INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 11/8 axa 31
  • Eƒe Xɔse Do Ŋusẽe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Eƒe Xɔse Do Ŋusẽe
  • Nyɔ!—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Fofo Eve Dometɔ si Metia
    Nyɔ!—1998
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Megbɔdzɔ Gake Ŋusẽ Le Ŋunye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Sɔhɛ Siwo Lɔ̃ Nyateƒea
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 11/8 axa 31

Eƒe Xɔse Do Ŋusẽe

NYƆNUVI ƒe 17 vi aɖe ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Moldova, si le afisi nye Soviet Union tsã, tsɔ ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe nyati aɖe si dze le June 8, 1998, ƒe Nyɔ! me ŋu. Nyatia ƒe tanyae nye “Fofo Eve Dometɔ si Metia,” eye eƒo nu tso Armeniatɔ sɔhɛ aɖe ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu.

Nyɔnuvia ɖe eme be: “Esime menɔ nyatia xlẽm la, aɖatsi loló ɖe ŋku dzi nam le esi eƒe nuteƒekpɔkpɔa sɔ kple tɔnye ta.” Eyi edzi be: “Esi mexɔ ƒe 15 la, medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme, eye dzinyelawo metsi tre ɖe ŋunye le gɔmedzedzea me o. Gake esi meva dze egɔme nɔ Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dem la, womeda asi ɖe edzi kura o. Emegbe esime medze nusi srɔ̃m mele gbɔgblɔ na amewo gɔme le ƒe 1997 me la, wogblɔ nam be: ‘Yi xɔ̃wò Ðasefowo gbɔ ne woana nuɖuɖu wò, woana awu wò nàdo, eye woadi dɔ na wò nàwɔ. Nyɔnuvi dzeaglã aɖee nènye!’ Dzinyelawo ƒom hetsɔ nye ta tu gli gɔ̃ hã.

“Dodokpɔ sesẽ aɖee esia nye nam. Mesena le ɖokuinye me enuenu abe alesi Armeniatɔ sɔhɛa se le eɖokui me ene, amesi gblɔ be yebiaa ye ɖokui sena ɣeaɖewoɣi be ɖe Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe ye ŋu hã. Megblɔ ɖe tame be ‘Ðe viɖe aɖeke mele ŋunye oa? Ðe Yehowa atsɔ nuvɔ̃ siwo mewɔ va yi akema? Ðe Yehowa galɔ̃ma?’

“Esesẽ nam ŋutɔ, vevietɔ esime mebui be Yehowa megalɔ̃m o. Zi geɖe la, meɖea kuku na Yehowa le nye gbedodoɖawo me kple aɖatsi, be wòakpe ɖe ŋunye, ado ŋusẽm be magagblẽ eyama ɖi gbeɖe o. Le nyateƒe me la, mekpɔe be Yehowa se nye gbedodoɖawo kple nye kukuɖeɖewo. Ena tenɔnɔ sesĩe, tameɖoɖo kplikpaa, kple dzideƒom. Ewɔ esia vevietɔ to eƒe Nya dzi, afisi hakpala la ɖe gbeƒã dzideƒotɔe le be: ‘Elabena fofonye kple danye wogblẽm ɖi, ke Yehowa xɔm.’​—Psalmo 27:⁠10.

“Le September 27, 1997 dzi la, mexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe dzi na Yehowa, le Yehowa Ðasefowo ƒe nutome sue takpekpe aɖe me le Kagul. Mete ŋu kpɔe dze sii kɔte be Yehowa, míaƒe Dziƒofofo lɔ̃amea, wɔa eƒe ŋugbedodo siwo ŋuti woƒo nu tsoe le Psalmo 84:​12 la dzi be: ‘Ɣe kple akpoxɔnue nye Yehowa Mawu; Yehowa na amenuveve kple bubu, eye metea nu nyui amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la o.’

“Meda akpe geɖe na Armeniatɔ sɔhɛ ma si gblɔ eƒe ŋutinya si tua xɔse ɖo, ɖe Nyɔ! magazinea me. Mele mɔ kpɔm be dzinyelawo kple eya hã tɔwo ava tsɔ ɖe le Biblia ƒe nufiafiawo me mlɔeba.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe