INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jl nusɔsrɔ̃ 11
  • Nu Ka Tae Míewɔa Takpekpe Gãwo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Míewɔa Takpekpe Gãwo?
  • Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpekpe Siwo ‘Doa Ŋusẽ Ame Na Lɔlɔ̃ Kple Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ’
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
jl nusɔsrɔ̃ 11

NUSƆSRƆ̃ 11

Nu Ka Tae Míewɔa Takpekpe Gãwo?

Yehowa Ðasefo siwo le nutome gã takpekpe me le Mexico

Mexico

Wole agbalẽ yeye ɖem ɖe go le nutome gã takpekpe me le Germany

Germany

Ðekakpui si wole nyɔnyrɔ namee le Nicaragua

Botswana

Drama si me wodo blemawu le le edzi yim le nutome gã takpekpe me le Italy

Nicaragua

Drama si me wodo blemawu le le edzi yim le nutome gã takpekpe me le Italy

Italy

Nu kae na ame siwo le afi sia le dzidzɔ kpɔm alea gbegbe? Míaƒe takpekpe gãwo dometɔ ɖeka mee wole. Mawu gblɔ na esubɔla siwo nɔ anyi le blema be woakpe ta zi etɔ̃ ƒe sia ƒe. Nenema kee míawo hã míekpɔa mɔ na kpekpe siwo míewɔna le ƒuƒoƒo gãwo me. (5 Mose 16:16) Míewɔa takpekpe etɔ̃ ƒe sia ƒe, siwo nye: ŋkeke ɖeka nutome sue takpekpe si míewɔna zi eve, kple ŋkeke etɔ̃ nutome gã takpekpe. Aleke takpekpe siawo ɖea vi na míi?

Wodoa ŋusẽ míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa. Ale si wòdzɔa dzi na Israel viwo be yewoakafu Yehowa ‘le ameha gãwo dome’ la, nenema kee wòdzɔa dzi na míawo hã be míade ta agu na Mawu le wɔna tɔxɛ siawo me. (Psalmo 26:12; 111:1) Takpekpe siawo nana mɔnukpɔkpɔ mí be míade ha kple mía nɔvi Ðasefo siwo tso hame bubuwo me alo tso dukɔ bubuwo me. Le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣia la, míenɔa takpekpewɔƒea ɖua nu ɖekae kple mía nɔviwo le tadedeagu wɔna siawo me. (Dɔwɔwɔwo 2:42) Míegakpɔa lɔlɔ̃ deto si na mía “nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã” wɔ ɖeka le xexea me godoo la teƒe le takpekpe siawo me.—1 Petro 2:17.

Wonana míegawɔa ŋgɔyiyi geɖe le Mawu ƒe Nya la gɔmesese me. Woɖe Ŋɔŋlɔawo me na Israel viwo le takpekpewo me, “wose nya si wogblɔ na wo la gɔme,” eye wòɖe vi geɖe na wo. (Nexemiya 8:8, 12) Míawo hã míedea asixɔxɔ Biblia me nufiame siwo míexɔna le míaƒe takpekpewo me ŋu. Ŋɔŋlɔawo dzie wotua takpekpea ƒe ɖoɖowɔɖi ɖe sia ɖe ɖo. Wotoa nuƒo tuameɖo vovovowo kple wɔwɔfiawo dzi fiaa ale si míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le míaƒe agbe mee la mí. Ame siwo le dzi dom le nɔnɔme sesẽwo me esi wole agbe nɔm ɖe Kristotɔwo ƒe nudidiwo nu le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la ƒe nuteƒekpɔkpɔwo sese dea dzi ƒo na mí geɖe. Wowɔa drama, si me dramawɔlawo dzrana ɖo wòsɔna ɖe ɣeyiɣi si ƒe nudzɔdzɔ wònye la nu, le nutome gã takpekpewo me, siwo fiaa ale si míawɔ ɖe nufiame siwo le Biblia me ŋutinyawo me dzii la mí. Le takpekpe ɖe sia ɖe me la, wowɔa ɖoɖo na ame siwo di be yewoatsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me aɖo kpe yewoƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu dzii la be woaxɔ nyɔnyrɔ.

  • Nu ka tae takpekpe gãwo nyea dzidzɔɣiwo?

  • Vi kae takpekpe siawo dede aɖe na wò?

ANYO BE NÀWƆ ESIA

De míaƒe takpekpe si gbɔna ne nàkpɔ ale si ɖekawɔwɔ le míaƒe habɔbɔa mee la teƒe. Ame si le Biblia srɔ̃m kpli wò ate ŋu atsɔ takpekpe si míewɔ va yi ƒe ɖoɖowɔɖi afia wò ne nàkpɔ nuƒo vovovo siwo míese la ƒe tanyawo. Biae wòagblɔ takpekpe si gbɔna ƒe ŋkeke kple teƒe si woawɔe le na wò, nàŋlɔe ɖi ahadze agbagba ade.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe