NUSƆSRƆ̃ 53
Dzidedeƒo Na Nyaselawo Kple Ŋusẽdodo Wo
KUXI ka ke Mawu ƒe subɔlawo le go domee o, ele be woate ŋu axɔ dzidedeƒoname le Kristo-hamea me. Hafi wòanɔ alea la, ele be vevietɔ hamemegãwo koŋ nakpɔ egbɔ be yewoƒe nuƒowo dea dzi ƒo na ame. Ele be hamemegãwo naɖee afia be yewonye “sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu, tɔʋu le gbegbe kple agakpe gã nyadri ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi.”—Yes. 32:2.
Ne hamemegãe nènye la, ɖe wokpɔa gbɔɖeme kple akɔfafa tsoa wò nuƒowo mea? Ðe woʋãa amesiwo le agbagba dzem be yewoasubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔea? Ðe wodoa ŋusẽ wo be woayi edzi ado vevie nu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me togbɔ be amewo ƒe ɖekematsɔleme kple tsitretsiɖeŋu bɔ gɔ̃ hã? Ke ne dzi ɖe le wò nyaselawo dometɔ aɖewo ƒo alo wolé blanui, wole fu kpem vevie le ganyawo ƒe sesẽ ta, alo wole agbagba dzem be yewoanɔ te ɖe dɔléle sesẽ aɖe si womate ŋu ada o nu ya ɖe? Àte ŋu ‘atsɔ wò numenyawo ade dzi ƒo na nɔviwòwo.’—Hiob 16:5.
Wɔ mɔnukpɔkpɔ si su asiwò be nàƒo nu na nɔviwòwo ŋudɔ nàtsɔ akpe ɖe wo ŋu be mɔkpɔkpɔ kple ŋusẽdoame si tsoa Yehowa gbɔ kpakple esi míexɔna tsoa mɔnuɖoɖo siwo wòwɔ na mí me la nasu wo si.—Rom. 15:13; Ef. 6:10.
He Woƒe Susu Yi Nusi Yehowa Wɔ na Wo Dzi. Mɔ vevi aɖe si dzi nàto ade dzi ƒo na amewoe nye be nàfia alesi Yehowa kpe ɖe eƒe amewo ŋui le nɔnɔme sesẽwo me le ɣeyiɣi siwo va yi me la wo.—Rom. 15:4.
Hafi Israel-viwo naɖo Ŋugbedodonyigba si dzi dukɔ siwo nye futɔwo nɔ ɣemaɣi dzi la, Yehowa gblɔ na Mose be ‘wòade dzi ƒo’ na Yosua eye ‘wòado ŋusẽe.’ Aleke Mose wɔ esiae? Mose ɖo ŋku nusiwo Yehowa wɔ na dukɔ bliboa tso esime wodzo le Egipte la dzi na wo le Yosua ŋkume. (Mose V, 3:28; 7:18) Mose gaɖo ŋku alesi Yehowa na woɖu Amoritɔwo dzii la hã dzi na wo. Eyome Mose xlɔ̃ nu Yosua be: “Lé dzi ɖe ƒo, eye [nàsẽ] ŋu.” (Mose V, 31:1-8) Ne èle agbagba dzem be yeade dzi ƒo na nɔviwòwo la, ɖe nèkpena ɖe wo ŋu be woaɖo ŋku nusiwo Yehowa wɔ na wo xoxo dzi be wòado ŋusẽ woa?
Ɣeaɖewoɣi kuxiwo doa agbogbo ɖe amewo dzi ale gbegbe be wobua eŋu ne wòate ŋu adzɔ be yayra siwo Fiaɖuƒea ahe vɛ la ate ŋu ava asu wo si gbaɖegbe. Ðo ŋku alesi Yehowa ƒe ŋugbedodowo medoa kpo emevava o la dzi na wo.—Yos. 23:14.
Dziɖuɖu aɖewo de se tsɔ xe mɔ ɖe mía nɔviwo nu le dukɔ aɖewo me be woagaɖe gbeƒã nyanyuia o. Le teƒe siawo la, hamemegã lɔ̃amewo ate ŋu akpe ɖe haxɔsetɔwo ŋu lɔlɔ̃tɔe be Yesu Kristo ƒe apostolowo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo nanye nusi ado ŋusẽ wo. (Dɔw. 4:1–5:42) Eye gbetete ɖe alesi Mawu ƒe asi nɔ nudzɔdzɔ siwo woŋlɔ ɖe Ester ƒe agbalẽa mee dzi aʋã nɔviawo eye wòado ŋusẽ wo godoo.
Ɣeaɖewoɣi ame aɖewo dea hamea ƒe kpekpewo gake womegawɔa ŋgɔyiyi boo aɖeke wu ema o. Anɔ eme be woanɔ sesem le wo ɖokui me be le alesi gbegbe yewoƒe agbenɔnɔ gblẽe tsã ta la, Mawu matsɔ ake yewo akpɔ o. Ðewohĩ àte ŋu aɖo ŋku alesi Yehowa wɔ nu ɖe Fia Manase ŋui dzi na wo. (Kron. II, 33:1-16) Alo àte ŋu aƒo nu tso blema Korintotɔ siwo trɔ woƒe agbenɔnɔ, va zu Kristotɔwo, eye Mawu bu wo ame dzɔdzɔewoe la ŋu na wo.—Kor. I, 6:9-11.
Ðe ame aɖewo senɛ le wo ɖokui me be kuxi siwo me tom yewole fia be Mawu megakpɔa ŋudzedze ɖe yewo ŋu oa? Àte ŋu aɖo ŋku nusiwo me Hiob to kple alesi woyrae geɖe le esi wòlé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi bliboe na Yehowa ta dzi na wo. (Hiob 1:1-22; 10:1; 42:12, 13; Ps. 34:20) Hiob ƒe alakpakɔfalawo gblɔ vodadatɔe be nuvɔ̃ aɖe kokokoe Hiob anya wɔ. (Hiob 4:7, 8; 8:5, 6) Gake esi Paulo kple Barnaba nɔ ŋusẽ dom nusrɔ̃lawo eye ‘wonɔ nu xlɔ̃m wo be woanɔ xɔse la me’ la, wogblɔ na wo be: “Xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.” (Dɔw. 14:21, 22) Nenema ke egbea wò hã àte ŋu ado ŋusẽ amesiwo le nɔnɔme sesẽwo me tom to alesi nàfia wo woakpɔe adze sii be wodi tso Kristotɔwo katã si be woado dzi le xaxa me eye be dzidodo sia xɔ asi vevie le Mawu ŋkume.—Lod. 27:11; Mat. 24:13; Rom. 5:3, 4; Tim. II, 3:12.
De dzi ƒo na wò nyaselawo ne woabu mɔ siwo dzi Yehowa wɔ ɖe eƒe ŋugbedodo dzi na wo le woa ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ me ŋu. To ŋkuɖoɖo nu dzi na wo vie me la, àte ŋu ana woakpɔ alesi Yehowa wɔ nu ɖe wo ŋui xoxo abe alesi tututu wòdo ŋugbee ene. Míexlẽ le Psalmo 32:8 be: “Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nato la wò; maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.” Ne èna wò nyaselawo ɖo ŋku alesi Yehowa fia mɔ alo do ŋusẽ woe dzi la, awɔe be woawo ŋutɔ woakpɔe adze sii kɔte be Yehowa tsɔ ɖe le eme na yewo eye be akpe ɖe yewo ŋu le tetekpɔ ɖesiaɖe si yewole go domee fifia me.—Yes. 41:10, 13; Pet. I, 5:7.
Kpɔ Dzidzɔ ɖe Nusi Wɔm Mawu Le Fifia Ŋu Vevie. Ne èdi be yeade dzi ƒo na nɔviwòwo la, he woƒe susu yi nusiwo wɔm Yehowa le fifia dzi. Ƒo nu tso nusiawo ŋu le mɔ si aɖee afia be nusiawo doa dzidzɔ na wò nu eye esia ana seselelãme siwo le mewò naɖo wò nyaselawo hã ƒe dzi me.
De ŋugble le alesi Yehowa kpena ɖe mía ŋu míenɔa te ɖe agbemenuteɖeamedziwo nu ŋu. Efiaa agbenɔnɔ ƒe mɔ nyuitɔ mí. (Yes. 30:21) Eɖe susu si ta nuvlowɔwɔ, madzɔmadzɔnyenye, hiãkame, dɔléle, kple ku li la me na mí eye wògblɔ alesi wòava ɖe nusiawo katã ɖae. Etsɔ nɔviwo ƒe habɔbɔ si me lɔlɔ̃ le la yra míi. Ena gbedodoɖa ƒe mɔnukpɔkpɔ xɔasi la mí. Etsɔ mɔnukpɔkpɔa na mí be míanye yeƒe Ðasefowo. Eʋu ŋku na mí míekpɔe be wotsɔ Kristo ɖo zi dzi le dziƒo xoxo eye be nuɖoanyi xoxo sia ƒe ŋkeke mamlɛawo ƒe nuwuwu le aƒe tum kabakaba.—Nyaɖ. 12:1-12.
Míaƒe hame ƒe kpekpewo kpakple takpekpe suewo kple gãawo hã kpe ɖe yayra siawo ŋu. Ne èƒoa nu tso nusiawo ŋu le mɔ si ɖea wò ŋudzedzekpɔkpɔ vavã ɖe wo ŋu fiana nu la, ànɔ dzi dem ƒo na amewo be woagagblẽ ƒuƒoƒo kple wo nɔviwo ɖi o.—Heb. 10:23-25.
Nyatakaka siwo ɖo kpe edzi be Yehowa ƒe yayra le agbagba si dzem míele le gbeadzisubɔsubɔdɔa me dzi hã nye nusi doa ŋusẽ ame. Le ƒe alafa gbãtɔ me esi Paulo kple Barnaba nɔ mɔ dzi yina Yerusalem la, woka alesi dukɔwo me tɔwo le tɔtrɔ wɔmee la ta na wo tsitotsito “wòzu dzidzɔ gã na nɔviawo katã.” (Dɔw. 15:3) Wò hã àte ŋu ana dzi nadzɔ nɔviawo ale gbegbe to nuteƒekpɔkpɔ tuameɖowo ta kaka na wo me.
Ne èkpe ɖe amewo ŋu wokpɔe dze sii be asixɔxɔ le nusi wɔm yewole ŋu la, edea dzi ƒo na wo ŋutɔ. Kafu wo ɖe gome si kpɔm wole le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me ta. Kafu amesiwo megate ŋu le geɖe wɔm o le tsitsi kple dɔléle ta gake wogakpɔtɔ le dzi dom nuteƒewɔwɔtɔe la. Ðo ŋku edzi na wo be Yehowa maŋlɔ lɔlɔ̃ si woɖe fia le eƒe ŋkɔ ta la be o. (Heb. 6:10) Xɔse si nɔa te le dodokpɔ me nye nunɔamesi xɔasi aɖe. (Pet. I, 1:6, 7) Ehiã be míaɖo ŋku esia dzi na mía nɔviwo.
Tsɔ Seselelãme Ƒo Nu tso Mɔkpɔkpɔ na Nusiwo Le Ŋgɔ Ŋu. Nusiwo gbɔna ƒe ŋugbedodo siwo tso gbɔgbɔ me la dea dzi ƒo na Mawu lɔ̃lawo katã. Ðewohĩ wò nyaselawo dometɔ akpa gãtɔ se nusiwo gbɔna ŋu nyawo zi geɖe. Gake to ŋudzedzekpɔkpɔ si nàɖe afia le nuƒoƒo tso ŋugbedodo siawo ŋu me la, àte ŋu ana woazu nu ŋutɔŋutɔwo na wo, ana woaka ɖe wo me vava dzi, ahana akpedada nayɔ woƒe dzi me fũ. Nusiwo nèsrɔ̃ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me la dzi wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu awɔ esia.
Yehowa ŋutɔe nye Dzideƒonamela kple Ŋusẽdoamela gãtɔ kekeake na eƒe amewo. Ke hã àte ŋu akpɔ gome kplii le yayra siawo hehe yi na amewo me. Ne èle nu ƒom na hamea la, wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ nyuie be wòahe yayra siawo vɛ.