Ta 30
Nya Ŋu Ðoɖo na Amesiwo Nɔ Fɔ Bumee
ESI Yudatɔ subɔsubɔhakplɔlawo bu fɔ Yesu be eda le Sabat la dzi la, eɖo nya ŋu na wo be: “Fofonye le dɔ wɔm vaseɖe fifi, eye nye hã mele dɔ wɔm.”
Togbɔ be Farisitɔwo gblɔ nya si fia be eda Sabat la dzi hã la, dɔ si Yesu wɔ la menye esi nu wode se ɖo be womegawɔ le Sabat dzi la tɔgbe o. Eƒe gbeƒãɖeɖe kple gbedada le ame ŋu ƒe dɔ la nye dɔdasi si wòxɔ tso Mawu gbɔ, eye le Mawu ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ me la, enɔa ewɔwɔ dzi gbesiagbe. Gake eƒe nyaŋuɖoɖoa na Farisitɔwo ƒe dziku gafla ɖe edzi wu tsã, eye wodi be yewoawui. Nukatae?
Nusitae nye be fifia, menye ɖeko woxɔe se be Yesu le Sabat-se la dzi dam ko o ke boŋ wobu nya si wògblɔ be yenye Mawu ŋutɔ ƒe Vi la be enye busunyagbɔgblɔ. Gake metso dzika ƒo na Yesu o eye egayi edzi ɖo nya ŋu na wo hegblɔ ƒomedodo tɔxɛ si me wòle kple Mawu la. Egblɔ be: “Fofo la lɔ̃a via, eye nusiwo katã wɔm eya ŋutɔ le la, efianɛ.”
Yesu yi edzi be: “Sigbe alesi Fofo la fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, eye wògbɔa agbe wo la, nenema ke Vi la hã agbɔ agbe amesiwo wòlɔ̃na.” Le nyateƒe me la, Vi la le ame kukuwo fɔm ɖe tsitre xoxo le gbɔgbɔ me! Yesu gblɔ be: “Amesi le nye nya la sem, eye wòle amesi dɔm ɖa la dzi xɔm le sesem la, . . . eto ku me yi ɖe agbe la me xoxo.” Ẽ, eyi edzi be: “Gaƒoƒo gbɔna, eye wòde azɔ, esime ame kukuwo ase Mawuvi la ƒe gbe, eye amesiwo see la, woanɔ agbe.”
Togbɔ be nuŋlɔɖi aɖeke meli be Yesu fɔ ame kukuwo ɖe tsitre ŋutɔŋutɔ haɖe o hã la, egblɔ na amesiwo nɔ fɔ bumee be tsitretsitsi ŋutɔŋutɔ ma ava eme. Egblɔ be: “Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le [ŋkuɖodziyɔdowo] me la, woase eƒe gbe.”
Vaseɖe fifia la, edze ƒã be Yesu meƒo nu tso akpa vevi si wòawɔ le Mawu ƒe tameɖoɖo me ŋu le mɔ si ɖe dzesi eye eme kɔ kɔte nu alea gbegbe kpɔ le gaglãgbe o. Gake menye ɖase si Yesu ɖi le eya ŋutɔ ɖokui ŋu le nusiawo ŋu koe le amesiwo le fɔ bumee la si o. Yesu ɖo ŋku edzi na wo be: “Miawo la miedɔ ɖo ɖe Yohanes gbɔ, eye wòɖi ɖase na nyateƒe la.”
Ƒe eve do ŋgɔ koe nye sia si Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela la gblɔ Amesi le emegbe gbɔna la ŋu nya na Yudatɔ subɔsubɔhakplɔlawo. Esi Yesu nɔ ŋku ɖom alesi wode bubu gã Yohanes si wode game fifia la ŋu tsã dzi na wo la, egblɔ na wo be: “Miawo la, miedi be, yewoakpɔ dzidzɔ gaƒoƒo ɖeka le eƒe keklẽ la me.” Yesu ɖo ŋku esia dzi na wo kple susu be yeakpe ɖe wo ŋu, ẽ, be yeaɖe wo. Gake menye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi dzie wònɔ te ɖo o.
“Dɔwɔwɔ, . . . siwo ke wɔm mele [siwo dome nukunu si wòwɔ fifi laa hã le] la, le ɖase ɖim le ŋutinye bena, Fofo lae dɔm ɖa.” Gake hekpe ɖe ema ŋu la, Yesu yi edzi be: “Fofo, si dɔm ɖa la, eyama ɖi ɖase le ŋutinye.” Mawu ɖi ɖase le Yesu ŋu, le kpɔɖeŋu me, le eƒe nyɔnyrɔ̃xɔɣi, hegblɔ be: “Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la.”
Le nyateƒe me la, taflatsedodo aɖeke mele amesiwo le fɔ bum Yesu si be eya tae yewogbe eyama ɖo o. Ŋɔŋlɔ siwo wogblɔna be yewodzroa wo me la tututue ɖi ɖase le eŋu! Yesu ƒo nya ta be: “Ðe miexɔ Mose dzi se la, ne miaxɔ nye hã dzinye ase; elabena eyama ŋlɔ nya ɖi le ŋutinye. Ke ne miexɔ eyama ƒe ŋɔŋlɔawo dzi se o la, aleke lawɔ miaxɔ nye nyawo dzi ase mahã?” Yohanes 5:17-47; 1:19-27; Mateo 3:17.
▪ Nukatae dɔ si Yesu wɔ la menye Sabat dzi dada o?
▪ Aleke Yesu ƒo nu le ɖoƒe vevi si wòle le Mawu ƒe tameɖoɖo me la ŋue?
▪ Ameka ƒe ɖaseɖiɖi dzie Yesu tɔ asie be wòatsɔ aɖo kpe edzi be yenye Mawu ƒe Vi?