Dɔmenyonyo
ENYE nɔnɔme nyui ɖedzesi si ʋãa ame be wodina be woaʋu asi me numavemavetɔe awɔ nyui na amewo faa. Wogaɖe Hebrigbe me nya na·dhivʹ, si gɔme woɖe le Yesaya 32:8, (NW) be “dɔmenyotɔ” gɔme hã be ‘lɔlɔ̃nu faa’ kple ‘ame wɔame.’ (Psalmo 51:14; Mose IV, 21:18, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ.) Gɔmesese vevi si nye “dzimekɔkɔ” (Korintotɔwo II, 11:3) ye le Helagbe me ŋkɔnya ha·ploʹtes (“dɔmenyonyo” [Korintotɔwo II, 8:2; 9:11]; ‘dɔmekɔkɔ’ [Romatɔwo 12:8]; ‘anukwareɖiɖi’ [Efesotɔwo 6:5]) si. Yehowa ŋutɔ nye dɔmenyotɔ, Amesi naa eƒe nuwɔwɔ siwo ɖoa toe ƒe nuhiahiãwo katã wo geɖe fũ “le eƒe lɔlɔ̃nu” la nu. (Yohanes I, 5:14; Filipitɔwo 4:19) Nunana nyuiwo kple nunana deblibo ɖesiaɖe, hekpe ɖe nu makpɔmakpɔ abe nunya ene ŋu la tso egbɔ.—Yakobo 1:5, 17.
Mose de dzi ƒo na ehavi Israel-viwo be woatu mawumenɔnɔme sia si nye dɔmenyonyo ɖo, ne wole nugbana dom gɔ̃ hã. “Megasẽ wò dzime, eye namiã asi ɖe nɔviwò dahe la o; ke boŋ naʋu wò asi nɛ, . . . nae faa, eye megave wò, bena nènae o, . . . eyata mede se na wò gblɔ bena: Ʋu wò asi na nɔviwò, si hiã tui, eye wòɖo ko le wò anyigba dzi la.”—Mose V, 15:7-11.
Lododo aɖe gblɔ be: “Woaɖi ƒo [nu adze edzi] na luʋɔ dɔmenyotɔ [le nya la nu la, amesi naa nusi nye viɖenu] la taŋ, eye woana tsi amesi na tsi wono.” (Lododowo 11:25) Yesu Kristo gblɔe be, ‘Dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.’ (Dɔwɔwɔwo 20:35) Egblɔ hã be: “Mina, eye woana mi, dzidzenu nyui, si wote, eye woʋuʋu wògbã go la, woatsɔ aɖo miaƒe akɔ; elabena dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.”—Luka 6:38.
Le Kristo-Hamea Me. Apostolo Paulo hã gblɔ lododo sia si nye nyateƒe le mɔ bubu nu be: “Amesi ƒã nu le nuveve me la, axa nu hã le nuveve me, eye amesi ƒã nu le yayra me la, axa nu hã le yayra me.” Esi wòle alea ta la, apostoloa ɖo aɖaŋu be, “amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na.” (Korintotɔwo II, 9:6, 7) Paulo yi edzi gblɔ Yehowa ƒe dɔmenyonyo ƒe kpɔɖeŋu gã la be, menye nuku koe wòna nuƒãla kple abolo si woaɖu la wògba go ko evɔ o, ke ena Korinto-nɔviwo zu kesinɔtɔwo ‘hena dɔmenyo sia dɔmenyo wɔwɔ,’ bene woanyo dɔme na amewo. Paulo gblɔ be, dɔmenyonu mawo wɔwɔ wɔe be ‘woda akpe na Mawu.’—Korintotɔwo II, 9:8-13.
Esi Paulo nɔ mawumedɔmenyonyo sia ƒe dzi dem ƒo la, eŋlɔ na Romatɔwo (12:8) be: “Amesi naa nu ame la, nena nu le dzimekɔkɔ me.” Eŋlɔ na Hebritɔwo (13:16) be: “Migaŋlɔ dɔmenyowɔwɔ kple hamenunana be o; elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu.” Hame siwo nɔ Makedonia nye dɔmenyowɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesiwo. Alesi togbɔ be woɖo ko hafi gatsɔ dzidzɔ na nu “wu alesi wote ŋui” la wɔe be ‘woƒe dɔmenyonyo zu kesinɔnu si gba go.’—Korintotɔwo II, 8:1-4.
Mina míade dzesii be ŋɔŋlɔ siawo siwo ku ɖe dɔmenyonyo kple asimeʋuʋu ŋu la metsi tre ɖe bubu siwo bu fɔ ame madakpewo, dɔaɖekemawɔlawo, kple kuviatɔwo ŋu alo womesɔ ɖe wo nu o. Le kpɔɖeŋu me, medze be woana naneke kuviatɔ si gbe agbledede le vuvɔŋɔli ne eva le nu biam le nuŋeɣi o; amewo manyo dɔme na amesi gbe dɔ wɔwɔ la o. (Lododowo 20:4; Tesalonikatɔwo II, 3:10) Mele be woade ahosiwo ƒe ŋkɔ kpekpeɖeŋuxɔlawo dome o negbe ɖe wodze hafi. (Timoteo I, 5:9, 10) Menye trɔ̃subɔlawo gbadza, amesiwo hiã tu lae hame siwo nɔ Galatia, Makedonia, kple Axaya godoo la dzɔ nu na o, ke na ‘ame kɔkɔe’ siwo hiã tu boŋ.—Korintotɔwo I, 16:1; Korintotɔwo II, 9:1, 2.