INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 8/8 axa 32
  • “Dzi Dzɔ Wo abe Ðeviwo Ene”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Dzi Dzɔ Wo abe Ðeviwo Ene”
  • Nyɔ!—1997
Nyɔ!—1997
g97 8/8 axa 32

“Dzi Dzɔ Wo abe Ðeviwo Ene”

Nenemae Sergei si xɔ ƒe 32 si si vi etɔ̃ le la gblɔ tso alesi exɔlɔ̃wo wɔ nui esime wòtsɔ agbalẽ si nye Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? la fia wo ŋu. Tatarstan, Russia, ye Sergei le, eye aleae wògblɔ nusi dzɔe nye si:

“Gbã la, míelé ŋku ɖe nɔnɔmetatawo ŋu eye míexlẽ nya siwo woŋlɔ kpe ɖe wo ŋu. Emegbe míedzro nu me wòde to nyuie. Xɔ̃nyewo katã nye vifofo kple vidada siwo metsi boo o . . . Easter dzi kple mawutsidetaɣiwo koe mí katã míedea sɔleme, eye míaƒe sɔlemedede ƒe seɖoƒe koe nye ema.

“Gake miaƒe agbalẽa lé dzi na mí ale gbegbe! Agbalẽa ƒe akpa dzi nutata si ŋu wotrɔ asi le wòdze ani la hea ame ƒe susu enumake. Ne èdze exexlẽ gɔme la, màlɔ̃ be yeaɖe asi le eŋu o. Àdi be yeagblɔ nusi yexlẽ la na ye nɔviwo. Gakpe ɖe eŋu la, ne èxlẽe eye ègblɔ emenyawo na ame bubuwo vɔ la, wò dzi adze eme eye àkpɔ dzidzɔ. Nusi vivia ame nu, si me nunya le, eye viɖe le eŋu la su mía si mlɔeba.

“Naneke mele mía si le gbɔgbɔ me o vavã. Ganyawo, kuxiwo, dzimaɖitsitsiwo, kple nugbeɖoɖowo ŋu koe amesiame ƒoa nu tsoe. Ðeko nusiawo gbãa dzi na ame. Ne èbu wo ŋu vɔ la, màte ŋu adɔ alɔ̃ kaba o, eye ne ŋu ke la màdi be yeafɔ agado go amegbetɔ ƒe kuxi gbogboawo o.”

Ðewohĩ nenemae nèsena le ɖokuiwò me eye àdi be agbalẽ wɔdɔɖeamedzi sia si Yehowa Ðasefo siwo nye dukɔwo dome habɔbɔ si me Biblia srɔ̃la miliɔn atɔ̃ kple edzivɔ le tana la nasu ye si. Ne èdi numeɖeɖe bubuwo alo nèdi be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye femaxee la, ke taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Watch Tower, Box 760, Accra, Ghana, alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 5 lia.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe