Chitenge Avɔ si Wozãna le Mɔ Geɖe Nu
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE NAMIBIA GBƆ
CHITENGE—ènya nusi wònyea? Ne vovoɣi via aɖe anɔ ŋuwò la, ke va míazɔ mɔ kpui aɖe ayi Afrika-kɔƒe aɖe me ne nàkpɔ chitenge si wozãna le mɔ vovovo nu le dɔwɔwɔ kple fefe me la ɖa.
Kɔƒe si me yim míele lae nye Rundu, Namibia. Afisi mía tɔ ɖo gbãe nye asiƒleƒe tɔzi la. Nyɔnu siwo ɖo nukomo la le asi nyim, le nu ƒlem, le nu dzram alo tɔ ko le dze ɖom. Gake ne èda ŋku ɖi nyuie la, àkpɔe be avɔ ɖedzesi aɖee le wo katã kloe ŋu wònye taɖedzi si woyɔna be chitenge.
Chitenge si nye avɔ si wowɔ kple ɖetifu la didina meta eve hekekena meta ɖeka kple afã, eye enɔa amadede vovovo kple atsyɔ̃ɖoɖo geɖe me. Wota lãwo ɖe ɖewo me, eye wota amewo alo anyigba ƒe nɔnɔmewo ɖe bubuwo me.
Emegbe míayi kɔƒea me tɔ aɖewo gbɔ le woƒe anyixɔ siwo wotu nyuie hetsɔ be gbãe la me. Nyɔnuawo ƒe ŋku biã ɖe woƒe aƒemedɔwo ŋu—wole ke lɔm le woƒe aƒea ƒe xɔxɔnu alo le dzo dom be woaɖa nu na ƒomea. Chitenge dzaa koe ame aɖewo ta, le esia me la, wotae ɖe akɔta abe aƒemenɔwu tɔgbe aɖe ene. Ne nyɔnuawo dzra ɖo—ɖewohĩ ne wodo dzi kple anyi la—wotaa chitenge ɖe edzi bene woƒe awua nagaƒo ɖi o ne wole kɔƒea me mɔ siwo dzi ʋuʋu le la zɔm.
Èlé ŋku ɖe ɖetugbui dzetugbee ma ŋua? Etsɔ chitenge—meta evea katã—bla taku totro dzeani aɖe. Eye kpɔ alesi wòkpa viae ɖa. Etsɔ chitenge bubu bla hesae ɖe eƒe abɔta. Via kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be Dadaa kpae alea ɖe dzime. Ne ɖevia te avifafa la, ɖeko wòahe avɔbabla la ɖe ŋgɔgbe ahana noe alo afa akɔ nɛ esi wòle azɔli dzi.
Ðewohĩ èkpɔ alesi wòsa kɔ eƒe ga ɖe eƒe taɖedzia toe hã—ezu gakotoku nyui aɖe. Ne eƒle nu vɔ la, etua chitenge bubu, tsɔa detsiƒonuawo dea eme, blaa wo nyuie ɖe avɔa me, eye wòtsɔa agba bablɛ la ɖoa ta hetsɔnɛ yia aƒee.
Ne eɖo eƒeme la, àkpɔ mɔ bubu siwo nu wòzãa avɔ sia wɔa nu vovovowo aɖaŋutɔe. Wosaa chitenge si le amadede nyui me ɖe xɔ ɖesiaɖe ƒe mɔnu. Abe alesi nàkpɔe ene la, xɔmetsogli aɖeke meli o. Wotiaa ka didi aɖe tso xɔdɔmea ƒe go ɖeka dzi ɖoa go kemɛ dzi, eye wosaa chitenge ene ɖe eŋu tsɔ maa anyinɔxɔa kple xɔdɔmea mee.
Esi míaƒe aƒenɔa dro eƒe detsiƒonuawo ɖi la, ekpɔe be nake vɔ le ye si. Hafi wòadze mɔ ayi gbe me aɖafɔ nake ta ɖeka la, ekpɔa egbɔ be chitenge bubu gale ye si. Ne efɔ nakea vɔ la, etsɔa chitenge ɖeka blaa nake la katã ƒoa ƒui. Emegbe etsɔa chitenge bubu hea tsihe titri aɖe ɖoa tae. Esia nye nu bɔbɔe nyui si dzi wòtsɔa nake ta gã la ɖo yia aƒee.
Esi mía xɔlɔ̃a ƒe nuɖuɖua te fiefie la, eɖoe be yeatsɔ ɣeyiɣi kpui aɖe asrã yeƒe aƒelikawo akpɔ. Esi wòle nu ƒom le asi dam ɖe edzi la, etsɔ eƒe chitenge la ɖo ɖe anyigba abe kuntru ene eye wòtsɔ via mlɔ edzi. Eko nu dzidzɔtɔe tsɔ le akpe damee na dadaa esi wòtsɔ ati kpui aɖe de esi be wòatsɔ afee.
Eteƒe medidi o eva hiã be mía xɔlɔ̃ la nadzo aɖakpɔ nuɖuɖua ɖa. Gake tsi ɖo hete dzadza enumake. Dzimatsimatsitɔe la, etsɔ via de axada me eye wòhe chitenge la tsyɔ ta bɔbɔe. Esi wòkpɔ xexi ɖe woƒe ta enumake la, eɖo ta aƒeme yina nuɖuɖua kpɔ ge ɖa.
Taɖedzi, aƒemenɔwu, gakotoku, agbatsɔkotoku, tsihe, kuntru, xexi, vikpavɔ, taku—chitenge ŋudɔwɔnuwo sɔ gbɔ ŋutɔ eye wonye Afrikatɔ siawo ƒe aɖaŋudzedze ƒe kpeɖodzi.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 27]
Wozãa “chitenge” wɔa nu geɖe: nakeblaka, vikpavɔ, taku dzeani, kuntru dzeani