Ta 46
Eka Asi Eƒe Awu Ŋu
YESU ƒe tɔtrɔgbɔ tso Dekapoli la ŋuti nyatakakawo ɖo Kapernaum, eye ameha gã aɖe ƒo ƒu ɖe ƒuta be yewoado dzaa nɛ. Ðikekemanɔmee la, wose alesi wòtsi ahom la nui eye wòda gbe le amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ la ŋu. Fifia esi wòɖi ɖe ƒua ta la, woƒo xlãe eye wodi vevie be yewoakpɔe henɔ mɔ kpɔm be awɔ nane na yewo.
Amesiwo tsi dzi vevie be yewoakpɔ Yesu dometɔ ɖekae nye Yairo si nye ƒuƒomegã aɖe. Edze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu eye wòɖe kuku nɛ zi geɖe be: “Vinyenyɔnuvi ɖo kudo nu, va ne natsɔ wò asi ada ɖe edzi, bena eƒe lãme nasẽ, eye wòatsi agbe.” Esi wònye eya koe nye via eye ƒe 12 koe wòxɔ ta la, enɔ vevie na Yairo ŋutɔ.
Yesu lɔ̃ ɖe edzi eye amehawo kplɔe ɖo esime wòɖo ta Yairo ƒeme. Míate ŋu akpɔe le susu me be menɔ tsɔtsɔm na amehawo be Yesu nawɔ nukunu bubu o. Gake nyɔnu aɖe si le ameha la dome ƒe susu katã nɔ kuxi sesẽ si nɔ eŋu la ŋu.
Nyɔnu sia lé ʋusisidɔ ƒe 12 sɔŋ. Eyi atikewɔla vovovowo gbɔ eye wògblẽ eƒe ga katã ɖe atikewɔwɔ ŋu. Gake womete ŋu kpe ɖe eŋu o; ɖe eƒe kuxia nyrã ɖe edzi boŋ.
Abe alesi nakpɔe adze sii ene la, hekpe ɖe alesi eƒe dɔlélea na wògbɔdzɔ ŋutɔe ŋu la, enye nusi kpea ŋu na ame heɖia gbɔ ame hã. Enye nusi bɔ be womeƒoa nu tso dɔléle mawo ŋu le hadome o. Gawu la, le Mose ƒe Sea te la, ʋusisi nana wobua nyɔnu be eŋu mekɔ o, eye ele be amesiame si aka asi eya alo eƒe awu si me ʋu le la ŋu nale tsi eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ hafi.
Nyɔnua se Yesu ƒe nukunuwɔwɔwo eye wòdi eyomemɔ. Le alesi mele kɔkɔe o ta la, ezɔ to amehawo me eye wòwɔ dzadzadza alesi wòate ŋui be womagakpɔ ye o, eye wòsusui be: “Ne mede asi eƒe awu ŋu ko la, nye lãme asẽ.” Esi wòka asi eŋu la, ekpɔ be yeƒe ʋusisi la tɔ te!
“Amekae de asi nye awu ŋu mahã?” Aleke gbegbe nya mawo ana ŋɔdzi nalé nyɔnuae nye si! Aleke wòwɔ nya? Petro gblɔ be: ‘Nufiala, amehawo mimi wò ɖo hafi nèle gbɔgblɔm be “Amekae de asi ŋunye mahã?” ’
Esi Yesu nɔ nyɔnua dim la, eɖe eme be: “Ame aɖe de asi ŋunye; elabena medze sii bena, ŋusẽ do go tso menye.” Le nyateƒe me la, menye asikaka ame ŋu gbɔlo koe o, elabena gbedada si do go tso eme la xɔ ŋusẽ le Yesu ŋu.
Esi nyɔnua kpɔ be womedo kpo ye kpɔkpɔ dze si o la, eva dze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu eye vɔvɔ̃ ɖoe wònɔ ƒoƒom kpakpakpa. Egblɔ eƒe dɔlélea ŋuti nya katã le amesiame ŋkume kple alesi eƒe lãme haya ɣeyiɣi kpui aɖe koe nye ma la.
Esi alesi wòʋu eƒe nuvɔ̃wo katã me wɔ dɔ ɖe Yesu dzi la, efa akɔ nɛ be: “Vinyenyɔnuvi, wò xɔse la ɖe wò; heyi le ŋutifafa me, wò lãme nasẽ tso wò dɔléle la me.” Aleke gbegbe wònye nu nyuie nye si be amesi Mawu tia be wòaɖu anyigba dzi la nye amesi ame ƒe nu dzɔa dzi na eye wòsea veve ɖe ame nu hetsɔa ɖe le eme na ame eye ŋusẽ hã le esi be wòakpe ɖe wo ŋu! Mateo 9:18-22; Marko 5:21-34; Luka 8:40-48; Mose III, 15:25-27.
▪ Amekae nye Yairo, eye nukatae wòva Yesu gbɔ?
▪ Kuxi kae nɔ nyɔnu aɖe ŋu, eye nukatae Yesu gbɔ vava be wòakpe ɖe ye ŋu la sesẽ nɛ nenema gbegbe?
▪ Aleke Yesu da gbe le nyɔnua ŋue, eye aleke wòfa akɔ nɛ?