INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 12/8 axa 32
  • ‘Eɖo Biabiawo Katã Ŋu’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Eɖo Biabiawo Katã Ŋu’
  • Nyɔ!—1995
Nyɔ!—1995
g95 12/8 axa 32

‘Eɖo Biabiawo Katã Ŋu’

Esi nuxlẽla aɖe si tso Kentucky, U.S.A., nɔ nu ƒom tso March 8, 1995 ƒe Nyɔ! me nyati si nye “Gbɔtotsotso Gɔmesese Nyuie Wu” ŋu la, eŋlɔe be: “Mede nyati sia ŋuti numedzrotakpekpe aɖe si xɔ gaƒoƒo etɔ̃ nyitsɔ laa. Kɔdzi gã eve ƒe dɔwɔƒe siwo fiaa nu amewo lae wɔ ɖoɖo ɖe eŋu. Wogblɔ nya geɖe le numedzodzroa me, gake mesrɔ̃ nu geɖe le aɖabaƒoƒo 30 me esime mexlẽ Nyɔ! wu nusi mesrɔ̃ le gaƒoƒo etɔ̃ ƒe numedzrotakpekpea me (eye mede $15 o).”

Nyɔ! xlẽla bubu gblɔ be: “Mexlẽ agbalẽ kple nyati geɖe le gbɔtotsotso ŋu le ƒe etɔ̃ siwo va yi me. Emegbe la, biabiawo nɔ asinye ɣesiaɣi siwo nyemekpɔ ŋuɖoɖo na o. Miaƒe nyatiawo ɖo biabia siwo katã le asinye le nyati sia ŋu la ŋuti nam.”

Nyɔ! gblɔa nya siwo kpena ɖe exlẽlawo ŋu wonɔa te ɖe kuxi siwo li egbea nu. Vevietɔ wu la, etua kakaɖedzi ɖe Wɔla la ƒe ŋugbedodo le xexe yeye si me ŋutifafa anɔ ŋu ɖe wo me. Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe le Yehowa Ðasefowo, siwo nye magazine sia talawo ƒe dzixɔsewo kple dɔwɔnawo ŋu la, ke taflatse yi wo gbɔ le woƒe Fiaɖuƒe Akpata si le mia gbɔ me, alo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe adrɛs si tsɔ gbɔwò siwo woŋlɔ ɖe axa 5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe