Ðo Ŋku Edzi Nàda Akpe!
ƔEKAƔIE nègaxɔ akpedagbalẽvi tso ame aɖe gbɔ kpɔ? Ɣekaɣie wò ŋutɔ hã nègaɖo ɖe ɖe ame aɖe?
Esi kɔmpiuta dzi kadodowo ŋu dɔ wɔwɔ va bɔ fifia ta la, nuŋɔŋlɔ kple asi le to yim. Ke hã, akpedada to agbalẽ ŋɔŋlɔ dzi nye mɔ nyui aɖe si dzi nàto aɖe ale si nèkpɔ ŋudzedze ɖe dɔmenyo si wowɔ na wò la ŋu. Ale si nàte ŋu awɔ esiae la ŋuti mɔfiame aɖewoe nye esiwo gbɔna.
1. Wò ŋutɔ ŋlɔe kple asi.
2. Yɔ amea ŋutɔ ƒe ŋkɔ ɖe agbalẽa me.
3. Ne nunanae nèxɔ la, he susu yi nu si wòna wò la dzi kple ale si nèɖo be yeawɔ eŋu dɔe.
4. Gada akpe nɛ ake le nyataƒonyaa me.
Ne ame aɖe xɔ akpedagbalẽvi ɖe dɔmenyo si wòwɔ ta la, dzi dzɔnɛ.
Eya ta ne ame aɖe gawɔ amedzro na wò, alo wɔ dɔmenyo na wò, alo na nu wò la, ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe amea ƒe agbagbadzedzewo ta. Ðo ŋku edzi nàda akpe!—g12-E 07.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 26, 27]
Tasinye Lɔlɔ̃tɔ Mary, (2)
Akpe na wò kakaka ɖe gaƒoɖokuia ta! (3) Esi nyemetea ŋu fɔna le aba dzi kaba o ta la, menana wòƒoa ga henyɔnam ɖe game dzi. Dzi dzɔm ŋutɔ esi mekpɔ wò le kwasiɖa si va yi me, eye meka ɖe edzi be èɖo aƒe dedie. Míele mɔ kpɔm be míagakpɔ wò ake kpuie.
Akpe na wò ake ɖe ale si nèbu ŋunyee ta! (4)
Wò tasiyɔvi,
John
[Nɔnɔmetata]
(1)
[Aɖaka si le axa 27]
AÐAŊUÐOÐOWO
● Mègaƒo nu tso ga si wona wò ŋu tẽe o. Le kpɔɖeŋu me, le esi teƒe be nàyɔ ga si wona wò ƒe home la, àte ŋu agblɔ ko be: “Akpe na wò ɖe wò dɔmenyonunana la ta. Meɖoe be mazãe na . . .”
● Ƒo nu tso nunanaa kple ale si nèkpɔ ŋudzedze ɖe eŋu la ko ŋu. Mahiã be nàŋlɔ nyawo keŋ tso mɔkeke si nèɖu va yi alo ale si nède kɔdzii nyitsɔ laa ŋu o.
● Mègahe susu yi kuxi aɖe si le nunanaa ŋu la dzi o. Le kpɔɖeŋu me, manye ameŋububu be nàŋlɔ ɖe eme be, “Akpe na wò ɖe awua ta, gake ɖeko wòdze abe elolo wum ene” o.
[Aɖaka si le axa 27]
Biblia de dzi ƒo na mí be míanye akpedalawo. (Luka 17:11-19) Exlɔ̃ nu mí be míanɔ gbe dom ɖa na Mawu “madzudzɔmadzudzɔe,” eye wògagblɔ be: “Mida akpe le nu sia nu ŋuti.”—1 Tesalonikatɔwo 5:17, 18.