Hadzidzi 73
Milɔ̃ Mia Nɔewo Vevie
1. Yehowa di tso mía si be
Míalɔ̃ mía nɔviwo vevie.
Alakpanuwɔwɔ manɔ
Míaƒe lɔlɔ̃ me o.
Mina míadi mɔnukpɔkpɔ
Akpe ɖe mía nɔviwo ŋu,
Be míaɖi Yehowa Mawu
Lɔlɔ̃ɖeɖefia me.
Dɔmenyotɔwo míanye,
Aɖe lɔlɔ̃ fia nuwɔna me,
Awɔ nyui na ’me sia ’me.
’Siae nye lɔlɔ̃ vavãtɔ.
Míade bubu nɔviwo ŋu,
Ase veve wo nu, ’labe
Lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ geɖe dzi.
Esia dzi míato akpɔ
Míaƒe ɖekawɔwɔa ta.
2. Ne míelɔ̃ mía nɔviwo la,
Míalɔ̃ atsɔ ake wo faa;
Elabe míeka ɖe woƒe
Nuteƒewɔwɔ dzi.
Míanye xɔlɔ̃ vavã siwo
Dea ’sixɔxɔ wo nɔewo ŋu.
Míetsɔa dzidzɔ ƒoa ƒu ɖekae
Be míatu mía nɔe’o ɖo.
Míedaa vo ɣeaɖewoɣi;
Gake míeƒoa ’sa na dzugbewo.
Míaɖe tufafa afia
Ame siwo Mawu lɔ̃.
Míanye ’nukwareɖilawo,
Aku ɖe mía nɔviwo ŋu.
Lɔlɔ̃ nanye míaƒe dzesi.
Míasrɔ̃ Ma’u ƒe lɔlɔ̃ la,
Be míakafui ɖaa tegbee.
(Kpɔ 1 Pet. 2:17; 3:8; 4:8; 1 Yoh. 3:11 hã.)