Ta 69
Amesi Nye Wo Fofo ƒe Nya La
LE AZÃ la ɖuɖu me la, Yesu ƒe numedzodzro kple Yudatɔwo ƒe ŋgɔnɔlawo la me gasẽ ɖe edzi. Yesu lɔ̃ ɖe edzi be: “Menyae bena, Abraham ƒomeawo mienye; gake miedi be, yewoawum, elabena nye nya la mexɔ dzi na mi o. Nye la nusiwo ke mekpɔ le Fofonye gbɔ la, eya megblɔna, eye miawo hã nusiwo miese tso mia fofo gbɔ la, eya miewɔna.”
Togbɔ be Yesu megblɔ amesi wo fofo nye la o hã la, ena eme kɔ ƒã be menye wo fofoe nye ye Fofo o. Esi Yudatɔwo menya amesi le susu me na Yesu o la, wogblɔ be: “Mía fofoe nye Abraham.” Wosee le wo ɖokui me be xɔse si nɔ Abraham si nye Mawu xɔlɔ̃ si la kee le yewo si.
Gake Yesu na woɖi vo esime wòɖo eŋu bena: ‘Ne Abraham viwo mienye la, ekema miwɔ Abraham ƒe dɔwɔwɔwo.’ Le nyateƒe me la, vi ŋutɔŋutɔ srɔ̃a fofoa. Yesu gblɔ be: “Ke azɔ la miedi be, yewoawum, nye amesi gblɔ nyateƒe, si mese tso Mawu gbɔ la, na mi; Abraham mewɔ esia o.” Eyata Yesu gagblɔ ake be: “Miele mia fofo la ƒe nuwɔnawo wɔm.”
Gake womekpɔ amesi ŋu Yesu le nu ƒom le la dze sii o. Wogagblɔ kokoko be Abraham ƒe vi siwo wòdzi le se nue yewonye esime wogblɔ bena: “Míawo la menye ahasiviwo míenye o.” Eyata esi wonɔ gbɔgblɔm be tadeagula vavãwoe yewonye abe Abraham ene la, wogblɔ bena: “Fofo ɖeka li na mí, eyae nye Mawu.”
Gake Mawue nye wo Fofo nyateƒea? Yesu ɖo eŋu be: “Ðe Mawu nye mia Fofo la, ne mialɔ̃m, elabena nye la medo go tso Mawu [gbɔ] va; elabena menye ɖokuinye si meva le o, ke boŋ eyae dɔm ɖa. Nukaŋuti miele si dzem nye nuƒoƒo oa?”
Yesu dze agbagba be yeana subɔsubɔhaŋgɔnɔla siawo nakpɔ nusi ado tso alesi wogbe ye me la adze sii. Gake fifia la egblɔ na wo tẽ be: “Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ.” Fofo ka ƒomevie Abosam nye? Yesu ɖee fia be amewulae wònye eye wògagblɔ hã be: “Aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.” Eyata Yesu ƒo nya ta bena: “Amesi tso Mawu me la, sea Mawu ƒe nyawo; miawo la miele wo sem o, le esi mietso Mawu me o la ta.”
Esi Yesu ƒe fɔbubua ve dɔme na Yudatɔwo la, woɖo eŋu be: “Ðe míegblɔe ɖe eteƒe bena, Samariatɔ nènye, eye gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò o mahã?” Wozã ŋkɔ “Samariatɔ” la abe vlododo kple mokaka ƒe nyagbɔgblɔ ene, elabena Samariatɔwo nye amesiwo Yudatɔwo lé fui.
Esi Yesu ŋe aɖaba ƒu vlodoamenya si wogblɔ be enye Samariatɔ la dzi la, eɖo eŋu bena: “Nye la gbɔgbɔ vɔ̃ mele menye o; ke mele Fofonye bum, eye miawo miele vlo domem.” Le edzi yiyi me la, Yesu do ŋugbe dovoɖiname aɖe bena: “Ne ame aɖe dzra nye nya ɖo la, mele ku kpɔ ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me.” Yesu mele gbɔgblɔm be amesiwo katã dzea ye yome la maku ŋutɔŋutɔ akpɔ gbeɖe o. Ke boŋ nusi gblɔm wòle ye nye be tsɔtsrɔ̃ mavɔ alo “ku evelia” si ŋu tsitretsitsi aɖeke mele o la mava wo dzi gbeɖe o.
Gake Yudatɔwo se Yesu ƒe nyawo gɔme ɖe nyagbeawo nu. Eyata wogblɔ bena: “Azɔ ko míedze sii bena, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò. Abraham ku, nyagblɔɖilawo hã ku, eye wòa nèle gbɔgblɔm bena: Ne ame aɖe dzra nye nya ɖo la, mele ku ɖɔ ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me mahã? Ðe woa nèwu mía fofo Abraham, si ku la, mahã? Eye nyagblɔɖilawo hã ku! Ameka nèle ɖokuiwò bumii?”
Le numedzodzro sia katã me la, edze ƒã be Yesu le asi fiam nyateƒe si wònye be ye nye Mesia si ŋugbe wodo la na amesiawo. Gake le esi teƒe be wòaɖo woƒe biabia ku ɖe amesi wònye la ŋu tẽ la, Yesu gblɔ be: “Nenye ɖe mekafu ɖokuinye la, ekema nye kafukafu la menye naneke o; Fofonye li, amesi miawo miele gbɔgblɔm bena, enye miaƒe Mawu la, eyae le kafuyem. Eye mienyae o, gake nye la menyae, eye ne megblɔ bena, nyemenyae o la, ekema manye aʋatsokala abe miawo ke ene.”
Yesu yi edzi eye wògaƒo nu tso Abraham si ɖi anukware la ŋu bena: “Mia fofo Abraham dzɔ dzi be, yeakpɔ nye ŋkeke la, eye wòkpɔe, eye wòkpɔ dzidzɔ.” Ẽ, Abraham tsɔ xɔseŋku kpɔ mɔ na Mesia si ŋugbe wodo la ƒe vava. Yudatɔwo mexɔ edzi se o eye wogblɔ bena: “Mèxɔ ƒe blaatɔ̃ haɖe o, eye nèkpɔ Abraham mahã?”
Yesu ɖo eŋu be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Hafi Abraham nava dzɔ la, nyeama meli xoxo.” Yesu ƒe anyinɔnɔ abe gbɔgbɔmeme ŋusẽtɔ ene le dziƒo do ŋgɔ na amegbetɔzuzu ŋutie wòle nu ƒom le.
Esi nya si Yesu gblɔ be yenɔ anyi do ŋgɔ na Abraham la ku dzi na Yudatɔwo vevie la, wofɔ kpewo be yewoaƒui. Gake eɣla eɖokui eye wòdo go le gbedoxɔa me dedie. Yohanes 8:37-59; Nyaɖeɖefia 3:14; 21:8.
▪ Aleke Yesu ɖee fia be ye Fofo to vovo tso yeƒe futɔwo fofo gbɔ?
▪ Nukae Samariatɔ si Yudatɔwo gblɔ be Yesu nye la fia?
▪ Gɔmesese ka nue Yesu le gbɔgblɔm le be ye yomedzelawo maku akpɔ o?