nu le Mawu ŋkume,+ 22 eye nu sia nu si míebiae la, míaxɔe tso egbɔ,+ elabena míeléa eƒe seawo me ɖe asi, eye míewɔa nu siwo dzea eŋu. 23 Nyateƒee, eƒe sedede lae nye be: míaxɔ Via Yesu Kristo ƒe ŋkɔ dzi ase,+ eye míalɔ̃ mía nɔewo,+ abe ale si wòde se na míi ene. 24 Hekpe ɖe eŋu la, ame si léa eƒe sewo me ɖe asi la wɔ ɖeka kplii, eye eya hã nɔa ɖekawɔwɔ me kplii.+ Le gbɔgbɔ si wòna mí ta la, míenyae be ekpɔtɔ le ɖekawɔwɔ me kpli mí.+
4 Lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ nya sia nya si wobe etso gbɔgbɔ me la dzi se o,+ ke boŋ mido nya si wobe etso gbɔgbɔ me la kpɔ be Mawu gbɔe wòtso hã,+ elabena aʋatsonyagblɔɖila geɖewo do go yi xexea me.+
2 Nu si ana miadze si nya si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me lae nye esi: Nya sia nya si tso gbɔgbɔ me si ʋua eme be Yesu Kristo va le ŋutilã me la, tso Mawu gbɔ.+ 3 Gake nya sia nya si tso gbɔgbɔ me si meʋua Yesu me o la, metso Mawu gbɔ o.+ Gawu la, esiae nye Kristo ƒe futɔ la ƒe nya,* si miese be egbɔna,+ eye azɔ ele xexea me xoxo.+
4 Vinye lɔlɔ̃awo, Mawu mee mietso, eye mieɖu ame mawo dzi,+ elabena ame si le mia dzi+ la lolo wu ame si le xexea dzi.+ 5 Woawo la, xexea mee wotso;+ esia tae wogblɔa nya siwo tso xexea me, eye xexea ɖoa to wo.+ 6 Míawo la, Mawu mee míetso. Ame si va dze si Mawu la ɖoa to mí;+ ame si metso Mawu me o la meɖoa to mí o.+ Aleae míewɔna nyana nya si tso nyateƒegbɔgbɔ la gbɔ kple nya si tso aʋatsogbɔgbɔ la gbɔ.+
7 Lɔlɔ̃tɔwo, mina míayi edzi alɔ̃ mía nɔewo,+ elabena lɔlɔ̃ la tso Mawu gbɔ, eye ame sia ame si lɔ̃a ame la, Mawu mee wodzii tso, eye wòdze si Mawu.+ 8 Ame sia ame si melɔ̃a ame o la medze si Mawu o, elabena Mawu nye lɔlɔ̃.+ 9 Esia me woɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ ɖe go fia le le mía me, be Mawu dɔ eƒe Tenuvi+ la ɖo ɖe xexea me, be míakpɔ agbe to eya amea dzi.+ 10 Esia me lɔlɔ̃ la le, menye be míawo míelɔ̃ Mawu o, ke boŋ be eya lɔ̃ mí, eye wòdɔ Via be wòanye avulévɔsa+ ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta.+
11 Lɔlɔ̃tɔwo, ne aleae Mawu lɔ̃ míi la, ekema ele na míawo hã be míalɔ̃ mía nɔewo.+ 12 Ame aɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o.+ Ne míeyi edzi lɔ̃a mía nɔewo la, ekema Mawu kpɔtɔ le mía me, eye eƒe lɔlɔ̃ la de blibo le mía me.+ 13 Esia mee míenyae le be míekpɔtɔ le ɖekawɔwɔ me kplii, eye be eya hã kpɔtɔ le ɖekawɔwɔ me kpli mí, elabena ena eƒe gbɔgbɔ la mí. 14 Azɔ hã, míawo ŋutɔwo míekpɔ esia eye míele ɖase ɖim be, Fofo la dɔ Via ɖa be wòanye xexea ɖela.+ 15 Ame sia ame si ʋua eme be Yesu Kristoe nye Mawu ƒe Vi la,+ Mawu kpɔtɔ le ɖekawɔwɔ me kplii, eye eya hã le ɖekawɔwɔ me kple Mawu.+ 16 Eye míawo míeva nya ale si gbegbe Mawu lɔ̃ míi, eye míexɔ esia dzi se hã.+
Mawu nye lɔlɔ̃,+ eye ame si lɔ̃a ame la wɔ ɖeka kple Mawu, eye Mawu hã wɔ ɖeka kplii.+ 17 Aleae lɔlɔ̃ la de blibo le mía me, ale be dzi naɖo mía ƒo míaƒo nu faa+ le ʋɔnudrɔ̃gbe la, elabena ale si eya amea le la, nenema kee míawo hã míele le xexe sia me. 18 Vɔvɔ̃ aɖeke mele lɔlɔ̃ me o,+ ke boŋ lɔlɔ̃ deblibo nyaa vɔvɔ̃ doa goe, elabena vɔvɔ̃ xea mɔ na mí. Le nyateƒe me la, ame si vɔ̃na la mede blibo le lɔlɔ̃ me o.+ 19 Míelɔ̃a ame, elabena Mawu tre mí lɔlɔ̃.+
20 Ne ame aɖe gblɔ be, “Melɔ̃ Mawu,” gake wòléa fu nɔvia la, aʋatsokalae.+ Elabena ame si melɔ̃a nɔvia si kpɔm wòle o la,+ mate ŋu alɔ̃ Mawu si kpɔm mele o la o.+ 21 Eye míexɔ se sia tso egbɔ be, ame si lɔ̃ Mawu la nalɔ̃ nɔvia hã.+
5 Ame sia ame si xɔna sena be Yesue nye Kristo la, Mawu ƒe vi wònye,+ eye ame sia ame si lɔ̃a ame si na agbe la, elɔ̃a Mawu ƒe Vi la hã. 2 Esia me míedzea sii le be míelɔ̃a Mawu ƒe viwo,+ ne míelɔ̃a Mawu hewɔa eƒe sewo dzi. 3 Elabena nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi, be míalé eƒe seawo me ɖe asi;+ eye eƒe seawo menye agba o,+ 4 elabena ame sia ame* si Mawu dzi la ɖua xexea dzi.+ Eye nu si míetsɔ ɖua xexea dzi dzidzedzetɔe lae nye míaƒe xɔse.+
5 Ame kae ate ŋu aɖu xexea dzi?+ Menye ame si xɔe se be Yesue nye Mawu ƒe Vi lae oa?+ 6 Yesu Kristo siae nye ame si va to tsi kple ʋu me, menye to tsi ɖeɖe ko me o,+ ke boŋ to tsi kple ʋu me.+ Eye gbɔgbɔ lae le ɖase ɖim,+ elabena gbɔgbɔ lae nye nyateƒe la. 7 Elabena ɖaseɖila etɔ̃e li: 8 gbɔgbɔ la,+ tsi la,+ kple ʋu la;+ eye nu etɔ̃ siawo wɔ ɖeka.
9 Ne míexɔa amegbetɔwo ƒe ɖaseɖiɖi la, ekema Mawu ƒe ɖaseɖiɖi la lolo wu. Elabena Mawu ŋutɔ le ɖase ɖim le Via ŋu. 10 Ame si xɔa Mawu ƒe Vi la dzi sena la kpɔa ɖaseɖiɖi le eɖokui me. Ame si mexɔa Mawu dzi sena o la doe aʋatsokala,+ elabena mexɔ ɖase si Mawu ɖi le Via ŋu la dzi se o. 11 Eye ɖase si woɖi lae nye esi be, Mawu na agbe mavɔ mí,+ eye agbe sia le Via me.+ 12 Ame si xɔ Vi sia la, agbe sia le esi; ame si mexɔ Mawu ƒe Vi sia o la, agbe sia mele esi o.+
13 Mele nya siawo ŋlɔm na mi, ne miadze sii be agbe mavɔ+ le mi ame siwo xɔa Mawu ƒe Vi la ƒe ŋkɔa dzi sena la si.+ 14 Eye kakaɖedzi sia le mía si le eya amea me be,+ nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.+ 15 Eye ne míenya be eɖoa to mí le nu sia nu si biam míele me la, ekema míenya be míakpɔ nu siwo míebia la, elabena eya si mee míebia wo le.+
16 Ne ame aɖe kpɔ nɔvia wòle nu vɔ̃ si mekplɔa ame yia ku me o wɔm la, nedo gbe ɖa ɖe eta, eye Mawu ana agbee,+ ɛ̃, ana agbe ame siwo mele nu vɔ̃ si kplɔa ame yia ku me o wɔm la. Nu vɔ̃ aɖe li si kplɔa ame yia ku me.+ Nyemegblɔ be wòaɖe kuku ɖe nu vɔ̃ ma ya ta o. 17 Nu madzɔmadzɔ ɖe sia ɖe wɔwɔ nye nu vɔ̃,+ gake nu vɔ̃ aɖe li, si mekplɔa ame yia ku me o.
18 Míenyae be ame si nye Mawu ƒe vi la metsɔa nu vɔ̃ wɔwɔ ɖoa dɔe o, ke boŋ Mawu ƒe vi* la dzɔa eŋu, eye vɔ̃ɖitɔ la mekpɔa ŋusẽ ɖe edzi o.+ 19 Míenyae be Mawu me míetso, ke xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.+ 20 Ke míenyae be Mawu ƒe Vi la va,+ eye wòna nugɔmesese deto mí be míadze si nyateƒetɔ la. Eye míele ɖekawɔwɔ me kple nyateƒetɔ la,+ to Via Yesu Kristo dzi. Nyateƒetɔ lae nye Mawu vavã la kple agbe mavɔ dzɔtsoƒe la.+ 21 Vinye lɔlɔ̃awo, mikpɔ mia ɖokui dzi le trɔ̃wo ŋu.+
Alo, “miakpɔ gome kpli mí.”
Alo, “ametaʋlila.”
Alo, “womenye mía dometɔwo o.”
Esia fia nuku si ate ŋu atse.
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “gbɔgbɔmenya.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nu sia nu.”
Efia, Yesu Kristo.