INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lr ta 9 axa 52-56
  • Ehiã Be Míatsi Tre Ðe Tetekpɔ Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ehiã Be Míatsi Tre Ðe Tetekpɔ Ŋu
  • Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusɔsrɔ̃ Tso Yesu Ƒe Tetekpɔwo Me
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Abosam Te Yesu Kpɔ
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nɔ Ŋudzɔ—Satana Le Didim Be Yeavuvu Wò!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nu Sɔsrɔ̃ tso Yesu ƒe Tetekpɔwo Me
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
Kpɔ Bubuwo
Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
lr ta 9 axa 52-56

TA 9

Ehiã Be Míatsi Tre Ðe Tetekpɔ Ŋu

ÐE AME aɖe gblɔ na wò be nàwɔ nu gbegblẽ aɖe kpɔa?— Ðe wòzii ɖe dziwò be nàwɔea? Alo ɖe wògblɔ be anye nusi me vivisese le eye ewɔwɔ manye nu gbegblẽ ŋutɔŋutɔ aɖeke oa?— Ne ame aɖe gblɔ be míawɔ esia la, ke ele agbagba dzem be yeate mí akpɔ.

Nukae wòle be míawɔ ne wote mí kpɔ? Ðe wòle be míalɔ̃ ɖe edzi awɔ nu gbegblẽa?— Ema madze Yehowa Mawu ŋu o. Gake ènya amesi wòado dzidzɔ naa?— Ẽ, Satana Abosam ye.

Satana nye Mawu ƒe futɔ, eye míawo hã míaƒe futɔe Satana nye. Míate ŋu akpɔe kple ŋku o elabena gbɔgbɔe wònye. Gake eya ate ŋu akpɔ mí. Gbeɖeka Abosam ƒo nu kple Yesu, Nufiala Gã la, eye wòdze agbagba be yeatee akpɔ. Na míakpɔ nusi Yesu wɔ ɖa. Ekema míate ŋu anya nu nyuitɔ si wòle be míawo hã míawɔ ne wote mí kpɔ.

Esi wonya nyrɔ Yesu teti ko la, efɔ mo dzi eye wòdo gbe ɖa

Anye be nuka dzie Yesu nɔ ŋku ɖomee tso esime wonyrɔe ɖe tsi me?

Enye Yesu ƒe didi ɣesiaɣi be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Eɖe didi sia fia amewo kpɔ esi wòna wonyrɔe ɖe Yordan-tɔsisia me. Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe teti ye Satana dze agbagba be yeate Eyama akpɔ. Biblia gblɔ be ‘dziƒowo nu ʋu’ na Yesu. (Mateo 3:16) Esia ate ŋu afia be fifia Yesu dze ŋkuɖoɖo agbe si wònɔ le Mawu gbɔ do ŋgɔ le dziƒo la dzi bliboe.

Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe la, eyi ɖe gbedadaƒo be yeabu tame tso nusiwo dzi wòle ŋku ɖomee azɔ la ŋu. Ŋkeke blane kple zã blane va yi. Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Yesu meɖu naneke o, eyata dɔ nɔ ewum ŋutɔ. Ɣeyiɣi sia mee Satana dze agbagba be yeate Yesu akpɔ.

Abosam zã kpewo tsɔ le Yesu tem kpɔ

Aleke Abosam zã kpewo tsɔ te Yesu kpɔe?

Abosam gblɔ nɛ be: ‘Ne Mawu ƒe vie nènye la, ekema gblɔ na kpe siawo be woatrɔ azu abolo.’ Aleke abolo avivi ŋutɔ enye si! Gake ɖe Yesu ate ŋu atrɔ kpe wòazu abolo ŋutɔŋutɔa?— Ẽ, ate ŋui. Nukatae? Elabena ŋusẽ tɔxɛwo le Yesu si nye Mawu ƒe Vi la si.

Nenye wòe ɖe, ɖe nàtrɔ kpe wòazu abolo ne Abosam bia tso asiwò be nàwɔea?— Dɔ nɔ Yesu wum. Eyata ɖe masɔ be wòawɔ esia zi ɖeka pɛ ko oa?— Yesu nyae be enye nu gbegblẽ be yeazã yeƒe ŋusẽa ɖe mɔ sia nu. Yehowae na ŋusẽ mawoe be wòatsɔ ahe amewo ava Mawu gbɔe, menye be wòatsɔ adi eɖokui tɔe o.

Eyata Yesu mewɔe o ke boŋ egblɔ nusi woŋlɔ ɖe Biblia me la na Satana, be: ‘Menye abolo ɖeɖeko ŋuti ame anɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.’ Yesu nya be nusi dzea Yehowa ŋu wɔwɔ le vevie kura wu nuɖuɖu si woaɖu.

Gake Abosam gatee kpɔ ake. Ekplɔ Yesu yi ɖe Yerusalem eye wòna wòtsi tre ɖe gbedoxɔa ƒe akpa si kɔ yi dzi boo la tame. Eyome Satana gblɔ be: ‘Ne Mawu ƒe vi nènye la, ekema dzo tso afisia nàɖadze anyigba; elabena woŋlɔ ɖi bena, Mawu ƒe dɔlawo akpɔ tawò be nuvevi aɖeke mawɔ wò o.’

Nukatae Satana gblɔ nya sia?— Egblɔe be wòatsɔ ate Yesu akpɔ ne wòawɔ nusi me susu mele o. Gake le esia hã me la, Yesu meɖo to Satana o. Egblɔ na Satana be: “Wogaŋlɔ ɖi hã bena: ‘Megate Yehowa wò Mawu la kpɔ o.’” Yesu nya be enye nu gbegblẽ be yeatsɔ yeƒe agbe ade afɔku me atsɔ ate Yehowa akpɔe.

Ke hã Satana mena ta o. Eyome egakplɔ Yesu yi ɖe to kɔkɔ aɖe dzi. Eɖe xexeame ƒe fiaɖuƒewo, alo dziɖuɖuwo, katã kple woƒe atsyɔ̃ɖoɖo fiae le afima. Eye Satana gblɔ na Yesu be: “Matsɔ nusiawo katã ana wò, ne èdze klo de ta agu nam.”

Bu nusi Abosam tsɔ ɖo Yesu ŋkume ŋu kpɔ. Ðe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒe, alo dziɖuɖu, siawo katã nye Satana tɔ vavã?— Yesu megbe be womenye Satana tɔ o. Ne ɖe womenye Satana tɔ o la, anye ne agblɔe. Ẽ, Satanae nye xexeame dukɔwo katã ƒe dziɖula nyateƒe. Biblia la yɔe gɔ̃ hã be enye “xexe sia me fia.”—Yohanes 12:31.

Yesu gbe xexeame fiaɖuƒe siwo katã Satana tsɔ ɖo eŋkume la

Nukata Satana te ŋu gblɔ be yeatsɔ fiaɖuƒe siawo katã ana Yesu?

Nenye wòe ɖe, nukae nàwɔ ne Abosam do ŋugbe na wò be ne ède ta agu na ye la, yeatsɔ nane ana wò?— Yesu nyae be nuka ke Yeakpɔ tso eme o, enye nu gbegblẽ be yeade ta agu na Abosam. Eyata Yesu gblɔ nɛ be: ‘Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena Biblia gblɔ bena, Yehowa wò Mawu la ko nàde ta agu na, eye eya ɖeka ko nàsubɔ.’—Mateo 4:1-10; Luka 4:1-13.

Nyɔnuvi aɖe ɖo asi glã le akpɔnɔvivi aɖe kpɔm dũu

Nukae nàwɔ ne wote wò kpɔ?

Míawo hã míedoa go tetekpɔwo egbea. Ènya wo dometɔ aɖewoa?— Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye si. Ðewohĩ dada tɔ tatali alo kaklo vivi aɖe be miatsɔ aɖe numee le nuɖuɖu vɔ megbe. Ðewohĩ egblɔ na wò be mègaɖu ɖeke o, nàlala vaseɖe nuɖuɣi. Gake dɔ le wuwòm ŋutɔ, eyata anye tetekpɔ na wò be nàɖu ɖe. Ðe nàɖo to dadaa?— Satana adi be nàgbe toɖoɖo dawò.

Ðo ŋku Yesu dzi. Dɔ nɔ eya hã wum ŋutɔ. Gake enya be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ le vevie wu nuɖuɖu. Àɖee afia be nèle abe Yesu ene nenye be èwɔ ɖe dawò ƒe nyawo dzi.

Ate ŋu adzɔ be ɖevi bubuwo nabia tso asiwò be nàmi atikekui aɖewo. Ðewohĩ woagblɔ na wò be atike siawo ana dzi nadzɔ wò. Gake atike siawo ate ŋu anye atikevɔ̃ɖiwo. Woate ŋu ana nàdze dɔ vevie alo woate ŋu awu wò gɔ̃ hã. Alo ɖewohĩ ame aɖe atsɔ sigaret, si nye nusi me atikevɔ̃ɖiwo le, ana wò eye wòazi dziwò be nànoe. Nukae nàwɔ?—

Ðekakpuivi aɖe tsɔ sigaret na ŋutsuvi eve; ŋutsuvia ɖeka xɔe, evelia ya gbe eye wòdzo

Ðo ŋku Yesu dzi. Satana dze agbagba be yeana Yesu natsɔ eƒe agbe ade afɔku me esi wògblɔ nɛ be wòadzo tso gbedoxɔa dzi. Gake Yesu medzo o. Nukae nàwɔ ne ame aɖe zi dziwò be nàwɔ nusi me afɔku le?— Yesu meɖo to Satana o. Mele be wò hã nàɖo to amesiame si ate wò akpɔ be nàwɔ nu gbegblẽ o.

Nyɔnuvi aɖe lé dzonu si nye rosario ɖe asi

Nukatae wònye nu gbegblẽ be woade ta agu na legbawo?

Gbeɖeka woate ŋu abia tso asiwò be nàwɔ nusi anye tadedeagu na legba, si nye nusi Biblia gblɔ be mele be míawɔ o. (Mose II, 20:4, 5) Ate ŋu anye be suku wɔna aɖee wònye. Woate ŋu agblɔ na wò be ne ègbe ewɔwɔ la, ke woanya wò le sukua. Nukae nàwɔ?—

Ele bɔbɔe be nàwɔ nusi le dzɔdzɔe ne amesiame hã le ewɔm. Gake nusi le dzɔdzɔe wɔwɔ ate ŋu asesẽ ne ame bubuwo le mía dzi zim be míawɔ nu gbegblẽ. Woate ŋu agblɔ be naneke megblẽ le nusi wɔm yewole ŋu o. Gake biabia vevitɔe nye be, Nukae Mawu gblɔ tso eŋu? Eyae nye amesi nya nusi nye nyuitɔ.

Eyata eɖanye nuka ke amewo gblɔ o, mele be míawɔ nusiwo Mawu gblɔ be wonye nu gbegblẽwo gbeɖe o. To mɔ sia nu la, ɣesiaɣi míawɔ nusi ana Mawu nakpɔ dzidzɔ, eye míawɔ nusi dze Abosam ŋu akpɔ gbeɖe o.

Àte ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo geɖe ku ɖe alesi míatsi tre ɖe tetekpɔ be míawɔ nu gbegblẽ ŋu le Psalmo 1:1, 2; Lododowo 1:10, 11; Mateo 26:41; Timoteo II, 2:22.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe