Ame Gbogbo Aɖewo Nɔa Agbe Hekuna le Ahedada Kolikoli Me!
YATI dzo le eƒe aƒe madeamedzi me le dzieheɣedzeƒe Asia-dukɔ aɖe me yi dɔwɔƒe aɖe afisi wòtɔa lãkpa suesuewo hewɔa afɔkpaka le. Ga si wòkpɔ le ɣleti ɖeka ƒe dɔwɔwɔ—gaƒoƒo 40 ƒe kwasiɖawo kple gaƒoƒo 90 le kpakpãɣimegbedɔ wɔwɔ—me mede $80 o. Afɔkpawɔƒe si wòwɔa dɔ na ƒoa adegbe be ɖe yeléa amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo me ɖe asi ŋutɔ le dukɔ madeŋgɔwo me. Adzɔha sia dzraa afɔkpa ɖeka xɔa $60 kple edzivɔ le Ɣetoɖoƒedukɔwo me. Ðewohĩ $1.40 ye nye dɔlawo ƒe fetu le ema me.
Boston Globe gblɔ be ne Yati “kpã le dɔwɔƒe dzadzɛ ma si akaɖiwo le la, xɔŋgoe ɖeka si ƒe didime nye meta 3 eye wòkeke meta 3.6 eye eƒe gli ƒoɖiawo ŋu yɔ fũ kple xɔŋunyatriwo si ko wòte ŋu haya la mee wòyina. Xɔmenu aɖeke mele Yati si o, eyata wo kple eƒe xɔmetɔ eve woxatsaa wo ɖokui ɖe anyigba si wotsɔ anyikpe meme ɖo.” Nublanuitɔe la, eƒe nɔnɔme ma mee ame geɖe le.
Asitsalawo ƒe ha aɖe ƒe tatɔ he nya be: “Ðe nye kpekpeɖeŋu alo nye kpekpeɖeŋu manɔmee ana eme nanyo na amesiawo wua? Fetu sue la na wote ŋu nɔa agbe si sɔ. Ðewohĩ womaɖu agbe ya o, gake dɔ mewua wo o.” Gake zi geɖe la, womekpɔa nu nyui ɖuna o, eye wo viwo tsia dɔ dɔna enuenu. Wodzea ŋgɔ dɔwɔƒe siwo afɔkuwo le ƒe nuɖiɖeamewo gbesiagbe. Eye ame geɖe le kumɔ dzi le aɖiwo kple aɖiɖuɖɔwo ŋudɔwɔwɔ ta. “Agbe si sɔ” ye esia nyea?
Hari si nye agbledɔwɔla le dziehe Asia la kpɔ nuwo bubui. Ezã nyawo kple hakpanyawo aɖaŋutɔe tsɔ ɖɔ agbe kple ku ƒe nɔnɔme sesẽ si ɖe to ɖee le go sia go me lae. Egblɔ be: “Atadi mate ŋu anɔ dedie le to kple tati dome o. Mí ame dahewo míele abe atadi ene—wotoa mí ƒe sia ƒe, eye eteƒe madidi o naneke magasusɔ o.” Hari menɔ “agbe si sɔ” ma kpɔ o, eye menya naneke kura le agbe si ɖewohĩ eƒe dɔtɔwo ɖuna la ŋu o. Ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, Hari ku—ezu amesiwo ahedada kolikoli wu la dometɔ ɖeka.
Ame gbogbo aɖe nɔa agbe hekuna abe Hari ene. Wodagbana le nɔnɔme wɔnublanui me, eye womete ŋu nɔa te ɖe agbenɔnɔ si naa ŋusẽ vɔna le wo ŋu la nu o. Amekawo gbɔe wòtso? Amekawo ƒomevie awɔ nusia? Wodze dɔmenyolawoe ŋutɔ. Wogblɔna be yewodi be yewoana nuɖuɖu viwò, yewoana wò agblemenuwo nanyo, wò agbenɔnɔ naka ɖe eme, ahana nàzu kesinɔtɔ. Le nyateƒe me la, woƒe taɖodzinue nye be yewo ŋutɔ yewoazu kesinɔtɔwo. Wonya adzɔnu siwo woadzra kple viɖe siwo woakpɔ. Ne woƒe ŋukeklẽ wɔe be ɖeviwo mekpɔa nu nyui ɖuna o, aɖi sia dɔwɔlawo, eye nutowo me ƒo ɖi hã la, meblea fu lãme na wo o. Enye nusi adzɔhawo lɔ̃ faa be nedzɔ le yewoƒe ŋukeklẽ ta. Eyata zi alesi wole viɖe kpɔm ɖe edzi la, zi nenemae amesiwo tsia eme hã dzina ɖe edzii nublanuitɔe.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 11]
U.N. ƒe Foto 156200/John Isaac