INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g04 4/8 axa 19
  • Wole Nya Hem le Mose Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wole Nya Hem le Mose Ŋu
  • Nyɔ!—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mose—Alesi Eƒe Agbenɔnɔ Ka Wòe
    Nyɔ!—2004
  • Ame Kae Nye Mose?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Ave Si Le Bibim
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Mose​—Ame Si Lɔ̃a Ame
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2004
g04 4/8 axa 19

Wole Nya Hem le Mose Ŋu

ZI GEÐE la, Yudatɔwo, Kristotɔwo, kpakple Moslemtɔwo melɔ̃na ɖe nu ɖeka dzi le nu geɖe me o. Togbɔ be masɔmasɔwo le xɔseha siawo dome alea hã la, woƒe susu wɔ ɖeka le nu ɖeka aɖe ya ŋu: wodea bubu deto amesi woyɔna be Mose ŋu. Yudatɔwo dea bubu eŋu be eyae nye “Yudatɔwo ƒe nufiala gãtɔ kekeake”​—amesi ɖo Yuda dukɔa gɔme anyi. Kristotɔwo bunɛ amesi ta mɔ na Yesu Kristoe. Moslemtɔwo bua Mose woƒe nyagblɔɖila gbãtɔwo kple gãtɔwo dometɔ ɖekae.

Eyata Mose nye amesiwo ƒe nu wɔa dɔ ɖe ame dzi le ŋutinya me wu la dometɔ ɖeka. Togbɔ be ele alea hã la, anye ƒe alafa ɖeka kple edzivɔwoe nye sia agbalẽnyalawo kple nunɔlawo siaa va le ɖi kem le Mose ƒe anyinɔnɔ ŋu. Menye Mose ƒe nukunuwo wɔwɔ kple Israel-viwo kpɔkplɔ tso Egipte dzixɔxɔse ɖeɖeko ŋue wo dometɔ geɖewo kea ɖi le o, ke boŋ wokea ɖi le eƒe anyinɔnɔ ŋutɔŋutɔ kpɔ va yi gɔ̃ hã ŋu. Agbalẽ si nye Moses​—A Life si Jonathan Kirsch ŋlɔ ƒo nya ta be: “Nya si míate ŋu agblɔ tso amesi woyɔna be Mose le ŋutinya me ŋu koe nye be Biblia me me sia anya nɔ anyi gbaɖegbe ʋĩ le didiƒe aɖe ke le ɣeyiɣi si míate ŋu anya o me, eye eƒe dɔ ɖedzesiwo anya zu nyateƒenya sue siwo ŋu wonɔ xo tum le vivivi le ƒe alafawo me vaseɖe esime eya amesi woyɔ be Mose la va zu amesi ƒe nu wɔa dɔ ɖe ame dzi kple amesi ŋu wohea nya le, si ƒe nya míexlẽna le Biblia me.”

Ne míese ɖikenya siawo zi gbãtɔ la, awɔ na mí be anye nenemae nuwo le. Le kpɔɖeŋu me, ɖeklemiɖelawo gblɔna be wokpɔ tomenukuku siwo ɖo kpe Biblia me mewo abe Israel-fia Yehu ene ƒe anyinɔnɔ dzi, gake womekpɔ tomenukuku aɖeke si ɖo kpe Mose ƒe anyinɔnɔ ya dzi o. Ke hã esia meɖo kpe edzi le mɔ aɖeke nu be amesi menɔ anyi kpɔ o ye Mose nye eye be ɖe wokpa eŋu nya o. Ðikelawo he nya kpɔ le ame bubu siwo woyɔ le Biblia me abe Babilon-fia Belsazar kple Asur-fia Sargon ene, hã ŋu be ɖe wokpa woƒe ŋutinya—vaseɖe esime wova ke ɖe tomenu aɖewo siwo ɖo kpe woƒe anyinɔnɔ le blema dzi ŋu.

Agbalẽŋlɔla Jonathan Kirsch gblɔ na mí be: “Biblia me Israel ŋuti ŋkuɖodzinuwo le ʋɛ ale gbegbe be alesi Mose ƒe ŋutinya megadze le teƒe bubu aɖeke tsɔ wu Biblia ŋutɔ me o la mewɔ nuku o alo be wònye nusi dzi woanɔ te ɖo aƒo nya ta o.” Kirsch gblɔ be eyata ame aɖewo ɖe nu me be Mose mate ŋu anye amesi ƒe ŋutinya wokpa o, elabena “womate ŋu akpa agbemeŋutinya si me dzeɖoɖo kple numeɖeɖe tsitotsito gbogbowo le, si me nu vovovo siwo gɔmesese mele bɔbɔe o bɔ ɖo . . . nenema gbegbe o.”

Èɖanye xɔsetɔ alo mèɖanyee o, ɖewohĩ ànya nu sue aɖe ya teti tso nu vevi siwo dzɔ le Mose ƒe agbe me ŋu: alesi Mawu ɖe eɖokui fiae le ŋuve bibi la me, Israel-viwo ƒe Ʋuʋudzo le kluvinyenye me tso Egipte, kple Ƒudzĩ la me mama ɖe akpa eve. Gake ɖe susu aɖe li si ta míaxɔe ase be nusiawo dometɔ aɖe dzɔ ŋutɔŋutɔa? Alo glimeme aɖe koe Mose nyea? Nyati si kplɔe ɖo adzro biabia wɔdɔɖeamedzi siawo me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe