Wonɔ Wo Kpɔm
ƑEWUIVI eve aɖewo yi nuɖuɖudzraƒe aɖe be yewoaɖu ŋdinu le Ohio, U.S.A., ƒe duvi aɖe me. Hafi woaɖu nua la, wobɔbɔ ta hedo gbe ɖa le ɖoɖoezizi me, abe alesi wowɔnɛ ɖaa ene.
Emegbe nyɔnu aɖe si nɔ wo kpɔm la va wo gbɔ le kplɔ̃a ŋu eye wòtsɔ agbalẽvi si dzi woŋlɔ fe si woaxe la ɖo. Egblɔ na wo be: “Le xexe sia si me míesea nya vɔ̃ geɖe tso míaƒe sɔhɛwo ŋu le la, enye nusi mebɔ o eye wòhefaa dzi na ame be woakpɔ ɖekakpui eve woagbɔ dzi ɖi ada akpe na Mawu ɖe woƒe nuɖuɖu ta. Medi be maxe miaƒe ŋdinuɖuɖua ƒe fe na mi.”
Ðekakpuiawo tsi yaa gake wodze agbagba te ŋu da akpe na nyɔnua. Emegbe wogblɔ be yewomedi be yewoana nyɔnua nasusu be Mawu dzro aɖe koe yewonɔ gbe dom ɖa na o. Eyata wo dometɔ ɖeka te ɖe nyɔnua ŋu, eye esi wògada akpe nɛ vɔ megbe la, eɖe eme nɛ be Yehowa Ðasefowoe yewonye.
Enye nusi Yehowa Ðasefowo wɔna ɖaa be wosrɔ̃a Biblia kple woƒe ƒomewo. Ŋutsuvi siawo dzilawo srɔ̃a nu kpli wo. Agbalẽ siwo ƒomeawo srɔ̃na dometɔ ɖekae nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Ta 19 siwo le agbalẽ sia me dometɔ ɖeka ƒe tanyae nye “Alesi Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu.”
Àte ŋu abia woaɖo axa 192 Biblia-srɔ̃gbalẽ sia ɖeka ɖe wò ne èkpe agbalẽvi si le afisia ɖo heɖoe ɖe adrɛs si wona le ete alo ɖoe ɖe adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.
□ Miɖo agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ɖeka ɖem.
□ Taflatse miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.