INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 103 axa 238-axa 239 mm. 2
  • “Wò Fiaɖuƒe Nava”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Wò Fiaɖuƒe Nava”
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukae Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo na Anyigba?
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Tame Kae Mawu Ðo Ðe Amegbetɔwo Ŋu?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Agbenɔnɔ Sesẽ Dze Egɔme
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Mawu Ƒe Tameɖoɖo Na Anyigba La Ava Eme Kpuie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 103 axa 238-axa 239 mm. 2
Ame tsitsiwo, ɖeviwo kple lã wɔadawo le teƒe ɖeka le Paradiso me

NUSƆSRƆ̃ 103

“Wò Fiaɖuƒe Nava”

Yehowa do ŋugbe be: ‘Avifafa, vevesese, dɔléle alo ku maganɔ anyi o. Matutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkuwo me. Woaŋlɔ nu vɔ̃ɖi siwo katã nɔ anyi tsã la be.’

Yehowa da Adam kple Xawa ɖe Eden-bɔa me be woanɔ agbe le ŋutifafa kple dzidzɔ me. Wogblɔ na wo be woasubɔ wo Fofo si le dziƒo eye woadzi viwo ayɔ anyigba la dzi. Adam kple Xawa gbe toɖoɖo Yehowa, ke hã, Yehowa ƒe tameɖoɖowo metrɔ o. Míeva kpɔe le agbalẽ sia me be Mawu ƒe ŋugbedodowo katã vaa eme. Eƒe Fiaɖuƒea ahe yayra wɔnukuwo ava anyigba dzi, abe ale si ko wòdo ŋugbe na Abraham ene.

Ame tsitsiwo kple ɖeviwo le vivi sem na agbe le Paradiso me

Eteƒe madidi o, woatsrɔ̃ Satana, eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo kple ame vɔ̃ɖiwo katã. Ame siwo katã tsi agbe la asubɔ Yehowa. Mímadze dɔ alo aku o. Ke boŋ gbe sia gbe la, míafɔ le lãmesẽ me eye míakpɔ dzidzɔ be míele agbe. Anyigbaa azu paradiso. Nuɖuɖu nyuiwo kple aƒe siwo le dedie la asu ame sia ame si. Amewo anyo dɔme, womasẽ ŋuta alo awɔ nu vɔ̃ɖi o. Lã wɔadawo mavɔ̃ na mí o, eye míawo hã míavɔ̃ na wo o.

Dzi adzɔ mí ŋutɔ ne Yehowa dze amewo fɔfɔ ɖe tsitre gɔme. Míado wòe zɔ na blematɔ aɖewo abe Abel, Noa, Abraham, Sara, Mose, Rut, Esta kple David ene. Woakpe ɖe mía ŋu míawɔ dɔ atrɔ Anyigbaa wòazu paradiso. Dɔ vovovo siwo avivi mía nu la anɔ anyi míawɔ.

Yehowa di be nànɔ afi ma. Àva nya Yehowa geɖe wu le mɔ siwo mèsusu o la nu. Mina míanɔ tetem ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli gbe sia gbe, tso fifia yi mavɔ me!

“Yehowa, mía Mawu, wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋusẽ, elabena wòe wɔ nuwo katã.”—Nyaɖeɖefia 4:11

Nyabiasewo: Mɔ kawo nue Mawu Fiaɖuƒea ana nuwo natrɔ le anyigba dzi le? Ame siwo katã ŋu nèsrɔ̃ nu tsoe le agbalẽ sia me la dometɔ kae nàdi be yeakpɔ le Paradisoa me?

Nyaɖeɖefia 21:3, 4; Hiob 33:25; Lododowo 2:21, 22; Yesaya 11:2-10; 33:24; 65:21; Mateo 6:9, 10; Yohanes 5:28, 29; 17:3

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe