INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 4/11 axa 22-23
  • Ale Si Vidzidzi Nye Nukunui

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Vidzidzi Nye Nukunui
  • Nyɔ!—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðoɖo Wɔwɔ Ðe Vidzidzi Ŋu—Kristotɔwo ƒe Nukpɔsusu Le Eŋu
    Nyɔ!—1993
Nyɔ!—2011
g 4/11 axa 22-23

Ale Si Vidzidzi Nye Nukunui

ƔLETI asiekea de mlɔeba, eye vidzĩ si wole mɔ kpɔm na ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la dziɣi ɖo.a Do ŋgɔ la, lãkusi si le funɔa ƒe vidzidɔnu la liana goŋgoŋ, eye wòxea vidzidɔa nu, si wɔnɛ be ɖevia nɔa dedie le vidzidɔa me. Gake fifia ya eƒe vidzidɔ nu gblɔ, eye wòʋu. Esiae nye vidzidzi ƒe nukunua ƒe gɔmedzedze.

Nu kae nana nukunu sia dzea egɔme? Nu vovovowoe, gake eve aɖewo ya wɔ nuku wu. Gbã la, ahɔhɔ̃a tua lãmetsi si woyɔna be oxytocin. Lãmetsi sia nɔa ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ƒe lã me, gake ne nyɔnua te kuléle la, ahɔhɔ̃a tua lãmetsi sia le agbɔsɔsɔ gã aɖe me, si wɔnɛ be lãkusi si le vidzidɔa nu la me gblɔna, eye vidzidɔa nɔa miamiam.

Ame aɖeke menya ale si tututu wòdzɔnae hafi funɔa ƒe ahɔhɔ̃ dzea sii be ɣeyiɣia de azɔ be wòatu tsi sia o. Agbalẽ aɖe (Incredible Voyage—Exploring the Human Body) gblɔ be: “Ahɔhɔ̃a toa mɔ aɖe dzi nyana be fua tsi keŋkeŋ azɔ, eye be ɣeyiɣia de be vidzidɔa . . . nadze eƒe dɔ vevi si xɔa ɣeyiɣi kpui aɖe la gɔme.”

Nu evelia si wɔa akpa vevi aɖe le vidzidzi me lae nye dɔ si amenɔ la wɔna. Megatua lãmetsi si woyɔna be progesterone o. Esime nyɔnua fɔ fu la, lãmetsi sia wɔe be fu meɖui hafi eƒe vidziɣi ɖo o. Ke fifia, esi lãmetsi sia megali o ta la, fu va nɔa nyɔnua ɖum. Zi geɖe la, ne elé ku abe gaƒoƒo 8 va ɖo 13 la, esina ɖevia toa vidzidɔnu si ʋu azɔ la me. Eyome amenɔa hã dona.

Fifia ele be vidzĩa natrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu le edzidzi vɔ megbe enumake, elabena nɔnɔmeawo to vovo sãa na esi me wònɔ le vidzidɔa me. Le kpɔɖeŋu me, esime wònɔ vidzidɔa me la, eƒe dzitodzitowo yɔ fũu kple tsi si kpɔ eta la. Tsi sia dona ne vidadaa le ɖevia sim. Fifia ele be ya nage ɖe eƒe dzitodzitowo me bene wòate ŋu agbɔ, eye zi geɖe la, ɣeyiɣi sia mee wòfaa avi zi gbãtɔ. Tɔtrɔ gãwo hã yia edzi le eƒe dzi, kpakple ale si ʋu sina toa eƒe lã me ŋu. Dovi aɖe si le eƒe dzi me la xena, eye ʋuka bubu aɖe hã xena, si trɔa mɔ na ale si ʋua sinae bene wòato eƒe dzitodzitowo me, ale be yagbɔgbɔ si nye ɔksidzin nate ŋu age ɖe eƒe ʋu me. Ewɔ nuku ŋutɔ be vidzĩa tea ŋu trɔna ɖe eƒe nɔnɔme yeyea ŋu kpata alea gbegbe.

Nu siwo katã yia edzi le fuɖuameɣi kple vidziɣi la ɖoa ŋku Biblia me nya siawo dzi na mí: ‘Ɣeyiɣi li na nu sia nu, eye azã li na tameɖoɖowo katã le dziƒoa te.’ Esia fia be “amedziɣi” hã li. (Nyagblɔla 3:1, 2) Àlɔ̃ ɖe edzi godoo be nu vovovo siawo katã, siwo yia edzi le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko me la, ɖoa kpe edzi be mía Wɔla, si Biblia yɔ be “agbedzɔƒe,” lae wɔ wo nyuie alea vavã.—Psalmo 36:10; Nyagblɔla 11:5.—g11-E 01.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Zi geɖe la, vidzĩa nɔa dadaa ƒe dɔ me kwasiɖa 37 va ɖo 42.

[Nuwo ƒe nɔnɔme/Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 22]

Ne Ðevia Dziɣi Ðo

1 Ale si ɖevia nɔna hafi fuɖuame dzea egɔme

2 Vidzĩa te ɖe afi si wòato ado ŋu

3 Vidzidɔa nu ʋu

4 Vidzĩa le dodom

[Nuwo ƒe nɔnɔme]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

1

amenɔ

nyɔnume

vidzidɔnu

2

3

4

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe