INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 7/8 axa 32
  • Woɖo Eƒe Biabiawo Katã Ŋu Nɛ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woɖo Eƒe Biabiawo Katã Ŋu Nɛ
  • Nyɔ!—1997
Nyɔ!—1997
g97 7/8 axa 32

Woɖo Eƒe Biabiawo Katã Ŋu Nɛ

Ŋutsu aɖe si gbɔ Yehowa Ðasefowo yi le India la kpɔe be woƒe nufiafia to vovo sã tso nusi wofia ye le sɔleme gbɔ. Woa kple Yehowa Ðasefowo dzro nya sia me eye wòŋlɔ agbalẽ gɔ̃ hã na woƒe alɔdzedɔwɔƒe si le India tsɔ bia nya geɖewo.

Ke gbeɖeka ŋutsua ŋlɔ agbalẽ aɖe si me nyawo dze egɔme be: “Nɔvinye lɔlɔ̃tɔ veviwo le Lonavla”—afisi India Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea le ye. Eɖe nu me be: “Woɖo nye ɖikekewo kple biabiawo katã ŋu nam le May 8, 1995, ƒe Nyɔ! magazine me, le tanya si nye ‘Èbu Wo Ŋu Kpɔa?’ la te. Meva ka ɖe edzi bliboe be Yehowa Ðasefowo sie nyateƒea le.”

Nyɔ! me nyati ma ɖo biabia siwo tɔgbe gbɔna ŋu: “Ðe tadedeagu vavãtɔ adze agbagba be yeatsɔ Mawu ƒe ŋkɔ si wòɖe fia la aɣla alo atsɔ bubu aɖo eteƒea?” “Agbe ka ƒomevie wòle be subɔsubɔha vavã ƒe nufiafia nana woanɔ?” “Ðe tadedeagu si dzea Mawu ŋu aɖe mɔ ɖe aʋawɔwɔ kple ameƒomevi alo to bubu me tɔwo wuwu ŋua?”

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Míeka ɖe edzi be Nyɔ! ate ŋu akpe ɖe wò hã ŋu le wò Biblia me nyateƒea didi me. Ne àdi be woaɖo ɖe ɖe ye alo ame aɖe nava wò aƒeme ava dzro Biblia me kpli ye la, ke taflatse ŋlɔ agbalẽ na Watch Tower, Box 760, Accra, Ghana, alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 5 lia atsɔ aŋlɔe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe