INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 11/8 axa 8-9
  • Subɔsubɔha Ðeka Asusɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔha Ðeka Asusɔ
  • Nyɔ!—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Subɔsubɔhawo Katã Dzea Mawu Ŋua?
    Agbe Mavɔ Mɔ La—Èke Ðe Eŋua?
  • Ɣeyiɣi Si Me Woaɖe Alakpasubɔsubɔhawo Ða La Ðo Vɔ!
    Ɣeyiɣi Si Me Woaɖe Alakpasubɔsubɔhawo Ða La Ðo Vɔ!
  • Mawu Vavã la Kple Wò Etsɔ Me
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Alakpasubɔsubɔ Ðo Ta Tsɔtsrɔ̃ me!
    Nyɔ!—1996
Nyɔ!—1996
g96 11/8 axa 8-9

Subɔsubɔha Ðeka Asusɔ

KPƆ alesi wòanɔ ne anyigbadzitɔwo katã wɔ ɖeka le subɔsubɔha ɖeka me, le Mawu vavã ɖeka la ƒe tadedeagu dzadzɛ ɖeka me ɖa. Ðekawɔwɔ ka gbegbee nye si wòanye! Mawusubɔsubɔ me masɔmasɔ, mamã, alo aʋawɔwɔ maganɔ anyi o. Ðe esia nye drɔ̃e aɖe koa? Ao. Ŋutega si apostolo Yohanes kpɔ le gbolo si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu la ɖee fia be tadedeagu ɖeka aɖe asusɔ le eƒe tsɔtsrɔ̃ megbe. Ekae?

Gbe si Yohanes se tso dziƒo la na nusi dzi míanɔ te ɖo anya la mí be: “Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o, eye bena miagaxɔ eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o.” (Nyaɖeɖefia 18:4) Edze ƒã be Mawu ŋutɔe le nu ƒom na eƒe amewo le afisia. De dzesii be mede se na eƒe amewo be woawɔ ɖeka kple gbolo la eye woanɔ subɔsubɔhawo ƒe ƒuƒoƒo me adze agbagba be woaxɔe ɖe agbe to kpekpeɖeŋu nanae be wòatrɔ anɔ agbe nyui me o. Ao, naneke maxɔ nɛ o. Eyata ede se na wo be woado go tso eme eye woanɔ adzɔge nɛ be eƒe nuvɔ̃ gã la nagaƒo ɖi wo eye mlɔeba woadrɔ̃ ʋɔnu wo ahatsrɔ̃ kpakplii o.

Sedede si tso dziƒo be “mido go tso me” la hã kpena ɖe nyateƒedila anukwaretɔwo ŋu be woadze si Mawu ƒe amewo. Ðewohĩ woabia wo ɖokui be, ‘Amekawoe le anyigba dzi egbea siwo wɔ ɖe sedede sia dzi to wo ɖokui ɖeɖeɖa tso subɔsubɔha, habɔbɔ, alo tadeagulawo ƒe ƒuƒoƒo ɖesiaɖe si do ƒome kple “Babilon Gã la” me? (Nyaɖeɖefia 18:2) Amekawoe le anyigba dzi egbea siwo to esia me ɖe wo ɖokui ɖa tso Babilon ƒe nufiafiawo, xɔsemeʋuʋuwo, nuwɔnawo, kple kɔnuwo me?’ Amekawoe wòaganye ne menye Yehowa Ðasefowoe o? Le Ðasefo siwo wu miliɔn 5.2 le dukɔ 230 kple edzivɔ me dome la, amesiwo katã de ha kple Babilon-subɔsubɔha aɖe kpɔ, eɖanye ɖe wodzi wo ɖe eme alo ɖe wotrɔ dzime na wo o, gblɔ be woaɖe yewoƒe ŋkɔ le wo me—togbɔ be ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, kple subɔsubɔhakplɔlawo gbena hetsia tre ɖe wo ŋu ɣeaɖewoɣi hã.

Eƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye Henry si nye ŋutsu South Africatɔ si nye woƒe sɔlemeha la ƒe gadzikpɔla eye wòku ɖe eŋu goŋgoŋ. Gake enɔ nyateƒea dim, eye gbeɖeka elɔ̃ be Yehowa Ðasefowo nawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye femaxee. Eteƒe medidi o, esime wòɖoe be yeava zu Ðasefo la, egblɔ na woƒe osɔfo si hã nye eƒe aƒelika la be yedi be yeado le sɔlemeha la me.

Ewɔ nuku na osɔfoa ŋutɔ eye emegbe ekplɔ sɔlemedzikpɔla la kple hamevi bubuwo yi Henry gbɔe. Wobiae nusita wòdo le sɔlemeha la me be yeava zu subɔsubɔha si, le woƒe nya nu la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe mele edzi o me. Henry gblɔ be: “Gbã la, mevɔ̃ be maɖo eŋu na wo, le esi wokpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe dzinye ɣesiaɣi ta. Gake medo gbe ɖa na Yehowa bia kpekpeɖeŋu, eye wòna meʋli ɖokuinye ta ale: ‘Le dukɔwo dome subɔsubɔhawo katã me la, wo dometɔ ka koe zãa Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa ɣesiaɣi? Ðe menye Yehowa Ðasefowoe oa? Ðe miebu be Mawu alɔ̃ eƒe ŋkɔ nanɔ wo ŋu evɔ wòagbe eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe tsɔtsɔ na woa?’” Sɔlememegãawo mete ŋu ɖe nya sia nu o, eye fifia Henry nye Yehowa Ðasefo.

Eyata esi gbea ɖi tso dziƒo be: “Mido go tso me” la, teƒe aɖe li nàyi. (Nyaɖeɖefia 18:4) Amewo li, siwo nye Mawu vavã, Yehowa, ƒe tadeagulawo, amesiwo gbɔ nàte ŋu asi ayi. Ame miliɔn geɖe si xoxo. Amesiwo woyɔna be Yehowa Ðasefowo la nye dukɔwo dome Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ, siwo le hame siwo wu 78,600 me, eye wole dzidziɖedzi gãtɔ kekeake le woƒe ŋutinya me la kpɔm fifia. Wona nyɔnyrɔ ame 1,200,000 kple edzivɔ le ƒe ene siwo va yi me! Hafi amesiawo katã naxɔ nyɔnyrɔ la, wowu Biblia sɔsrɔ̃ si ʋãa ame le gbɔgbɔ me la nu, si na woa ŋutɔwo te ŋu wɔ nyametsotso si ŋu gɔmesese nyui le be yewoado go tso subɔsubɔha bubu ɖesiaɖe si me yewonɔ tsã la me.—Zefanya 2:2, 3.

Ne vaseɖe fifia mède Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe le woƒe Fiaɖuƒe Akpata aɖe me kpɔ o la, ke nukata màyi le kwasiɖa sia me o? Ðewohĩ nusi nàkpɔ kple nya si nàse awɔ dɔ ɖe dziwò vevie. Eye ne èdi be yease Biblia gɔme la, nukata màbia Yehowa Ðasefo aɖe be wòasrɔ̃ nu kpli wò abe alesi ame bubu miliɔn geɖewo wɔ ene o? Ne èle gbe dom ɖa be Mawu ƒe Nya me gɔmesese vavãtɔ nasu ye si eye be nànɔ agbe ɖe Nya ma nu la, ke wò gbedodoɖa ava eme na wò.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Ame miliɔn geɖe le tɔtrɔm ɖe Yehowa Mawu ƒe tadedeagu ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe