INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 2/8 axa 32
  • Russia Nyɔnuvi aɖe ƒe Mɔkpɔkpɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Russia Nyɔnuvi aɖe ƒe Mɔkpɔkpɔ
  • Nyɔ!—1998
Nyɔ!—1998
g98 2/8 axa 32

Russia Nyɔnuvi aɖe ƒe Mɔkpɔkpɔ

NYƆNUVI ƒe 15 vi aɖe si le Russia-dugã, Ukhta, si me nɔlawo wu 100,000, si le Moscow ƒe dzieheɣedzeƒe gome, eye egbɔ didi kilometa 1,200 kple edzivɔ la, di vevie be nuwo nava ka ɖe eme le anyigba dzi. Eɖe eƒe didia gblɔ le lɛta si gbɔna si wòŋlɔ na Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Russia me be:

“Xɔ̃nye gblɔ nam be agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ la ƒo nu tso Yesu Kristo ƒe agbenɔnɔ ŋu. Miaƒe agbalẽwo, magazinewo, kple agbalẽ gbadzawo dzɔa dzi nam ŋutɔ. Mina magblɔ nusi na meva le dzidzɔ dom ɖe wo ŋu la na mi. Edzɔ esime meyi telegraf dɔwɔƒe be maxe radio kple telefon fewo. Mefɔ trakt aɖe le anyigba le afima. Metsɔe, eye meʋuʋu ɖi le eŋu, hedze trakt la si ƒe tanyae nye Nukata Fukpekpe Le Agbe me Alea Gbegbe Ðo? xexlẽ gɔme.

“Mexlẽ nu tso kuxi kple fukpekpe siwo me tom amewo le la ŋu, eye wota agbe yeye nɔnɔ le Paradiso si ƒe ŋugbe wodo me la ɖe trakt la ƒe akpa dzi. Mele mɔ kpɔm be ava eme gbeɖeka. Medi ŋutɔŋutɔ be amewo katã nanɔ dzidzɔ me, woƒe dzi nadze eme, eye woanɔ lãmesẽ me kple be makpɔ eteƒe ƒometɔ siwo ku la nafɔ ɖe tsitre. . . . Medi be manya nusi wòle be mawɔ bene agbenɔnɔ le Paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ nasu asinye. Meɖe kuku na mi miɖo numekɔkɔ alo agbalẽ aɖewo ɖem. Maxe fe ɖe agbalẽawo kple wo ɖoɖoɖa ta.”

Agbalẽ siwo akpe ɖe ŋuwò be agbenɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ like si wotu ɖe Biblia dzi nasu asiwò la ate ŋu aka wò hã si. Ne àdi be agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di Tso Mía Si? naka ye si alo be ame aɖe nava wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kple ye la, ke taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Watch Tower, Box 760, Accra, Ghana, alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 5 lia.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe