INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • yc nusɔsrɔ̃ 12 axa 26-27
  • Paulo Ƒe Nyruiyɔvi Mevɔ̃ O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Paulo Ƒe Nyruiyɔvi Mevɔ̃ O
  • Fia Nu Viwòwo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Paulo Ƒe Nyruiyɔvi—Ekpɔ Nyruia Ƒe Agbe Ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • “Miɖo To Ne Maɖe Ðokuinye Nu Miase”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Lé Dzi Ðe Ƒo—Yehowa Ye Nye Wò Kpeɖeŋutɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • “Dzideƒo Sẽŋu” Tsɔtsɔ Aɖi Ðasee Tsitotsito
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Fia Nu Viwòwo
yc nusɔsrɔ̃ 12 axa 26-27
Paulo ƒe nyruiyɔvia le nu ƒom kple aʋafiagã la

NUSƆSRƆ̃ 12

Paulo Ƒe Nyruiyɔvi Mevɔ̃ O

Na míasrɔ̃ nu tso ɖekakpui aɖe si na nyruia tsi agbe la ŋu. Ðekakpui sia nye apostolo Paulo ƒe nyruiyɔvi. Míenya ɖekakpui sia ƒe ŋkɔ o, gake míenya be ewɔ nu vɔvɔ̃manɔmee. Àdi be yease nu si wòwɔa?​—

Wode Paulo gaxɔ me le Yerusalem. Wolée elabena enɔ gbeƒã ɖem tso Yesu ŋu. Ame vɔ̃ɖi aɖewo lé fu Paulo, eye woɖo susu vɔ̃ ɖe eŋu. Wogblɔ be: ‘Mina míagblɔ na aʋafiagã la be wòana eƒe asrafowo nakplɔ Paulo va ʋɔnudrɔ̃ƒea. Míabe ɖe mɔa dzi, eye ne wokplɔ Paulo va yina la, míawui!’

Apostolo Paulo si wode gaxɔ me la le nya si gblɔm nyruiyɔvia le nɛ sem

Paulo ƒe nyruiyɔvia gblɔ susu vɔ̃ siwo amewo ɖo la na Paulo kple aʋafiagã la

Paulo ƒe nyruiyɔvia se susu vɔ̃ si amewo ɖo ɖe nyruia ŋu. Nu kae wòwɔ? Eyi Paulo gbɔ le gaxɔa me eye wògblɔe nɛ be amewo ɖoe be yewoawui. Paulo gblɔ nɛ be neyi aʋafiagã gbɔ zi ɖeka ne wòagblɔ susu vɔ̃ si amewo ɖo la nɛ. Èsusu be ènɔ bɔbɔe na Paulo ƒe nyruiyɔvia be wòagblɔ nya sia na aʋafiagã la?​— Ao, elabe amegãe ŋutsu sia nye. Gake vɔvɔ̃ meɖo Paulo ƒe nyruiyɔvia o. Egblɔ nya la na aʋafiagã la.

Aʋafiagã la nya nu si tututu wòawɔ. Eɖe asrafo siwo ade 500 kloe be woadzɔ Paulo ŋu! Egblɔ na wo be woakplɔ Paulo ayi Kaisarea le zã ma me. Ðe wokpɔ Paulo ƒe agbe ta?​— Ɛ̃, ame vɔ̃ɖiawo mete ŋu wui o! Woƒe susu vɔ̃a medze edzi na wo o.

Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso ŋutinya sia me?​— Paulo ƒe nyruiyɔvia mevɔ̃ o, wò hã àte ŋu awɔ nu abe eya ke ene. Ne míele Yehowa ƒe nya gblɔm na amewo la, mele be míavɔ̃ o. Ðe nàyi edzi agblɔ Yehowa ƒe nya na amewo vɔvɔ̃manɔmea?​— Ne èwɔe nenema la, àte ŋu ana ame aɖe natsi agbe.

XLẼE LE WÒ BIBLIA ME

  • Dɔwɔwɔwo 23:12-24

  • Mateo 24:14; 28:18-20

  • 1 Timoteo 4:16

BIABIAWO:

  • Nu kae ame vɔ̃ɖi aɖewo ɖo be yewoawɔ Paulo?

  • Nu kae Paulo ƒe nyruiyɔvi wɔ? Nu ka tae míate ŋu agblɔ be ame si mevɔ̃na o koe ate ŋu awɔ nu ma?

  • Paulo ƒe nyruiyɔvia mevɔ̃ o, aleke nàte ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋuae?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe