Ka si Wokpɔna Tsoa Ne Me
Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si tso India gbɔ
AMESIAME kloe nya ne. Gake nukae nye neka? Enye nu bubu si wokpɔna kpe ɖe ne ɖesiaɖe ŋu.
Go sesẽ aɖe ƒo xlã ne si le ɣie hevivina la. Tsro si me ka titriwo le la le goa ŋu, esi ame aɖewo abu abe gbeɖuɖɔ dzro aɖe ko ene. Le dziehe lndia afisia, si ne bɔ ɖo la, woɖea tsrowo le neawo ŋu hedea tsi ɣleti enyi. Azɔ woƒonɛ wòbɔbɔna, eyome mɔ̃ dzenɛ ʋayaʋaya, woyɔa eƒe ka ɖeɖee siwo ƒe amadede ɖi sika tɔ la be neka.
Woate ŋu ade ama vovovo neka. Azɔ wotsɔnɛ gbia kae, eye wogbinɛ wònyea neka ɖeɖeewo. Wotsɔa asi kple mɔ̃ lɔ̃a neka lae wònyea afɔtutunu dzeaniwo, mourzouks (nekakuntru kpekpewo) anyigbakuntruwo, anyigbafɔtutunu, kple gliŋutsyɔ̃ɖonuwo.
Wodoa vivi ɖe nusiwo wotsɔ neka wɔe la ŋu le xexeame katã eye susu nyui tae. Fafa megblẽa nusi wotsɔ neka lɔ̃e wònye adodoea o; agbagblaʋuiwo meɖunɛ o, mevóna o, eye eŋu medzea adrú o; eye mebia dzo bɔbɔe o. Eganye nu nyui aɖe si me dzoxɔxɔ kple gbeɖiɖi metona bɔbɔe o. Wò ya bu nusiwo gbegbe wokpɔna tsoa netsro si wotsɔna ƒua gbe abe nu dzodzro ko ene me la ŋu kpɔ!
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
Wotsɔa neka si wode amae la wɔa afɔtutunuwoe
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
Wodea netsroawo tsi vaseɖe ɣleti enyi