INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 6/8 axa 32
  • Woɖo Dodokpɔ tso Nyɔ! Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woɖo Dodokpɔ tso Nyɔ! Me
  • Nyɔ!—1995
Nyɔ!—1995
g95 6/8 axa 32

Woɖo Dodokpɔ tso Nyɔ! Me

ESI sukuvi siwo le Dziehe Amerika dukɔ si nye Suriname ke woƒe suku kɔkɔ dede ƒe dodokpɔgbalẽvi le July 1993 me la, wokpɔe be dodokpɔa de amesiwo xlẽa Nyɔ! magazine edziedzi la dzi ŋutɔ. Nusitae nye be dɔ siwo Sukudenyawo Dzikpɔƒe ƒe Dodokpɔɖoƒea ɖo ɖe axa 36-gbalẽvia me ƒe afã kloe tso Nyɔ! ƒe nyati eve me.

Axa 1 vaseɖe 9 ku ɖe nyati si nye “Du Madeamedziwo​—⁠Ɣeyiɣi Sesẽwo le Dugã Siwo me Amewo Sɔ Gbɔ Ðo Fũ la Me” si dze le Nyɔ! January 8, 1993 me ŋu. Woɖo dɔ 21 tso nyati ma me tsɔ do woƒe susu kpɔe. Woɖo dɔ 14 ɖe dodokpɔgbalẽvia ƒe axa 10 vaseɖe 16 tso nyati si nye “Capybara​—⁠Vodada alo Nuwɔwɔ ƒe Nukunu Wònyea?” ŋu si dze le Eŋlisigbe me Nyɔ! September 22, 1992 me.

Sukutatɔ aɖe si le Suriname ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi gblɔ be: “Esi sukunufialawo wɔ dodokpɔ na sukuviawo tso nyati siawo me tsɔ do woƒe susu kpɔe ta la, woɖee fia be Nyɔ! nye gbeŋutise nyui kple nuŋɔŋlɔ kpuie ƒe kpɔɖeŋu.”

Ne àdi be yeaxɔ Nyɔ! ɖeka alo nàdi be ame aɖe nava ye gbɔ ava dzro nya sia me kpli wò la, ke taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Watch Tower, Box 760, Accra, Ghana, alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe