TA 28
Alesi Nàwɔ Anya Amesi Wòle Be Nàɖo Toe
ƔEAÐEWOƔI esesẽna be míanya amesi tututu wòle be míaɖo toe. Dada alo papa ate ŋu agblɔ nane si wòle be nàwɔ la na wò. Gake le suku miaƒe nufiala alo polis ate ŋu agblɔ na wò be nàwɔ nane si to vovo na ema. Ne edzɔ alea ɖe, amekae nàɖo toe?—
Do ŋgɔ le agbalẽ sia ƒe Ta 7 lia me la, míexlẽ Efesotɔwo 6:1-3 le Biblia me. Wogblɔ le afima be ele be ɖeviwo naɖo to wo dzilawo. Mawunyakpukpuia gblɔ be: ‘Miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me.’ Ènya nusi “le Aƒetɔ la me” fia?— Dzila siwo le Aƒetɔ la me fiaa wo viwo be woawɔ ɖe Mawu ƒe sewo dzi.
Gake ame tsitsi aɖewo mexɔ Yehowa dzi se o. Eyata nenye be wo dometɔ aɖe gblɔ na wò be naneke megblẽ le eŋu be nàfi dodokpɔ akpɔ awɔ le suku o alo be nàtsɔ nane le fiase me eƒe fe maxemaxee ɖe? Ekema ɖe wòanyo be ɖevi nafi dodokpɔ awɔ alo be wòafi nu bubu aɖea?—
Ðo ŋku edzi be Fia Nebukadnezar gblɔ kpɔ be amesiame nabɔbɔ ade ta agu na yeƒe sikalegba si yeli. Gake Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego gbe be yewomade ta agu nɛ o. Ènya nusitaea?— Elabena Biblia gblɔ be Yehowa ɖeɖekoe wòle be woasubɔ.—Mose II, 20:3; Mateo 4:10.
Nya ka gblɔmee Petro le na Kayafa?
Le Yesu ƒe ku megbe la, wokplɔ eƒe apostolowo va Sanhedrin, si nye Yuda subɔsubɔha ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ, la ŋkumee. Nunɔlagã Kayafa gblɔ be: “Alo ɖe menye se míede na mi bena: Migafia nu ɖe [Yesu ƒe] ŋkɔ sia dzi oa? Eye kpɔ ɖa, mieyɔ Yerusalem fũ kple miaƒe nufiafia.” Nukatae apostoloawo meɖo to Sanhedrin la o?— Esi Petro nɔ nu ƒom ɖe apostolo mamlɛawo nu la, eɖo ŋu na Kayafa be: “Ele be, woabu Mawu awu amewo.”—Dɔwɔwɔwo 5:27-29.
Ɣemaɣi la, Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi ale gbegbe. Gake Roma dziɖuɖua ye nɔ woƒe dukɔa dzi ɖum. Woyɔa dziɖuɖu ma ƒe fiagã be Kaisaro. Togbɔ be Yudatɔwo medi be Kaisaro naɖu yewo dzi o hã la, Roma dziɖuɖua wɔ dɔ nyui geɖe na wo. Eye nenema ke dziɖuɖu siwo li egbea hã wɔa dɔ nyui geɖe na woƒe dukɔmeviwo. Ènya dɔ siawo dometɔ aɖewoa?—
Dziɖuɖuwo doa mɔwo be amewo nate ŋu azɔ mɔ, eye woawoe xea fe na poliswo kple dzotsilawo be woakpɔ mía ta. Woɖoa sukuwo hã be ɖeviwo nade eye woɖoa kɔdziwo be woakpɔ amewo ƒe lãmesẽnyawo gbɔ. Dziɖuɖua zãa ga geɖe le nusiawo wɔwɔ me. Ènya afisi dziɖuɖua kpɔa ga tsonɛa?— Amewo gbɔe. Woyɔa ga si amewo xena na dziɖuɖua be adzɔ.
Esime Nufiala Gã la nɔ anyigba dzi la, Yudatɔ geɖe medi be yewoaxe adzɔ na Roma dziɖuɖua o. Eyata gbeɖeka nunɔlawo dɔ ame aɖewo be woava bia nya aɖe Yesu atsɔ adi nya nɛ. Nya si wobia enye, ‘Ðe wòle na mí be míaxe adzɔ na Kaisaro loo alo mele be míaxee oa?’ Biabia si ade ame nya mee nye ma. Ne Yesu ɖo eŋu be, ‘Ẽ, ele be miaxe adzɔ’ la, madzɔ dzi na Yudatɔ geɖe o. Evɔ Yesu mate ŋu agblɔ be, ‘Ao, mehiã be miaxe adzɔ o’ hã o. Ema gbɔgblɔ masɔ o.
Eyata nukae Yesu wɔ? See ɖa, egblɔ be: ‘Mitsɔ ga aɖe fiam.’ Esi wotsɔ gaa vɛ na Yesu la, ebia wo se be: ‘Ameka ƒe nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔe nye esia le edzi?’ Ameawo ɖo eŋu be: “Kaisaro tɔe.” Eyata Yesu gblɔ na wo be: ‘Ekema mitsɔ nusi nye Kaisaro tɔ la, na Kaisaro, ke nusi nye Mawu tɔ la, na Mawu.’—Luka 20:19-26.
Aleke Yesu ɖo ŋutsu siawo ƒe biabia si ate ŋu ade ame nya me la ŋui?
Azɔ ame aɖeke mete ŋu kpɔ vodada le eƒe ŋuɖoɖo sia ŋu o. Ne Kaisaro wɔa nuwo na amewo la, ɖeko wòsɔ be woazã ga si Kaisaro tso la ke atsɔ axe fe nɛ ɖe nusiawo ta. Eyata le mɔ sia nu la, Yesu ɖee fia be esɔ be míaxe adzɔ na dziɖuɖua ɖe nusiwo míexɔna tsoa egbɔ ta.
Ðewohĩ mètsi fifia haɖe axe adzɔ o. Gake nane li si wòle be nàtsɔ ana dziɖuɖua. Ènya nusi wònyea?— Eyae nye toɖoɖo dziɖuɖu ƒe sewo. Biblia gblɔ be: ‘Miɖo to dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na.’ Amesiwo si ŋusẽ le le dziɖuɖua me lae nye dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na. Eyata Mawue nye amesi le egblɔm na mí be míawɔ ɖe dziɖuɖua ƒe sewo dzi.—Romatɔwo 13:1, 2.
Anɔ eme be se aɖe li si gblɔ be womegatsɔ pepa kakɛwo kple nu bubuwo aƒu gbe ɖe ablɔ me o. Ðe wòle be nàwɔ ɖe se sia dzia?— Ẽ, Mawu ƒe didie wònye be nàwɔ ɖe edzi. Ðe wòle be nàɖo to poliswo hã?— Dziɖuɖuae xea fe na poliswo be woakpɔ amewo ta. Toɖoɖo amesiawo fia be èle to ɖom dziɖuɖua.
Eyata ne èdi be yeatso lɔrimɔ me eye polis aɖe gblɔ na wò be “Tɔ!” ɖe, nukae wòle be nàwɔ?— Ke ne ame bubuwo gbe eye woawo woƒu du tso mɔa me ɖe, ɖe wòle be wò hã nàtso emea?— Ele be nàlala, ne eganye wò ɖeka koe le lalam gɔ̃ hã. Mawue gblɔe be nàɖo to wo.
Ðewohĩ masɔmasɔ aɖe dzɔ le nutoa me eye polis aɖe gblɔ be: “Migado ɖe mɔdodo dzi o. Migado go va gota o.” Gake ɖewohĩ ànɔ ɣlidodowo sem evɔ mènya nusi tututu le edzi yim o. Ðe wòle be nàdo go ayi gota be yeava kpɔ nusi le dzɔdzɔm ɖa?— Ðe esia wɔwɔ anye toɖoɖo ‘dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na’?—
Le teƒe geɖe la, dziɖuɖuwoe ɖoa sukuwo eye woxea fe na nufialawo. Eyata èbu be Mawu ƒe didie wònye be nàɖo to nufialawo hã?— Bu eŋu kpɔ. Dziɖuɖuae xea fe na nufialawo be woafia nu, abe alesi ko wòxea fe na poliswo be woakpɔ amewo ta ene. Eyata toɖoɖo polis alo nufiala le ko abe toɖoɖo dziɖuɖua ene.
Nukata wòle be míaɖo to poliswo?
Gake ne edzɔ be nufiala aɖe gblɔ be nàwɔ nane si anye tadedeagu na legba ɖe? Ekema nukae nàwɔ?— Hebri-vi ɖekakpui etɔ̃awo mede ta agu na legba la o, esi Fia Nebukadnezar gɔ̃ hã bia tso wo si be woade ta agu nɛ hã. Èɖo ŋku nusita wogbe dzia?— Elabena womedi be yewoagbe toɖoɖo Mawu o.
Ŋutinyaŋlɔla aɖe si ŋkɔe nye Will Durant ŋlɔ tso Kristotɔ gbãtɔwo ŋu be woƒe ‘ɖokuitsɔtsɔna [alo, nuteƒewɔwɔ] vevitɔ kekeake menye Kaisaro tɔ o.’ Ao, Yehowa tɔe wònye! Eyata ɖo ŋku edzi be Mawue wòle be wòaxɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me.
Míeɖoa to dziɖuɖua elabena emae nye nusi Mawu di be míawɔ. Gake ne edzɔ be wogblɔ na mí be míawɔ nane si Mawu be mígawɔ o la, ke nya kae míagblɔ?— Ele be míagblɔ nya si apostoloawo gblɔ na nunɔlagã la, be: “Ele be, woabu Mawu awu amewo.”—Dɔwɔwɔwo 5:29.
Biblia fia mí be míade bubu sewo ŋu. Xlẽ nusi woŋlɔ ɖe Mateo 5:41; Tito 3:1; kple Petro I, 2:12-14.