“Dɔ Nyui Aɖee Miewɔ na Ameƒomea”
“Dɔ nyui aɖee miewɔ na ameƒomea be mieta agbalẽ sia. Nukunue. Nyaawo sɔ ale gbegbe. Edze be woakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu.
“Nusi na agbalẽa nyo enye be eƒo nu le mawusubɔsubɔ ƒe akpa ɖesiaɖe ŋu, eye mieɖɔ ŋu ɖo gblɔe ale gbegbe be meɖe ɖeklemi o. Miawoe wɔ dɔ. Miawoe wɔ dɔ kakaaka.”
Agbalẽ ka ŋue ɖɔkta si ŋlɔ lɛta sia si tso Tiruchchirappalli, India, nɔ nu ƒom le? Eyae nye Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee, si nye axa 384-gbalẽ si ƒo nu tso xexeamesubɔsubɔha gãwo ƒe dzɔtsoƒe kple nufiafiawo ŋu—Hindu-subɔsubɔ, Buddha-subɔsubɔ, Tao-subɔsubɔ, Konfusio-subɔsubɔ, Shinto-subɔsubɔ, Yuda-subɔsubɔ, Kristotɔnyenye, kple Islam-subɔsubɔ. Ta mamlɛawo ƒo nu le alesi amewo megaxɔ Mawu vavã la dzi se o kple tɔtrɔ yi egbɔ ŋu. Wota agbalẽ sia miliɔn 16 kple edzivɔ ɖe gbegbɔgblɔ 37 me.
Ame aɖe tɔe ɖɔkta la xɔ xlẽ. Edi be woana ɖeka ye. Ne èdi be agbalẽ sia si kɔ nu me nanɔ ye hã si la, ke taflatse te ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me alo nàŋlɔ agbalẽ aɖo ɖe adrɛs siwo le magazine sia ƒe axa 5 la dometɔ ɖeka si tsɔ ɖe gbɔwò.