Ta 81
Agbagbadzedze Bubuwo be Woawu Yesu
ESI wònye vuvɔŋɔlie ta la, Yesu nɔ ƒuƒuiƒe, afisi woyɔna be Salomo ƒe akpata la, zɔm. Ele gbedoxɔa ŋu. Yudatɔwo va ƒo xlãe le afisia eye wodze gbɔgblɔ gɔme be: “Ɣekaɣi dzi nana míaƒe luʋɔ natsi dzodzodzoe ase ɖo mahã? Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mí faa.”
Yesu ɖo eŋu be: “Megblɔe na mi, eye miexɔe se o.” Yesu megblɔ na wo tẽ be ye nye Kristo la abe alesi wògblɔe na Samaria-nyɔnua le vudoa to ene o. Gake le nyateƒe me la, eɖe amesi wònye la fia wo esime wògblɔ na wo be dziƒoe yetso eye be yenɔ anyi do ŋgɔ na Abraham.
Gake Yesu di be ameawo ŋutɔ naƒo nya ta na wo ɖokui be yee nye Kristo la to nusi yewɔ la tsɔtsɔ sɔ kple nusi Biblia gblɔ ɖi be Kristo la awɔ dzi. Eyatae ɣeyiɣi aɖe do ŋgɔ la, ede se na eƒe nusrɔ̃lawo be womegagblɔ na ame aɖeke be yee nye Kristo la o. Eye eyatae wògblɔ na Yudatɔ mawo siwo lé fui vevie la be: “Dɔ, si wɔm mele le Fofonye ƒe ŋkɔa dzi la, woawo le ɖase ɖim le ŋutinye. Ke miawo la miele exɔm le sesem o.”
Nukatae womele exɔm le sesem o? Esi ɖaseɖiɖi aɖeke meli be Yesue nye Kristo la o taea? Ao, ke boŋ ɖe susu si Yesu gblɔ na wo la tae; eyae nye be: “Miawo la mienye nye alẽwo dometɔwo o, abe alesi megblɔ na mi ene. Nye alẽwo sea nye gbe, eye nye la menya wo, eye wodzea yonyeme; eye nye la mena agbe mavɔ wo, eye womele tsɔtsrɔ̃ ge akpɔ o, eye ame aɖeke mele woamawo xɔ ge sesẽ le asinye o. Fofonye, si tsɔ wo nam la, eya ƒo nuwo katã ta, eye ame aɖeke mate ŋu axɔ wo sesẽ le Fofonye si me o.”
Yesu ƒo nu tso eƒe ƒomedodo kplikplikpli kple Fofoa ŋu, eye wòɖe eme be: “Mía kple Fofonye la ɖekae míele.” Esi wònye Yesu le anyigba dzi eye Fofoa le dziƒo ta la, eme kɔ ƒã be mele gbɔgblɔm be nu ɖeka ŋutɔŋutɔ alo ŋutilã ɖekae yewonye o. Ke boŋ efia be yewole ɖeka le tameɖoɖo me eye yewole ɖekawɔwɔ me.
Esi Yesu ƒe nyawo ku dzi na Yudatɔwo la, wofɔ kpe be yewoawui, abe alesi wowɔ do ŋgɔ le Agbadɔmeŋkekenyuieɖuɣia ene. Yesu dze ŋgɔ amesiwo ɖo be yewoawui la dzideƒotɔe hegblɔ be: “Dɔwɔwɔ nyui geɖewo mefia mi tso Fofonye gbɔ; dɔwɔwɔwo dometɔ ka ta miele kpe fɔ ge aƒum ɖo mahã?”
Woɖo eŋu be: “Menye dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti míele kpe ƒu ge wò ɖo o, ke boŋ le busubɔbɔ ŋuti; elabena ame nènye, eye nèwɔ ɖokuiwò Mawui.” Esi Yesu megblɔ kpɔ be yenye mawu o la, nukatae Yudatɔwo gblɔ nya sia?
Edze ƒã be esi Yesu gblɔ be ŋusẽ siwo woxɔ se be Mawu ɖeɖeko si wole la le ye si tae. Le kpɔɖeŋu me, ɖe wògblɔ teti koe nye ma le ‘alẽawo’ ŋu be “mena agbe mavɔ wo,” esi nye nusi amegbetɔ aɖeke mate ŋu awɔ o. Gake Yudatɔwo ŋe aɖaba ƒu nyateƒe si wònye be Yesu lɔ̃ ɖe edzi be ye Fofo gbɔe yexɔ ŋusẽ tsoe la dzi.
Nya si Yesu bia si kplɔe ɖo la ɖee fia be egblɔ be yemede Mawu nu o, bena: “Alo womeŋlɔ ɖe miaƒe se la me [le Psalmo 82:6] o bena: ‘Mebena: mawuwo mienye’ mahã? Ne eyɔ amesiwo ta mawunya va ɖo la be mawuwo la, . . . amesi Fofo la wɔ kɔkɔe, eye wòdɔ ɖo ɖe xexea me la, eyama ŋuti miawo miele gbɔgblɔm le bena: [Èbɔ] busu, esi mebena: Mawuvi menye mahã?”
Esi Ŋɔŋlɔawo yɔ amegbetɔ ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔwo kura gɔ̃ hã be “mawuwo” ta la, vodada kae Yudatɔ siawo ate ŋu akpɔ le Yesu ŋu esi wògblɔ be: “Mawuvi menye”? Yesu gblɔ kpee be: “Ne nyemele Fofonye ƒe dɔwɔwɔwo wɔm o la, ekema migaxɔ dzinye se o. Ke ne mele wo wɔm la, ne miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ dɔwɔwɔwo dzi se, bena miadze sii, eye miase egɔme bena, Fofo la [le ɖekawɔwɔ me kplim eye nye hã mele ɖekawɔwɔ me kple Fofo la].”
Esime Yesu gblɔ nya sia la, Yudatɔwo dze agbagba be yewoalée. Gake esi, abe alesi wòsi do ŋgɔ le Agbadɔmeŋkekenyuieɖuƒea ene. Edzo le Yerusalem eye wòtso Yordan-tɔsisia heyi afisi Yohanes dze nyɔnyrɔ̃ nana amewo gɔme le, ƒe ene do ŋgɔ enye ema la. Edze ƒã be afisia medidi tso Galilea-ƒua ƒe dzieheƒuta gbɔ o; enye abe ŋkeke eve mɔzɔzɔ ene tso Yerusalem.
Ame geɖe va Yesu gbɔ le afisia eye wodze gbɔgblɔ gɔme be: “Yohanes mewɔ dzesi aɖeke o, gake nusiwo katã Yohanes gblɔ le amesia ŋuti la, wonye nyateƒe.” Eyata ame geɖe xɔ Yesu dzi se le afisia. Yohanes 10:22-42; 4:26; 8:23, 58; Mateo 16:20.
▪ Mɔ ka nue Yesu di be amewo nato anyae be ye nye Kristo la?
▪ Aleke Yesu kple Fofoa le ɖekae?
▪ Edze ƒã be nukatae Yudatɔwo gblɔ be Yesu le eɖokui wɔm mawue?
▪ Aleke nya si Yesu yɔ tso Psalmowo me ɖee fia be mele gbɔgblɔm be yesɔ kple Mawu o?