Hadzidzi 1
Yehowa Ƒe Nɔnɔmewo
Tatatɔ
1. Yehowa, wò ŋusẽ tri’akɔ loo!
Gbɔwòe agbe kple kekeli dzɔ tso.
Nuwɔwɔwo ɖea wò gãnyenye fia;
Wò ŋkeke gã aɖee fia wu.
2. Èɖua fia le dzɔdzɔenyenye me.
Wò sededewo katã le dzɔdzɔe.
Wò nunya gã dze le wò Nya la me;
Míaɖe gbeƒãe na ’me sia ’me.
3. Wò lɔlɔ̃ gã la ɖe dzesi loo!
Nu nyui siwo nèna mí la sɔ gbɔ.
Míasrɔ̃ wò nɔnɔmewo gbe sia gbe,
Akafu wò ŋkɔ gã tegbee.
(Kpɔ Ps. 36:9; 145:6-13; Yak. 1:17 hã.)