Lé Be na Nu be Nu Nagahiã Wò O
LE MÍAƑE egbegbe xexe si me míewɔa adzɔnu geɖe ŋudɔ le la, ɖuɖɔ kple aɖinuwo tsɔtsɔ ƒu gbe be magagblẽ nu le ame ŋu o nyea agba. To vovo na ema la, alesi Mawu ƒe nuwɔwɔwo léa be na nu eye wogagbugbɔwɔa wo ŋudɔe la nye nukunu. Bu kpɔɖeŋu ɖeka si nye anyiɖaɖa ŋu kpɔ. Anyigbà si nye nusi wotsɔ wɔa anyiɖaɖae la nye nu xɔasi ŋutɔ—anyi hiã anyitsi gram 16 kple seƒoƒo me ʋuʋudedi ƒe agbɔsɔsɔme aɖe hafi wòate ŋu awɔ anyigbà gram ɖeka pɛ ko. Aleke anyiwo wɔa ɖoɖo ɖe woƒe anyigbà la ŋui? Agbalẽ si nye By Nature’s Design ɖe eme be: “Anyiɖaɖa la ƒe lũviwo ƒe gli etɔ̃ siwo wotsɔ anyigbà wɔe la doa go le kpeƒe si le dzogoe dzesidenu degree 120 me, eye wozua lũvi siwo ŋu dzogoe ade le eye wodzea ani. Ðoɖo sia wɔnɛ be anyiwo ɖea anyigbà agbɔsɔsɔme si ŋudɔ wowɔna la dzi kpɔtɔna, gake wònyea nu sesẽ si me woate ŋu adzra anyitsi ɖo.” Eyata aɖaŋunu sia nya kpɔ, enye nusi ŋu womagblẽ nu geɖe fũ ɖo o, eye woagate ŋu azãe na nu bubuwo wɔwɔ!
Ne èlɔ̃a nyati siwo ƒoa nu le dzɔdzɔmeŋutinunya kple dzɔdzɔmenu wɔnukuwo ŋu xexlẽ eye nàdi be yeanɔ Nyɔ! xɔm edziedzi la, ke te ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutome alo nàŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe adrɛs si sɔ le axa 5 lia.