INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ol axa 2
  • Ŋgɔdonya

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋgɔdonya
  • Agbe Mavɔ Mɔ La—Èke Ðe Eŋua?
Agbe Mavɔ Mɔ La—Èke Ðe Eŋua?
ol axa 2

Ŋgɔdonya

MAWU ŊUSẼKATÃTƆ lae nye xexeame katã ƒe Aƒetɔ. Agbe si míele fifia kple esi míava nɔ le etsɔme la le esi me. Ŋusẽ le esi be wòayra ame eye ŋusẽ gale esi be wòahe to na ame. Ŋusẽ le esi be wòana agbe ame eye ŋusẽ le esi be wòagaxɔe hã. Ne ekpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, eme anyo na mí; ne mekpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o la, eme manyo na mí o. Aleke gbegbe wòle vevie enye si be míaƒe tadedeagu nadze eŋu!

Amewo dea ta agu le mɔ vovovo nu. Ne mawusubɔsubɔ le abe mɔ ene la, ke ɖe Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe subɔsubɔmɔwo katã ŋua? Ao, menye wo katã ŋue wòkpɔa ŋudzedze ɖo o. Yesu, amesi nye Mawu ƒe nyagblɔɖila, ɖee fia be mɔ eve koe li. Egblɔ be: “Agbo la keke, eye mɔ la le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewo nye amesiwo le edzi yina ɖe eme. Elabena agbo la le biie, eye mɔ la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋɛwo nye amesiwo kpɔnɛ.”—Mateo 7:13, 14.

Subɔsubɔ ƒomevi eve koe li: esi kplɔa ame yia agbe me kple esi kplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me. Agbalẽ gbadza sia ƒe taɖodzinue nye be wòakpe ɖe ŋuwò nàke ɖe mɔ si kplɔa ame yia agbe mavɔ me ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe