INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 12/8 axa 32
  • Mawudzimaxɔsela aɖe Kpɔ Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawudzimaxɔsela aɖe Kpɔ Ŋuɖoɖowo
  • Nyɔ!—1999
Nyɔ!—1999
g99 12/8 axa 32

Mawudzimaxɔsela aɖe Kpɔ Ŋuɖoɖowo

“MIAƑE Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazine me nyatiwo nyo ale gbegbe! Esiwo mieta nyitsɔ laa léa dzi na ame ŋutɔ! Woɖoa nyabiabia geɖe ŋu eye wonaa susu me dzea akɔ anyi.”

Nenemae nuxlẽla aɖe si tso anyiehe India gblɔ. Wodzii wònye Hindutɔ, gake fofoa nyii wòva zu mawudzimaxɔsela. Egblɔ be: “Nyemekpɔ taɖodzinu aɖeke le agbe ŋu o. Darwin ƒe nɔnɔmetɔtrɔ nufiafia ɖi susumanɔmenya nam. Biabiawo ɖe fu nam ƒe geɖe, woƒe ɖewoe nye Amekae nye Mawu? Nukata xexeame gblẽ ale? Afika míeyina ne míeku? Ðe gbɔgbɔ vɔ̃wo li nyateƒea?”

Esi nuxexlẽla sia kpɔ ŋuɖoɖoawo le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me la, edɔ magazine evea siaa, edɔ ɖe na nɔvianyɔnu, eye emegbe emaa magazineawo na amesiwo wòdoa goe. Esi wònye fotoɖela kple nutala ta la, ekafu aɖaŋudɔ siwo le magazineawo me siwo “ƒoa nu le wo ɖokui si.” Àte ŋu anye ame miliɔn geɖe siwo kpɔ ŋuɖoɖo na woƒe biabiawo le xexeame katã eye woƒe susu me dze akɔ anyi la dometɔ ɖeka ne èxlẽ magazine nyui siawo.

Ne èdi be yeanya nu geɖe tso Mawu kple eƒe tameɖoɖo na mí ŋu la, adzɔ dzi na mí be míaɖo agbalẽ gbadza si nye Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? si womana le xexeame godoo ɖe wò femaxee. Kpe nudɔgbalẽvi si kpe ɖe eŋu la ɖo eye nàɖoe ɖe adrɛs si dze le edzi alo nàzã adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.

[Picture Credit Lines on page 32]

AKPAA DZI, axa 2-⁠9 kple 32: Einstein: U.S. National Archives photo; Model-T Ford: From the Collections of Henry Ford Museum & Greenfield Village; Great Depression: Dorothea Lange, FSA Collection, Library of Congress; Nicholas II and family: From the book Liberty’s Victorious Conflict; League of Nations building: U.S. National Archives photo; Churchill: The Trustees of the Imperial War Museum (MH 26392); Battleship: U.S. Navy photo; Atomic bombs: USAF photo; Gandhi: Culver Pictures; Man on the moon: NASA photo; Pollution: Godo-Foto; Mao Tse-tung: Culver Pictures; African children: FAO photo/F. Botts; Statue of Lenin: Juraatis/Sipa Press; Space shuttle: NASA photo; Archduke Ferdinand: From the book The War of the Nations; Lenin: Musée d’Histoire Contemporaine-BDIC

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe