Alekee Nèbua Yesu?
Ðe nèbua Yesu abe vidzĩ ene, abe ame si le kudɔ ƒom ene, alo abe fia si wodo ɖe dzi enea?
Biblia na míenya be Yesu nye fia si si ŋusẽ le. Gake aleke esia ka wòe?
Ame geɖe xɔe se be Yesu ku ɖe yewo ta. Gake aleke ame aɖe si ku ƒe 2,000 kloe nye esi va yi la ƒe ku ate ŋu axɔ ame siwo le agbe egbea la ɖe agbe?
Míele kpewòm vividoɖeameŋutɔe be nàva se nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖo siwo tso Ŋɔŋlɔawo me. Woaɖo nya siawo ŋu ne Yehowa Ðasefowo va kpe hena ŋkuɖoɖo Yesu ƒe kua dzi. Le ƒe sia me la, ŋkuɖodzizã la dze Yawoɖa, April 5 lia dzi, le ɣeɖoto megbe.
Bia Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me ne woagblɔ afi si woawɔe le kple gamea na wò.—g12-E 03.