INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 59 axa 142-axa 143 mm. 5
  • Ŋutsuvi Ene Siwo Ðo To Yehowa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋutsuvi Ene Siwo Ðo To Yehowa
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋutsuvi Ene Le Babilon
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Wodo Wo Kpɔ—Gake Wowɔ Nuteƒe Na Yehowa!
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Daniel Ƒe Agbalẽa Ka Wò
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Hananiya, Misael, kple Azariya
    Srɔ̃ Yehowa Xɔlɔ̃wo—Dɔdeasiwo
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 59 axa 142-axa 143 mm. 5
Daniel, Hananiya, Misael kple Azariya gbe be yewomaɖu fia ƒe nuɖuɖu o

NUSƆSRƆ̃ 59

Ŋutsuvi Ene Siwo Ðo To Yehowa

Esi Nebukadnezar kplɔ Yudatɔwo ƒe amegãwo yi Babilon la, etsɔ eŋumewo ƒe tatɔ Aspenaz ɖo wo nu. Nebukadnezar gblɔ na Aspenaz be wòadi ɖekakpui siwo le lãmesẽ me eye wozã le wo dome. Woana hehe ɖekakpui siawo ƒe etɔ̃. Hehe sia ana woava zu amegãwo le Babilon. Ele be ɖekakpuiawo nasrɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ eye woasrɔ̃ Babilontɔwo ƒe gbe si nye Akkad. Ele be woaɖu nuɖuɖu siwo tututu fia kple eŋumewo ɖuna la hã. Ðekakpui siawo dometɔ enee nye Daniel, Hananiya, Misael kple Azariya. Aspenaz tsɔ Babilon ŋkɔ siwo nye: Beltesazar, Sadrak, Mesak kple Abednego na wo. Ðe hehe sia awɔe be woadzudzɔ Yehowa subɔsubɔa?

Ðekakpui ene siawo ɖoe be yewoaɖo to Yehowa. Wonyae be mele be yewoaɖu fia ƒe nuɖuɖuwo o, elabena Yehowa ƒe Se gblɔ be woƒe nuɖuɖu aɖewo nye nu makɔmakɔwo. Eya ta wogblɔ na Aspenaz be: ‘Míeɖe kuku mègana míaɖu fia ƒe nuɖuɖuwo o.’ Aspenaz gblɔ na wo be: ‘Ne miegbe nuawo ɖuɖu eye fia la kpɔ be miele ku ɖim la, awum!’

Susu aɖe va ta me na Daniel. Egblɔ na wo dzi kpɔlaa be: ‘Meɖe kuku na amagbewo kple tsi ko mí ŋkeke ewo. Emegbe tsɔ mí sɔ kple ŋutsuvi siwo ɖua fia ƒe nuɖuɖuawo.’ Wo dzi kpɔlaa lɔ̃.

Le ŋkeke ewo ƒe dodokpɔa megbe la, Daniel kple exɔlɔ̃ etɔ̃awo nya kpɔ wu ŋutsuvi susɔeawo. Yehowa kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be woɖo to ye. Ena nunya Daniel gɔ̃ hã be wòte ŋu sea ŋutegawo kple drɔ̃ewo gɔme.

Esi ŋkeke si woatsɔ ana hehea wo de la, Aspenaz kplɔ ŋutsuviawo va Nebukadnezar gbɔ. Esi fia la ƒo nu kpli wo la, ekpɔe be Daniel, Hananiya, Misael kple Azariya ƒe tagbɔ kɔ eye wole ŋudzɔ wu ŋutsuvi susɔeawo. Etia ame ene siawo be woasubɔ le yeƒe fiasãa me. Zi geɖea, fia la biaa woƒe susu le nya veviwo ŋu. Yehowa na wodze nunya wu fia ƒe nunyalawo kple afakalawo katã.

Togbɔ be Daniel, Hananiya, Misael kple Azariya wonɔ dukɔ bubu aɖe me hã la, womeŋlɔ be gbeɖe be Yehowa ƒe amewoe yewonye o. Ðe wò hã àyi edzi aɖo ŋku Yehowa dzi ne dziwòlawo mele gbɔwò o hã?

“Mègana ame aɖeke nado vlo wò ɖekakpuinyenye o. Ke boŋ nànye kpɔɖeŋu na nuteƒewɔlawo le nuƒoƒo me, le agbenɔnɔ me, le lɔlɔ̃ me, le xɔse me, le agbe dzadzɛ nɔnɔ me.”—1 Timoteo 4:12

Nyabiasewo: Nu ka tae Daniel kple exɔlɔ̃ etɔ̃awo ɖo to Yehowa? Aleke Yehowa kpe ɖe wo ŋui?

Daniel 1:1-21

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe