INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • nwt axa 20-axa 21
  • Nyabiase 10: Ŋugbe kae Biblia do ku ɖe míaƒe etsɔme ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiase 10: Ŋugbe kae Biblia do ku ɖe míaƒe etsɔme ŋu?
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Nyabiase 10: Ŋugbe kae Biblia do ku ɖe míaƒe etsɔme ŋu?

NYABIASE 10

Ŋugbe kae Biblia do ku ɖe míaƒe etsɔme ŋu?

Vifofo aɖe le ati dom ɖe paradiso-nyigba si ƒe ŋugbe Mawu do la dzi, eye viaŋutsu le egbɔ lɔƒo

“Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”

Psalmo 37:29

“Anyigba ya li tegbee.”

Nyagblɔla 1:4

“Ami ku tegbee, eye Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.”

Yesaya 25:8

“Ɣemaɣi la, ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu. Ɣemaɣi la, bunɔwo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye. Elabena tsi aŋɔ tso gbegbe, eye tɔsisi atso tagba.”

Yesaya 35:5, 6

“Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”

Nyaɖeɖefia 21:4

“Woatu xɔ anɔ eme, eye woade waingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, womaƒã nu ame bubu naɖu o. Elabena ale si ati tsinae la, nenemae nye amewo ƒe agbemeŋkekewo anɔ, eye nye ame tiatiawo ase vivi na woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo bliboe.”

Yesaya 65:21, 22

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe