INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 12/15 axa 3
  • Nyahehe Le Ƒomea Me—Nu Kawo Gbɔe Wòtsona?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyahehe Le Ƒomea Me—Nu Kawo Gbɔe Wòtsona?
  • Nyɔ!—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yakob Kple Esau Wɔ Ŋutifafa
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nu Siwo Nàwɔ Be Ŋutifafa Nanɔ Wò Ƒomea Me
    Nyɔ!—2015
  • Venɔvi Siwo To Vovo
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Yakob De Asixɔxɔ Gbɔgbɔmenuwo ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Nyɔ!—2015
g 12/15 axa 3
Ðeviawo tɔtɔ vevie esi wo dzilawo le nya hem

NYATI SI LE AKPAA DZI | NA ŊUTIFAFA NANƆ WÒ AƑE ME

Nyahehe Le Ƒomea Me Nu Kawo Gbɔe Wòtsona?

SARAHa si tso Ghana, si kple Jacob woɖe wo nɔewo ƒe 17 gblɔ be, “ganyawo dea dzre nye kple srɔ̃nye dome zi geɖe.” Sarah ɖe eme be, “medoa dziku elabena mezãa nye ga geɖe tsɔ kpɔa ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ gake srɔ̃nye mebiana nya aɖeke tsoa ale si mekpɔa ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔe ŋu o. Esia wɔe be ɣeaɖewoɣi la míegaƒoa nu na mía nɔewo o hena kwasiɖa geɖe.”

Srɔ̃a Jacob gblɔ be, “nyateƒee wòto, ɣeaɖewoɣi la míeʋlia nya dzikutɔe. Zi geɖe la, nugɔmemasemase kple dzemaɖomaɖo tso kuxia ŋu nyuie ye henɛ vɛ. Dzimagbɔɖi hã wɔnɛ be nya sue aɖe va zua dzre.”

Nathan si tso India, si ɖe srɔ̃ eteƒe medidi o hã gblɔ be, gbe ɖeka, ye to blu ɖe ye lɔ̃xo ta. Nathan gblɔ yi edzi be, “esia na be lɔ̃xonyea do dziku eye wòdo go le aƒea me. Esi mebiae be nu ka tae wòdo ɣli ɖe srɔ̃a ta nenema hã la, esusu be medo nu ɖe ye gbɔ. Kaka makpɔ la ete bublu ɖe mí katã dzi.”

Ðewohĩ wò hã èkpɔ nya aɖe si wogblɔ eŋumabumabui si he dzre de ƒomea me teƒe kpɔ. Ate ŋu anye be susu ko lém wole tso nya aɖe ŋu kasia wòtrɔ zu dzre. Ame aɖeke mate ŋu agblɔ nya siwo le eteƒe ɣesiaɣi o, eya ta ele bɔbɔe be woase nya siwo ame bubuwo gblɔ alo woƒe nuwɔna aɖewo gɔme bubui. Ke hã, anya wɔ be woana ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ aɖe si nu nanɔ ƒomea me.

Nu kae nàwɔ ne nyahehe aɖe do mo ɖa? Afɔ kawoe nàte ŋu aɖe be ŋutifafa kple tomefafa nanɔ wò ƒomea me? Aleke ƒomewo katã awɔ be ŋutifafa nanɔ woƒe ƒomewo me? Míeɖe kuku xlẽ nyati si kplɔ esia ɖo.

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe