INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 11/8 axa 32
  • “Aɖaŋuwɔla Gãtɔ Kekeake Didi”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Aɖaŋuwɔla Gãtɔ Kekeake Didi”
  • Nyɔ!—1996
Nyɔ!—1996
g96 11/8 axa 32

“Aɖaŋuwɔla Gãtɔ Kekeake Didi”

Nyɔ!, November 8, 1995, ƒe tanyae nye ma. Exlẽla siwo le xexeame katã kpɔ dzidzɔ ɖe nyatia ŋu.

Amang ŋlɔ tso Douala, Cameroon, bena: “Nyatiawo wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ elabena aɖaŋudɔ dzɔa dzi nam, vevietɔ nutata nyuiwo. Fifia mekpɔe be Aɖaŋuwɔla aɖe li si nya dɔ wu Van Gogh, Rembrandt, Da Vinci, kple bubuawo—Yehowa Mawu ŋutɔe nye ame ma.”

Frederick si tso St. Barthélemy le Franseawo ƒe West Indies la gblɔ be: “Mexlẽe zi gbɔ zi ene sɔŋ, eye le ɖesiaɖe me la, meda akpe ɖe nu dzeani siwo mía Wɔla tsɔ na mí la ta vevie.”

Assunta ŋlɔ tso Italy be: “Ena nutata dzrom. Ena nye dzonɔameme ɖe Mawu ƒe xexeme yeyea ŋu nu sẽ ɖe edzi.” Eye Irena si tso Czech Dukɔa me gblɔ be: “Ne míeɖi tsa yi blemanudzraɖoƒewo la, ele be míaxe fe hafi akpɔ aɖaŋudɔwo, gake dzɔdzɔmenu dzeaniwo katã Wɔla la tsɔe na mí femaxee, gbesiagbe.” Aline ŋlɔ tso Brazil be: “Togbɔ be nyatiwo dona enuenu siwo kpena ɖe mía ŋu be míakpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe amenyenye ŋu hã la, esiawo de dzi gbɔ nam. Wogblɔ nya geɖe le nuwɔwɔ ŋu si na míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ŋu dzi ɖe edzi.”

Anne ŋlɔ tso Wisconsin, U.S.A., ƒe vuvɔŋɔli ƒe fafa la me be: “Ena mekpɔ ŋudzedze ɖe nuwɔwɔ ƒe atsyɔ̃ ŋu. Ekpɔkpɔ sesẽna ɣeaɖewoɣi le vuvɔŋɔli me. Gbemagbe ke si mexlẽ nyatia la, medo ɖe xexe eye melé ŋku ɖe tsi si bla ɖe atilɔ aɖe ŋu, aŋgba aɖe si sno bla, kple lãwo ƒe afɔteƒewo le sno la dzi ŋu. Megale akpe dam na mi ɖe ŋkuɖoɖo alesi míate ŋu akpɔ ŋudzedze ɖe ‘Aɖaŋuwɔla Gãtɔ Kekeake’ ŋu dzi la ta.”

Ne èdi be yeanɔ magazine sia xɔm edziedzi la, ke taflatse kpɔ Yehowa Ðasefo siwo le wò nutoa me alo nàŋlɔ lɛta aɖo ɖe adrɛs siwo woɖo ɖe axa 5 dometɔ si te ɖe ŋuwò wu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe