Woate Ŋu Akpɔ Dzidzɔ le Ƒomegbenɔnɔ Me!
AƑENƆ aɖe si xɔ ƒe 23, si tso Maladzyechna, le Belarus, ŋlɔ lɛta ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Russia. Egblɔ be srɔ̃ kple vi eve le ye si. Eŋlɔ be: “Mía kple srɔ̃nye míelɔ̃a mía nɔewo. Gake mede dzesii be esi míaƒe srɔ̃ɖeɖea nɔ tsitsim la, míaƒe dzikudodo ɖe mía nɔewo ŋu nɔ dzidzim ɖe edzi eye míehea nya dzodzro. Ɣleti ʋɛ aɖewo enye esi va yi la, amedzro aɖe tɔ ɖe ŋunye le ablɔdzi eye wònam trakt si ƒe tanyae nye Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me. Gbã la, nye susu yi ƒome kpɔdzidzɔ ƒe kpɔɖeŋu nɔnɔmetata dzeania dzi. Emegbe meva xlẽ emenyawo eye metsɔe na srɔ̃nye be wòaxlẽ.
“Ewɔ nuku be menye ɖeko míaƒe ƒomegbenɔnɔa ka ɖe eme o, ke boŋ magblɔe be nɔnɔmeawo trɔ keŋkeŋ. Fifia míeva kpɔe be menye nu sesẽ boo aɖekee wòbia hafi ame nanye dzidzɔkpɔla o. Nusi wòbia koe nye agbagba vi aɖe dzedze be woaɖe lɔlɔ̃ deto afia kple nunana ame. Nusi le vevie enye be nànɔ agbe ɖe Mawu ƒe sededewo nu, nàlɔ̃ Mawu eye nàna nu ame, tsɔ kpe ɖe ƒometɔwo kple amedzrowo ŋu.”
Eƒo nya ta be: “Agbenɔnɔ va le bɔbɔe eye míekpɔa dzidzɔ geɖe. Míedi be míayi edzi asrɔ̃ Biblia ahafiae mía viwo hã.”
Míeka ɖe edzi be Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me ƒe trakt sia aɖe vi na wò hã. Adzɔ dzi na mí be míatsɔ axa 192-gbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona hã akpe ɖe eŋu na wò. Ne èdi trakt kple agbalẽ sia ƒe ɖe la, ke kpe nudɔgbalẽvi si kpe ɖe eŋu la ɖo nàɖoe ɖe adrɛs si dze le nudɔgbalẽvia dzi alo aɖoe ɖe adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.
□ Miɖo trakt si nye Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me kple agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ɖem.
□ Taflatse miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.