INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 9/8 axa 32
  • Na Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Na Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me
  • Nyɔ!—1994
Nyɔ!—1994
g94 9/8 axa 32

Na Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me

ESI dɔnɔ aɖe si le Dziehe Carolina, U.S.A., ɖo trakt si nye Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me ɖe eƒe dɔnɔdzikpɔlawo dometɔ ɖeka la, dɔnɔdzikpɔla la ƒo ka tsɔ da akpe nɛ ɖe eta. Dɔnɔdzikpɔla la gblɔ be yezã trakt la kple ye srɔ̃ŋutsu eye be yewo ame eveae xlẽe hetsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ dzro emee. Le nyateƒe me la, dɔnɔdzikpɔlaa gblɔ be ewɔ nuku be nu nyui aɖe li alea si akpe ɖe ƒomewo ŋu.

Dɔnɔa ɖe nu me be: “Dɔnɔdzikpɔla la gblɔ nam be ye kple ye srɔ̃ yewonɔ dze ɖom le kpɔɖeŋu nyuitɔ kple nusiwo aɖe vi na ƒomewo ŋu gake meva susu me na yewo kpɔ kura be woaŋlɔ nane tso nya sia ŋu o. Egblɔ tsɔ wu kaƒoƒoa nu be trakt sue ma nɔa ye ŋu le afisiafi si yeyina eye yexlẽnɛ gaxlẽnɛ zi geɖe. Egblɔ be ne nyatakaka bubuwo li le ƒomegbenɔnɔ ŋu la, adzɔ dzi na ye be mana woaka ye si.”

Dɔnɔa ɖo agbalẽ si nye Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me ɖe dɔnɔdzikpɔlaa eye wòwɔ ɖoɖo be yeava dzro eme kplii. Ðewohĩ adzɔ dzi na wò hã be yeaxɔ nyatakaka siwo akpe ɖe yeƒe ƒomea ŋu be miakpɔ dzidzɔ geɖe wu. Ne èdi be yeaxɔ Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me kple Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me ƒe ɖe la, ke taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Watch ­Tow­er, Box 760, Accra, Ghana, alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe