“Akpe Na Mi Be Miekpe Ðe Ŋunye Mesrɔ̃ Nu Tso Yehowa Ŋu!”
Nenemae nyɔnuvi ƒe-16-vi aɖe si tso Florida, U.S.A., ɖe eƒe akpedada si tso dzime gblɔe. Esi wòxlẽ agbalẽ siwo Yehowa Ðasefowo ta vɔ la, eŋlɔe bena:
“Nyemate ŋu aɖo ŋku agbalẽ si mexlẽ ƒe ŋkɔ dzi ya o, gake Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋue wòku ɖo eye meka ɖe edzi be miawoe tae. Hafi maxlẽ agbalẽ ma la, mebu be menya nusianu si wòhiã be manya. Mexɔ Mawu kple Yesu dzi se, medoa gbe ɖa hafi ɖua fiẽnu eye magadonɛ ɖa le zã me hã, eye menɔa agbe nyuie. Gake esi mexlẽ agbalẽ ma vɔ la, mekpɔe be nyemenya nu geɖe kura o eye be ehiã be mayi edzi axlẽ nu tso Yehowa Mawu kple Yesu kpakple ame bubuwo ŋu le Biblia me ahasrɔ̃ nu tso wo ŋu.
“Mele asi trɔm le nye nuwɔna aɖewo ŋu vivivi ale be mate ŋu anye Mawu ƒe subɔla nyui wu. Ne menye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ye o la, ne nyemanya nu tso Mawu kple ŋutinya siwo le Biblia me ŋu o. Akpe na mi be miekpe ɖe ŋunye mesrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu!”
Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ye nye agbalẽ si nyɔnuvia wɔnɛ ƒe tanya. Wodze agbagba ƒo nu tso Yesu ƒe anyigbadzigbenɔnɔ me nudzɔdzɔ ɖesiaɖe si wogblɔ le Nyanyui eneawo me la ŋu le eme. Ne àdi be yeaxɔ ɖeka alo àdi be woava wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye femaxee la, ke taflatse ŋlɔ agbalẽ na Watch Tower, Box 760, Accra, Ghana, alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 5 lia.