Ta 96
Yesu kple Ðekakpui Dziɖula Kesinɔtɔ Aɖe
ESI Yesu nɔ Perea-nutoa me tom ɖo ta Yerusalem la, ɖekakpui aɖe ƒu du va egbɔ eye wòdze klo ɖe eŋkume. Woyɔ ŋutsua be dziɖula, si ɖewohĩ fia be ele nɔƒe kɔkɔ aɖe le ƒuƒoƒe si le afima me alo kura gɔ̃ hã be enye Sanhedrin la me tɔ. Kesinɔnu geɖe hã le esi. Ebia be: “Nufiala nyui, nuka mawɔ, bena manyi agbe mavɔ la dome mahã?”
Yesu ɖo eŋu be: “Nuka nèle yɔyem bena nyui mahã? Ame aɖeke mele nyui o, negbe Mawu ɖeka ko.” Anɔ eme be ɖekakpuia zã “nyui” abe dzesideŋkɔ ene, eyata Yesu na wònya be dzesideŋkɔ ma nye Mawu ɖeɖeko tɔ.
Yesu yi edzi be: ‘Gake ne èle didim be yeayi ɖe agbe la me la, wɔ ɖe seawo dzi ɖaa.’
Ŋutsua bia be: “Kawoe?”
Yesu yɔ Se Ewoawo dometɔ atɔ̃ tsɔ ɖo eŋui be: “Megawu ame o. Megawɔ ahasi o. Megafi fi o. Megaɖi aʋatsoɖase o. Bu fofowò kple dawò.” Eye le se si le vevie kura wu tsɔtsɔ kpee me la, Yesu gblɔ be: “Nalɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.”
Amea tsɔ anukwareɖiɖi ɖo eŋui be: “Mewɔ nusiawo katã dzi tso nye ɖevime ke; nuka gasusɔ nama?”
Esi Yesu se alesi ŋutsua tsɔ kutrikuku nɔ nya la biam vevie la, eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu. Gake Yesu de dzesi alesi ŋutsua ku ɖe ŋutilãmenuwo ŋu vevie, eyata etɔ asi nusi hiã nɛ la dzi be: “Nu ɖeka susɔ na wò; heyi ɖadzra nusiwo le asiwò, eye natsɔ wo ana ame dahewo; ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme.”
Yesu nɔ ŋutsua kpɔm dũ esi wòtso eye wòtrɔ dzo kple nuxaxa gã aɖe; ɖikekemanɔmee la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ ale gbegbe. Eƒe nunɔamesiwo na mete ŋu kpɔ kesinɔnu vavãtɔ ƒe asixɔxɔ dze sii o. Yesu xa nu be: “Aleke gbegbe wòsẽ na amesiwo si kesinɔnuwo le la, bena woayi ɖe mawufiaɖuƒe la mee!”
Yesu ƒe nyawo wɔ nuku na nusrɔ̃lawo. Gake egawɔ mo yaa na wo wu esi wòyi edzi gblɔ nuwɔna si bɔ la be: “Ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato abi ƒe vo me wu alesi kesinɔtɔ nayi mawufiaɖuƒe la mee.”
Nusrɔ̃lawo bia be: “Ekema ameka gɔ̃e ate ŋu akpɔ ɖeɖe mahã?”
Yesu kpɔ wo dũ gblɔ be: “Amegbetɔwo gbɔ la womate ŋu awɔ esia o; gake Mawu gbɔ la woate ŋui; elabena woate ŋu awɔ nusianu le Mawu gbɔ.”
Esi Petro kpɔe be yewowɔ tiatia si to vovo kura tso kesinɔtɔa tɔ gbɔ la, Petro gblɔ be: “Kpɔ ɖa, míawo míegblẽ nuwo katã ɖi, eye míedze yowòme: nuka gɔ̃e lanye mía tɔ mahã?”
Yesu do ŋugbe be: “Le nuwo ƒe gbugbɔgadzi me la, gbesigbe Amegbetɔvi la abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui la dzi la, miawo hã miabɔbɔ nɔ zikpui wuieve dzi, eye miadrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒome wuieveawo.” Ẽ, Yesu le eɖem fia be nuwo ƒe gbugbɔgawɔ si nye nɔnɔmewo ɖɔɖɔɖo le anyigba dzi ale be woana nuwo naganɔ abe alesi wonɔ le Eden-bɔa me ene la li gbɔna. Eye Petro kple nusrɔ̃la bubuawo axɔ teƒeɖoɖo si nye be woaɖu fia kple Kristo ɖe anyigba katã si azu Paradiso la dzi. Kakaɖedzitɔe la, teƒeɖoɖo wɔnuku sia nye nusi dze be woatsɔ nusianu asa vɔe ɖe eta!
Gake fifia gɔ̃ hã la, teƒeɖoɖowo li abe alesi Yesu tsɔ kpeɖodzi gblɔe ene be: “Ame aɖeke meli, si agblẽ xɔ alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo agblewo ɖi le nye kple nyanyuie la ŋuti, ne menye bena, ɖe wòaxɔ teƒeɖoɖo alafa le ɣeyiɣi sia me o: Xɔwo kple nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo kple viwo kple agblewo hekpe ɖe yometitiwo ŋuti; kple agbe mavɔ le xexe, si gbɔna la me.”
Abe alesi Yesu do ŋugbee ene la, afisiafi si eƒe nusrɔ̃lawo ayi le xexeame la, wonɔa ƒomedodo si le kplikplikpli wu esi me wole kple woƒe ƒometɔwo ŋutɔŋutɔ la me kple wo nɔvi Kristotɔwo. Anɔ eme be ɖekakpui kesinɔtɔ dziɖula la bú teƒeɖoɖo sia kple esi nye agbe mavɔ nɔnɔ le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea me la siaa.
Emegbe Yesu gblɔ kpee be: “Ke ame geɖe, siwo nye mlɔetɔwo, lazu gbãtɔwo, eye gbãtɔwo lazu mlɔetɔwo.” Nya ma gɔme ɖe?
Nusi gblɔm wòle gɔmee nye be ame geɖe siwo nye “gbãtɔwo” le mawusubɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔwo xɔxɔ me, abe ɖekakpui dziɖula kesinɔtɔ la ene, mage ɖe Fiaɖuƒea me o. Woazu “mlɔetɔwo.” Gake ame geɖe, siwo dome Yesu ƒe nusrɔ̃la ɖokuibɔbɔlawo hã le, amesiwo Farisitɔ siwo bua wo ɖokui ame dzɔdzɔewoe buna be wonye “mlɔetɔwo”—abe amesiwo le anyigba, alo ‛am ha·’aʹrets ene la—azu “gbãtɔwo.” Woƒe ‘gbãtɔ’ zuzu fia be woana hatidziɖulanyenye kple Kristo le Fiaɖuƒea me ƒe mɔnukpɔkpɔ wo. Marko 10:17-31; Mateo 19:16-30; Luka 18:18-30.
▪ Edze ƒã be dziɖula ka ƒomevie ɖekakpui kesinɔtɔ la nye?
▪ Nukatae Yesu tsi tre ɖe alesi woyɔe be nyui la ŋu?
▪ Aleke nusi dzɔ ɖe ɖekakpui dziɖula la dzi ɖe afɔku si le kesinɔtɔnyenye me la fiae?
▪ Teƒeɖoɖo kawo ƒe ŋugbee Yesu do na eyomedzelawo?
▪ Aleke ame gbãtɔwo azu ame mlɔeawo, eye mlɔeawo nazu gbãtɔwoe?