INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g04 1/8 axa 3
  • Susu Madzeakɔnyiawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Susu Madzeakɔnyiawo
  • Nyɔ!—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tenɔnɔ Ðe Seselelãme Trama Dɔwo Nu
    Nyɔ!—2004
  • Mɔkpɔkpɔ Si Li na Dɔnɔawo
    Nyɔ!—2004
  • Dzesiawo Kpɔkpɔ Adze Sii
    Nyɔ!—2001
  • Wozua Vidada Kaba Akpa
    Nyɔ!—2005
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2004
g04 1/8 axa 3

Susu Madzeakɔnyiawo

NICOLE ɖoa ada ɣeaɖewoɣi tso esime wòxɔ ƒe 14. Ke esime wòxɔ ƒe 16 la, nu yeye aɖe—dzidzɔ kple ŋusẽ manyatalenu aɖe ƒe ameŋuɖoɖo—te fuɖeɖe nɛ. Nuwo ŋu bubu nyamanyama, nuƒoƒo tramatrama, kple alɔ̃madɔmadɔ tsɔ kpe ɖe nazã dzodzro bubu be ye xɔlɔ̃wo le ye tafam nɔ fu ɖem nɛ. Emegbe Nicole gblɔ be yeate ŋu atrɔ nuwo ƒe amadedewo alesi yelɔ̃. Ɣemaɣie Nicole dada va de dzesii be edze dɔ eye wòkplɔ Nicole yi kɔdzii. Esi ɖɔktawo lé ŋku ɖe Nicole ƒe seselelãme siwo nɔ tɔtrɔm ŋu nyuie hena ɣeyiɣi aɖe megbe la, wote ŋu ke ɖe dɔ si lém wònɔ ŋu mlɔeba: Bipolar disordera (nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ) lémee Nicole nɔ.

Abe Nicole ene la, ame miliɔn geɖe le seselelãme trama dɔwo—eɖanye nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ loo alo blanuiléle si nu sẽ ƒomevi aɖe—lém le xexeame godoo. Dɔléle siawo ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu ale gbegbe. Nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ léla aɖe si ŋkɔe nye Steven gblɔ be: “Mese veve le ɖokuinye me ƒe geɖe. Meléa blanui vevie eye sẽ kple sẽ ko dzi dzɔam wògbɔa eme. Dɔdamɔnuwo kple atikewo zazã kpe ɖe ŋunye, ke hã, menɔ bɔbɔe o.”

Nukae nana woléa seselelãme trama dɔwo? Alekee nuwo nɔna na amesiwo le blanuiléle alo nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ lém? Aleke woate ŋu akpe ɖe dɔ siawo lélawo—kple wo dzikpɔlawo—ŋui?

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Wogayɔnɛ be manic-depressive disorder (dzidzɔkpɔkpɔ kple blanuiléle trama ƒe dɔ). Taflatse de dzesii be bubuɖeameɖokui, atikevɔ̃ɖizazã, alo ƒewuimenɔnɔ ƒe tɔtrɔwo gɔ̃ hã te ŋu nana dzesi siawo dometɔ aɖewo dzena le ame ŋu. Dodokpɔ si dɔdala bibi aɖe awɔ dzi koe wòle be woato anya dɔ si lém amea le.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe