Ta 117
Vevesese le Abɔ la Me
ESI Yesu do gbe ɖa vɔ la, wo kple eƒe apostolo nuteƒewɔla 11 la dzi kafukafuhawo na Yehowa. Emegbe woɖi tso dziƒoxɔa dzi hedo ɖe vuvɔ si le wɔwɔm le zã ƒe vivitia me la me, eye wotrɔ zɔ to Kidron-bali la me heɖo ta Betania. Gake le mɔa dzi la, wotɔ ɖe teƒe aɖe si wolɔ̃na nɔnɔ si nye Getsemane-bɔ la me. Teƒe sia le Amitoa dzi alo le teƒe aɖe si gogoe. Yesu kple eƒe apostoloawo doa go le afisia zi geɖe le amitiawo dome.
Esi wògblẽ apostoloawo dometɔ enyi ɖi—ɖewohĩ ɖe abɔa ƒe mɔ nu—la, egblɔ na wo be: “Mibɔbɔ nɔ afisia, vaseɖe esime mayi aɖado gbe ɖa le afime.” Ke Yesu kplɔ ame etɔ̃ bubuawo—Petro, Yakobo, kple Yohanes—eye wòyi ɖe ŋgɔgbe le abɔa me. Yesu xa nu eye nya aɖe te ɖe edzi vevie. Egblɔ na wo be: “Nye luʋɔ le nu xam kakaka vaseɖe ku me; minɔ afisia, eye minɔ ŋudzɔ kpakplim.”
Esi Yesu zɔ yi ŋgɔ vie la, edze klo tsyɔ mo anyi eye wòdze gbedodoɖa vevie gɔme bena: “Fofonye, ne àte ŋui la, na be, kplu sia nato ŋutinye ayi; gake la menye alesi nye ŋutɔ medi o, negbe alesi wòa nèdi ko.” Nuka gblɔm wòle? Nukatae wòle “nu xam kakaka vaseɖe ku me” ɖo? Ðe wòdi be yeatrɔ yeƒe nyametsotso si nye be yeaku ahaxe tafea la?
Kura o! Yesu mele koko ƒom be woagana yeaku o. Sisi ɖa le vɔsaku nu ƒe susu si Petro do ɖa ɣeaɖeɣi la gɔ̃ hã nyɔ ŋu nɛ. Ðe ema teƒe la, ele veve sem le esi wòle vɔvɔ̃m be mɔ si dzi yeato aku kpuie—abe nuvlowɔla ɖigbɔ ene—la ado vlo ye Fofo ƒe ŋkɔ la ta. Ele ekpɔm azɔ be le gaƒoƒo ʋee aɖewo megbe la, woaklã ye ɖe ati ŋu abe ame vɔ̃ɖitɔ kekeake—si nye busunyagblɔla ɖe Mawu ŋu—la ene! Esiae nye nusi le fu ɖem nɛ vevie.
Esi Yesu do gbe ɖa ʋuu vɔ la, etrɔ gbɔ va kpɔ be apostolo etɔ̃awo nɔ alɔ̃ dɔm. Egblɔ na Petro bena: “Ðe miate ŋu anɔ ŋudzɔ kplim gaƒoƒo ɖeka oa? Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne miagadze tetekpɔ me o.” Gake esi wònɔ lɔlɔ̃m ɖe alesi nu te ɖe wo dzie kple alesi zã tsie dzi la, egblɔ be: “Gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.”
Yesu gayi zi evelia eye wòbia be Mawu naɖe “kplu sia” si nye nusi Yehowa de asi nɛ alo nusi nye Eƒe lɔlɔ̃nu nɛ la ɖa. Esi wòtrɔ gbɔ la, egakpɔ be wo ame etɔ̃a nɔ alɔ̃ dɔm le esime wòle be woanɔ gbe dom ɖa be yewomagage ɖe tetekpɔ me o hafi. Esi Yesu ƒo nu kpli wo la, womenya nya si woagblɔ atsɔ aɖo eŋu nɛ o.
Mlɔeba Yesu gadzo le wo gbɔ zi etɔ̃lia yi afisi ƒe didime anɔ abe afisi ne woda kpe wòate ŋu aɖo ene, eye wòdze klo hedo gbe ɖa kple ɣli sesĩe kpakple aɖatsiwo bena: “Fofo, ne èlɔ̃ la, tsɔ kplu sia yii le gbɔnye.” Yesu le veve sem vevie le vlodoame si eƒe ku abe nuvɔ̃wɔla ene la ahe va Fofoa ƒe ŋkɔ dzie la ta. Be woatso enu be enye busunyagblɔla—amesi ƒoa fi dea Mawu—la wu tsɔtsɔ nɛ kloe!
Gake Yesu yi gbedodoɖa la dzi be: “Gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò woawɔ.” Yesu tsɔ toɖoɖo bɔbɔ eɖokui ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ te. Esi wògblɔ esia la, mawudɔla aɖe tso dziƒo va tsɔ dzideƒonyawo do ŋusẽe. Anye be mawudɔla la gblɔ na Yesu be Fofoa kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu.
Gake agba kpekpe kae nye si esia nye na Yesu! Eya ŋutɔ ƒe agbe mavɔ kpɔkpɔ kpakple amegbetɔƒome bliboa katã tɔ nɔ te ɖe nusi wòawɔ la dzi. Nya la te ɖe edzi ŋutɔ. Eyata Yesu yi edzi gado gbe ɖa vevie wu, eye eƒe fifia si nɔ gegem ɖe anyigba la va nɔ abe ʋukɔ ene. The Journal of the American Medical Association gblɔ be: “Togbɔ be fifia si me ʋu anɔ nye nudzɔdzɔ ɖedzesi aɖe si mebɔ kura o hã la, . . . esia te ŋu dzɔna ne nya aɖe le fu ɖem na ame vevie.”
Emegbe Yesu trɔ va eƒe apostoloawo gbɔ zi etɔ̃lia, eye wògakpɔ be wonɔ alɔ̃ dɔm. Nuxaxa na ɖeɖi te wo ŋu. Edo ɣli gblɔ be: ‘Ɣeyiɣi sia mee miele alɔ̃ dɔm hele ɖiɖim ɖe eme! Esɔ gbɔ! Gaƒoƒo la ɖo vɔ! Mikpɔ ɖa, woatsɔ Amegbetɔvi la ade asi na nuvɔ̃wɔlawo. Mitsi tre, mina mídzo! Mikpɔ ɖa, amesi le yonyeme mɔ fiam la gogo!’
Esime wòganɔ nuƒoƒo dzi la, Yuda Iskariot va ɖo eye ameha gã aɖe siwo lé kakatiwo kple akaɖiwo kpakple aʋawɔnuwo ɖe asi la kpe ɖe eŋu. Mateo 26:30, 36-47; 16:21-23; Marko 14:26, 32-43; Luka 22:39-47; Yohanes 18:1-3; Hebritɔwo 5:7.
▪ Esi woɖi le dziƒoxɔa dzi la, afikae Yesu kplɔ apostoloawo yii, eye nukae wòwɔ le afima?
▪ Esime Yesu nɔ gbe dom ɖa la, nuka wɔmee apostoloawo nɔ?
▪ Nukatae Yesu nɔ veve sem helĩhelĩ, eye nukae wòbia Mawu?
▪ Nukae Yesu ƒe fifia si zu abe ʋukɔwo ene la fia?