INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 95 axa 222-axa 223 mm. 1
  • Naneke Mete Ŋu Xe Mɔ Na Wo O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Naneke Mete Ŋu Xe Mɔ Na Wo O
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Ele Be Míaɖo To Mawu Abe Dziɖula Ene”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Woɖe Wo Le Gaxɔ Me
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • ‘Míate Ŋu Agbe Nuƒoƒo tso Yesu Ŋuti O’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Amekae Nèɖoa Toe—Mawu Loo Alo Amegbetɔwo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 95 axa 222-axa 223 mm. 1
Petro kple Yohanes ɖe gbeƒã dzinɔameƒotɔe togbɔ be nunɔlawo kple Zadukitɔwo tsitre ɖe wo ŋu gɔ̃ hã

NUSƆSRƆ̃ 95

Naneke Mete Ŋu Xe Mɔ Na Wo O

Ŋutsu aɖe si mete ŋu zɔna o la, nɔna gbedoxɔa ƒe mɔ nu nɔa nu biam gbe sia gbe. Gbe ɖeka le ŋdɔ me la, ekpɔ Petro kple Yohanes wonɔ gegem ɖe gbedoxɔa me. Egblɔ na wo be: ‘Meɖe kuku, mina nanem.’ Petro gblɔ nɛ be: ‘Nane si nyo wu ga la le asinye mana wò. Le Yesu ƒe ŋkɔ me la, tso nàzɔ!’ Emegbe Petro lé eƒe asi eye wòtso zɔ azɔli! Ameawo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le nukunu sia ta eye wo dometɔ geɖewo zu xɔsetɔwo.

Gake nunɔlawo kple Zadukitɔwo kpɔ dziku. Wolé apostoloawo kplɔ wo yi ʋɔnui eye wobia wo be: ‘Ame kae na ŋusẽa mi be miada dɔ na ŋutsu sia?’ Petro gblɔ be: ‘Yesu Kristo si miewu lae na ŋusẽa mí.’ Subɔsubɔhakplɔlawo do ɣli be: ‘Migaƒo nu tso Yesu ŋu o!’ Gake apostoloawo gblɔ be: ‘Ele na mí be míaƒo nu tso eŋu. Míadzudzɔ o.’

Esi woɖe asi le Petro kple Yohanes ŋu teti ko la, woyi nusrɔ̃la susɔeawo gbɔ eye wogblɔ nu si dzɔ la na wo. Wodo gbe ɖa ɖekae na Yehowa be: ‘Míeɖe kuku, na dzi nanɔ mía ƒo ne míayi wò dɔa dzi.’ Yehowa na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wo eye woyi edzi ɖe gbeƒã eye woda dɔ na amewo. Ame geɖe va zu xɔsetɔwo. Esia ve dɔme na Zadukitɔwo ale gbegbe be wolé apostoloawo de gaxɔ me. Gake le zã me la, Yehowa dɔ eƒe dɔla wòʋu gaxɔa ƒe ʋɔtruwo eye wògblɔ na apostoloawo be: ‘migbugbɔ yi gbedoxɔa me, mifia nu le afi ma.’

Esi ŋu ke la, wogblɔ na Sanhedrin si nye subɔsubɔhakplɔlawo ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea be: ‘Gaxɔa le tutu gake ŋutsu siwo míelé la do dzo! Wole gbedoxɔa me eye wole nu fiam amewo!’ Wogalé apostoloawo ake eye wokplɔ wo va Ʋɔnudrɔ̃ƒea. Nunɔlagã la gblɔ be: ‘Míede se na mi be migaƒo nu tso Yesu ŋu o!’ Gake Petro ɖo eŋu be: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.”

Subɔsubɔhakplɔlaawo kpɔ dziku vevie eye wodi be yewoawu apostoloawo. Gake Farisitɔ aɖe si ŋkɔe nye Gamaliel tso eye wògblɔ be: ‘Mikpɔ nyuie! Anye Mawue le megbe na ŋutsu siawo. Ðe miedi be yewoawɔ avu kple Mawua?’ Wolɔ̃ ɖe eƒe nyawo dzi. Eya ta esi woƒo apostoloawo kple ati vɔ la, wogade se na wo ake be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe eye woɖe asi le wo ŋu. Gake esia mena apostoloawo dzudzɔ o. Woyi edzi ɖe gbeƒã nya nyuia le gbedoxɔa me kple tso aƒe me yi aƒe me.

“Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.”—Dɔwɔwɔwo 5:29

Nyabiasewo: Nu kae na nusrɔ̃lawo medzudzɔ gbeƒãɖeɖe o? Aleke Yehowa kpe ɖe wo ŋui?

Dɔwɔwɔwo 3:1–4:31; 5:12-42

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe