INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 8/8 axa 32
  • ‘Enye Etɔxɛ’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Enye Etɔxɛ’
  • Nyɔ!—1998
Nyɔ!—1998
g98 8/8 axa 32

‘Enye Etɔxɛ’

Esi nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 70, si tso Moscow, le Russia, xlẽ agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ, si nye agbalẽ aɖe si me wodze agbagba ŋlɔ nudzɔdzɔ ɖesiaɖe le Yesu ƒe anyigbadzigbenɔnɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Nyanyuigbalẽ eneawo me vɔ la, egblɔ dzidzɔtɔe be: “Nyemexlẽ agbalẽ sia tɔgbe kpɔ o. Medi be manya nu geɖe tso Mawu kple Yesu Kristo ŋuti eye medi be masrɔ̃ Biblia gɔ̃ hã.”

Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Russia xɔa lɛta siawo tɔgbe edziedzi le Biblia-srɔ̃gbalẽwo ŋuti. Nyɔnu aɖe si le Chelyabinsk, si nye du si me tɔwo sɔ gbɔ wu ame miliɔn ɖeka sã si didi anɔ kilometa 1,500 tso Moscow gbɔ, le eƒe anyieheɣedzeƒekpa dzi hã ɖo lɛta sia tɔgbe ɖa.

Egblɔ tso Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ la ŋu be: “Agbalẽa nye etɔxɛ. Enaa etsɔme si me dzidzɔ anɔ ƒe mɔkpɔkpɔ amewo eye wòkpena ɖe wo ŋu be woanya nu tso blemaŋutinya hã ŋu. Hafi mava ke ɖe agbalẽ sia ŋu la, nyemebu tame le Mawu ŋuti kpɔ o eye mawusubɔsubɔ metsɔ fu le lãme nam kpɔ o, gake fifia medi be maxɔ nyɔnyrɔ. Medi vevie be masrɔ̃ miaƒe agbalẽwo. Medi be maƒo nu tso nusiwo mexlẽ ŋu na xɔ̃nyewo, ame nyanyɛwo, kple ƒometɔwo.”

Wò hã àte ŋu axɔ agbalẽ si akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu geɖe tso Yesu kple mɔkpɔkpɔ na agbenɔnɔ le xexe yeye aɖe me si wotu ɖe Biblia dzi ŋu. Ne àdi be yeaxɔ Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ƒe agbalẽa alo ne àdi be ame aɖe nava srã ye kpɔ adzro Biblia me kpli ye le yeƒe aƒeme femaxee la, taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Watch Tower, Box 760, Accra, Ghana, alo nazã adrɛs si sɔ le axa 5 lia.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe