AKPA 6
Tsiɖɔɖɔ Gã La—Nufiame Kae Le Eme Na Mí?
Mawu tsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo, gake ena Noa kple eƒe ƒomea ya tsi agbe. 1 Mose 7:11, 12, 23
Tsi dza ŋkeke 40 kple zã 40 sɔŋ, eye tsia ɖɔ anyigba blibo la dzi gbanaa. Ame vɔ̃ɖiwo katã ku.
Mawudɔla siwo dze aglã la ɖe asi le woƒe amegbetɔ ŋutilã la ŋu va zu gbɔgbɔ vɔ̃wo.
Ame siwo nɔ aɖakaʋua me la tsi agbe. Togbɔ be Noa kple eƒe ƒomea ku emegbe hã la, Mawu agagbɔ agbe wo eye mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woanɔ agbe tegbee.
Mawu agatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo eye wòana ame nyuiwo natsi agbe. Mateo 24:37-39
Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo gakpɔtɔ le amewo blem.
Abe ale si wònɔ le Noa ƒe ŋkekea me ene la, ame geɖe gale mɔfiame siwo nam Yehowa le egbea lɔlɔ̃tɔe la gbem. Eteƒe madidi o, Yehowa atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã.—2 Petro 2:5, 6.
Ame aɖewo li egbea, siwo le abe Noa ene. Woɖoa to Mawu, eye wowɔa eƒe gbe dzi; woawoe nye Yehowa Ðasefowo.